Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wònyo Be Ŋutsu Kple Nyɔnu Nanɔ Wo Nɔewo Gbɔ Hafi Woava Ðe Wo Nɔewoa?

Ðe Wònyo Be Ŋutsu Kple Nyɔnu Nanɔ Wo Nɔewo Gbɔ Hafi Woava Ðe Wo Nɔewoa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wònyo Be Ŋutsu Kple Nyɔnu Nanɔ Wo Nɔewo Gbɔ Hafi Woava Ðe Wo Nɔewoa?

ÐE NÀLƆ̃ aƒle afɔkpa alo awu aɖe ne mèdoe kpɔ gbã oa? Ame geɖe malɔ̃ o. Nya lae nye be ne èva kpɔe emegbe be afɔkpaa alo awua mesɔ ye o la, àkpɔe be yegblẽ yeƒe ɣeyiɣi kple ga dome.

Ame geɖe tsɔa kpɔɖeŋu sia sɔna kple srɔ̃ɖeɖe. Wosusuna be enyo wu be ŋutsu kple nyɔnu nanɔ wo nɔewo gbɔ hena ɣeyiɣi aɖe hafi ava ɖe srɔ̃ le se nu. Wogblɔna be, ‘Ne nuwo meva zɔ nyuie o la, ŋutsua kple nyɔnua ate ŋu aɖe asi le wo nɔewo ŋu eye mahiã be woagblẽ ɣeyiɣi kple ga ɖe nu siwo gbegbe srɔ̃gbegbe le se nu biana la ŋu o.’

Ðewohĩ ame siwo sena le wo ɖokui me alea la kpɔ wo xɔlɔ̃ aɖe kpe fu le ameteteɖeanyi me le srɔ̃ɖeɖe me. Alo ɖewohĩ wokpɔ ale si gbegbe srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele o gblẽa nu le ame ŋui la teƒe. Esia wɔe be wova nɔa susum be ame nɔewo gbɔ nɔnɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nye nuwɔwɔ aɖaŋutɔe.

Nya kae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu? Hafi míaɖo nya sia ŋu la, gbã la, ehiã be míalé ŋku ɖe nya si Mawu ƒe Nya la gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋu la ŋu.

“Ŋutilã Ðeka”

Biblia dea asixɔxɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu ŋutɔ, eye esia mewɔ nuku o, elabena Yehowa Mawu ŋutɔ ye de se heɖo srɔ̃ɖeɖoɖoa gɔme anyi. (1 Mose 2:21-24) Le gɔmedzedzea me la, Yehowa ɖoe be ŋutsu kple nyɔnu nava zu “ŋutilã ɖeka” le srɔ̃ɖeɖe me. (1 Mose 2:24) Esi Yesu yɔ nya sia tso afi si woƒo nu tso eŋu le le Biblia me megbe la, egblɔ kpee be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”—Mateo 19:6.

Ate ŋu adzɔ be srɔ̃tɔ aɖewo ava gbe wo nɔewo mlɔeba. * Gake ne nu sia dzɔ la, menye ɖe wòfia be nanee gblẽ le srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋutɔ ŋu o; ke koŋ, ne srɔ̃tɔwo gbe wo nɔewo la, efia be wo dometɔ ɖeka alo evea siaa do kpo agbenɔnɔ ɖe srɔ̃ɖetamkaka la nu.

Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ʋu le atsu kple asi aɖe si, gake womedzranae ɖo abe ale si ʋua wɔla na eŋutimɔfiamee ene o. Ne esia wɔe be ʋua va gblẽ mlɔeba la, ame kae woabu fɔe? Ʋua wɔla ye loo alo ame siwo tɔe ʋua nye eye wodo kpo beléle nɛ ɖe ɖoɖoa nu ye?

Nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe hã gome. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu tua ƒomedodo si le wo dome ɖo eye woɖoe kplikpaa be yewoazã Biblia ƒe gɔmeɖosewo atsɔ akpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ la, manɔ bɔbɔe be woabu srɔ̃gbegbe ŋu o. Woase le wo ɖokuiwo me be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea li ke elabena wo dometɔ ɖe sia ɖe ka atam na nɔvia. Esia wɔnɛ be srɔ̃ɖeɖe nyea gɔmeɖoanyi aɖe si dzi srɔ̃tɔawo tua lɔlɔ̃ si le wo si na wo nɔewo la ɖo.

‘Mitsri Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ’

Ame aɖewo agabia kokoko be: ‘Ke nu ka tae ame eveawo manɔ wo nɔewo gbɔ gbã o? Ðe wo nɔewo dodo kpɔ alea manye bubudede srɔ̃ɖetamkakaa ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu oa?

Ale si Biblia ɖo nya sia ŋu la me kɔ ƒãa. Paulo ŋlɔ bena: ‘Mitsri gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ.’ (1 Tesalonikatɔwo 4:3) Nya si nye ‘gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ’ lɔ gbɔdɔnuwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi, si me woakpɔ gome le, le bubumademade srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋu me ɖe eme. Esia alɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo le wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee ƒe gbɔdɔdɔ hã ɖe eme, ne woɖoe be yewoava ɖe yewo nɔewo emegbe gɔ̃ hã. Ekema le Biblia ƒe nya nu la, masɔ be ŋutsu kple nyɔnu nanɔ wo nɔewo gbɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o—nenye be woɖoe be yewoava ɖe yewo nɔewo emegbe gɔ̃ hã.

Ðe manya wɔ be woawɔ ɖe nya si Biblia gblɔ la dzi le míaƒe ŋkeke siawo me oa? Ame aɖewo susui nenema. Nya lae nye be le dukɔ geɖe me la, wobunɛ be naneke megblẽ le ame nɔewo gbɔ nɔnɔ—ne woɖoe be yewoava ɖe yewo nɔewo emegbe alo womeɖoe nenema o hã—ŋu o. Gake bu nu siwo dona tso eme ŋu kpɔ. Ðe ame siwo nɔa wo nɔewo gbɔ hafi va ɖea srɔ̃ la ke ɖe nu si naa srɔ̃ɖeɖe kpɔa dzidzedze la ŋua? Ðe wokpɔa dzidzɔ wu ame siwo ɖe srɔ̃ le ɖoɖo nyuitɔa nua? Ðe ame siwo nɔ wo nɔewo gbɔ hafi va ɖe srɔ̃ la wɔa nuteƒe na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖe me wua? Numekukuwo ɖee fia be medzɔna alea kura o. Le nyateƒe me la, wokpɔe be masɔmasɔwo doa mo ɖa le ame siwo nɔ wo nɔewo gbɔ hafi va ɖe srɔ̃ la dome wu, eye wova gbea wo nɔewo mlɔeba.

Ame aɖewo agblɔ be numekuku ma menye nyateƒe o. Susuŋutinunyala aɖe ŋlɔ bena: “Ame siwo ɖea srɔ̃ [wo nɔewo gbɔ manɔmanɔ] gbã la nye ame eve siwo menya wo nɔewo nyuie o; gake ame siwo [nɔ wo nɔewo gbɔ] gbã ya nya wo nɔewo.” Egblɔ be menye ame nɔewo gbɔ nɔnɔ ye nye nu si le vevie o; ke boŋ nu si le vevie ye nye “bubudede srɔ̃ɖeɖea ŋu.”

Ne nya sia nye nyateƒe hã la, ɖeko esia gaɖo kpe ale si wòle vevie be Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu nasu ame si la dzi. Biblia gblɔ be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome.” (Hebritɔwo 13:4) Ne ŋutsu kple nyɔnu ka atam na wo nɔewo be yewoayi edzi anye ŋutilã ɖeka eye emegbe wodea bubu srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋu la, ƒomedodo aɖe si me mate ŋu agblẽ bɔbɔe o va nɔa wo dome.​—Nyagblɔla 4:12.

Ekema ne míetrɔ yi kpɔɖeŋu si míetsɔ dze nyati sia gɔme gbɔ la, susu le eme be woado awu alo afɔkpa kpɔ hafi aƒlee. Gake kpɔɖeŋu sia mesɔ kple ame nɔewo gbɔ nɔnɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o. Ke boŋ nu si wòle be nàwɔ ye nye be nàzã ɣeyiɣi geɖe atsɔ adze si ame si nàdi be yeava ɖe la. Afɔɖeɖe vevi sia si dzi ame geɖe ŋea aɖaba ƒu la nye nu vevi siwo naa srɔ̃ɖeɖe kpɔa dzidzedze la dometɔ ɖeka.—g09 10-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Biblia ɖe mɔ be woate ŋu agbe srɔ̃ ahaɖe bubu ne srɔ̃tɔawo dometɔ aɖe kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple ame bubu si menye srɔ̃a o.​—Mateo 19:9.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Nu ka tae Biblia gblɔ be srɔ̃tɔwo koe wòle be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me ɖo?​—Psalmo 84:12; 1 Korintotɔwo 6:18.

▪ Nɔnɔme nyui kawoe nàdi be woanɔ ame si nàva ɖe la si?​—Rut 1:16, 17; Lododowo 31:10-31.

[Aɖaka si le axa 29]

‘NU VƆ̃ WƆWƆ ÐE AME ŊUTƆ ƑE ŊUTILÃ ŊU’

Biblia gblɔ be: ‘Ame si nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la le nu vɔ̃ wɔm ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.’ (1 Korintotɔwo 6:18) Le ƒe blanane siwo va yi nyitsɔ laa me la, nya sia ƒe nyateƒenyenye dze ƒãa le ame miliɔn gbogbo siwo AIDS (SIDA) kple dɔxɔleameŋu bubuwo wu la me. Gake menye nyaa katã koe nye esia o. Numekukuwo ɖee fia be blanuiléledɔ bɔ ɖe sɔhɛ siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me la dome eye wo dometɔ geɖewo hã wua wo ɖokuiwo. Gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ wɔnɛ hã be wofɔa gbɔmeyafu, si wɔnɛ le go aɖewo me be eva zua tetekpɔ na amewo be woaɖe vi si le dɔ me la aƒu gbe. Le nyateƒenya siawo katã ŋu bubu megbe la, míate ŋu aƒo nya ta be Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ sewo kpɔtɔ ɖea vi kokoko.