Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woatɔ Dzo Ame Vɔ̃ɖiwo Le Dzo Mavɔ Mea?

Ðe Woatɔ Dzo Ame Vɔ̃ɖiwo Le Dzo Mavɔ Mea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Woatɔ Dzo Ame Vɔ̃ɖiwo Le Dzo Mavɔ Mea?

GERTRUDE, si nye Protestanttɔwo ƒe mawunyagblɔla la, lé dzo mavɔ ƒe dzixɔsea me ɖe asi sesĩe. Ne ame aɖe gblɔ be ɖewohĩ teƒe aɖeke manɔ anyi alea o la, ekua dzi nɛ vevie. Egblɔna be ne dzo mavɔ meli o la, ekema efia be womahe to na ame siwo wɔ nu vlo manyagblɔwo la o. Gertrude kpɔtɔ lé eƒe dzixɔsea me ɖe asi goŋgoŋ. Eya ŋutɔ gblɔna be, “Nyemesusu be madi be masubɔ Mawu nenye be womahe to na ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me o.”

Ðe woatɔ dzo ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me abe ale si subɔsubɔha geɖewo fiaa nui enea? Ne manɔ alea o ɖe, ke aleke woahe to na woe?

Zi Gbãtɔ Si Mawu He To Na Ame

Le Biblia ƒe nya nu la, Mawu wɔ mía dzila gbãtɔwo wode blibo. (1 Mose 1:27; 5 Mose 32:4) Ena wonɔ paradisobɔ aɖe me eye wòna mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee. Gake ede se ɖeka aɖe na Adam kple Xawa, mía dzila gbãtɔawo. Mawu de se na wo be: ‘Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, mègaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.’—1 Mose 2:16, 17.

Nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔawo do kpo nu le nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo ƒe dodokpɔ bɔbɔe ma me. Esia ƒoe ɖe mía Wɔla la nu be wòatso kufia na wo. Egblɔ be: ‘Fifia ate wò, hafi nàkpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nàgatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!’—1 Mose 3:19.

Ne ɖe woawɔ fu Adam kple Xawa le dzo mavɔ me la, ɖe Mawu maxlɔ̃ nu wo tso tohehe sia ŋu oa? Nyateƒe lae nye be Mawu megblɔ nya aɖeke tso fukpekpe le ku megbe ŋu o. Ɛ̃, mate ŋu anya wɔ be woakpe fu le ku me o. Naneke menɔ wo me si ayi edzi anɔ agbe le woƒe ku megbe o.

Esi wònye be mía Wɔla lae nye Agbenala ta la, enya nu sia nu le agbe kple ku ŋu. Egblɔ na mí le eƒe Nya la me be ‘kukuawo menya naneke kura o.’ (Nyagblɔla 9:5) Esia tae Adam kple Xawa mate ŋu akpe fu le dzo mavɔ aɖe me le woƒe ku megbe o ɖo. Ðeko wotrɔ zu anyi eye wo nu yi. ‘Womeganya naneke kura o.’

Ðe Míate Ŋu Akpe Fu Le Ku Megbea?

Biblia gblɔ le Romatɔwo 5:12 be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” Ekema ɖe susu le eme be míaxɔe ase be amewo kpea fu le dzo mavɔ me ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta, le esi Adam, si he ku va amegbetɔƒomea katã dzi ya ŋutɔ trɔ zu anyi ko le eƒe ku megbea?—1 Korintotɔwo 15:22.

Nu si dzɔ ɖe Adam dzi kee dzɔna ɖe mí katã dzi. “Fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku.” Gakpe ɖe eŋu la, ne ame ku ko la, “woɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.” (Romatɔwo 6:7, 23) Gake ne ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa kuna eye ame aɖeke mekpea fu le ku megbe o la, ke afi kae Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ la le?

Mawu Ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Dzɔdzɔe La

Tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋu tso esime wòwɔ atsu kple asi gbãtɔawo hede se na wo be woadzi viwo eye woalé be na anyigba la metrɔ o. (1 Mose 1:28) Esia gakpɔtɔ nye eƒe tameɖoɖo kokoko abe ale si eya ŋutɔ gblɔ emegbe be, “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee” ene.—Psalmo 37:29.

De dzesii be ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba sia dzi. Woanɔ agbe le lãmesẽ deblibo kple dzidzɔ me. Tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be anyigbaa dzi nayɔ kple ame dzɔdzɔewo la ‘ava eme godoo.’ Esia ava eme ne wòna xexe yeye aɖe va xɔ ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li fifia teƒe.—Yesaya 55:11; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:4.

Woafɔ ame miliɔn akpe geɖe siwo ku evɔ womenya naneke tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu o la tso ku me eye woafia nu wo tso agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu. (Yesaya 11:9; Yohanes 5:28, 29) Le go bubu me la, woatsɔ “ku evelia” ahe to na ame sia ame si gbe be yemanɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu o la. Esiae nye ku si me womagafɔ tso gbeɖe o.—Nyaɖeɖefia 21:8; Yeremiya 51:57.

Eme kɔ ƒãa be, esi Yehowa nye lɔlɔ̃ Mawu ta la, mawɔ fu amewo le dzo mavɔ me o. (1 Yohanes 4:8) Eye maɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye hã ŋu tegbee o. Esia ta Psalmo 145:20 na kakaɖedzi mí be ‘Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.’ Ðe esia mefia be Yehowa nye lɔlɔ̃ Mawu si wɔa nu dzɔdzɔe oa?—g09 09-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Nu kae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku?—1 Mose 3:19.

▪ Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?—Nyagblɔla 9:5.

▪ Alekee Mawu ahe to na ame vɔ̃ɖiwoe?—Psalmo 145:20.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

‘Kukuawo menya naneke kura o.’—Nyagblɔla 9:5

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]

Photo: www.comstock.com