Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒome Si Me Ma Ale Si Wògblẽa Nu Le Ƒewuiviwo Ŋui

Ƒome Si Me Ma Ale Si Wògblẽa Nu Le Ƒewuiviwo Ŋui

Ƒome Si Me Ma Ale Si Wògblẽa Nu Le Ƒewuiviwo Ŋui

AME siwo srɔ̃ nu tso srɔ̃ɖeɖewo ŋu susuna be yewonya aɖaŋu siwo wòle be yewoaɖo na srɔ̃tɔwo. Woɖoa aɖaŋu na dzila siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo kuxi me la be, ‘Ele be miaƒe susu nanɔ nu si miawɔ akpɔ dzidzɔ la ŋu,’ eye wogblɔna kpee enumake be: ‘Migatsi dzi ɖe ɖeviawo ŋu o. Wotea ŋu trɔna ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu. Ele bɔbɔe na wo be woado dzi ne wo dzilawo gbe wo nɔewo tsɔ wu be woanɔ wo dzila siwo le dzre dzi ɖaa la gbɔ!’

Ke hã, srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola siwo doa srɔ̃gbegbe ƒe dzi ƒo tsã la va trɔ woƒe susu. Wole gbɔgblɔm azɔ be, ‘Srɔ̃gbegbe le abe aʋawɔwɔ ene. Srɔ̃tɔawo dometɔ aɖeke medona le eme eye naneke megblẽna le eŋu o; ɖeviawo gɔ̃ hã le eme.’

Susu Totro Siwo Le Amewo Si Ku Ðe Srɔ̃gbegbe Ŋu

Ðewohĩ fefe si ŋu míele nu ƒo ge tso la bɔ ɖe television dzi fefewo me le mia gbɔ. Papa kple Dada gbe wo nɔewo. Dada kplɔ ɖeviawo be woanɔ ye gbɔ eye emegbe eyi ɖaɖe aho aɖe si hã si viwo le. Le fefe sia si woɖena kwasiɖa sia kwasiɖa me la, atikɔmeƒome sia doa go kuxi vovovowo—eye wokpɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ le miniti 30 si wotsɔ ɖea fefeae la me, esime wonɔa nukokoedonamenu geɖe wɔm.

Ðewohĩ television dzi fefe sia ate ŋu aɖe modzaka na ame ya. Gake le agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ me la, srɔ̃gbegbe menye fefenya abe television dzi fefe ene o. Ke boŋ vevesese ƒe nyae wònyena. Aƒetɔ M. Gary Neuman gblɔ le eƒe agbalẽ si ƒo nu tso srɔ̃tɔwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ na wo nɔewo ŋu me be: “Srɔ̃gbegbe lɔa senyawo ɖe eme. Ame aɖe le nɔvia kplɔm yi ʋɔnui. Ne ènya tso nya me be yeagbe srɔ̃ ko la, ekema ate ŋu adzɔ be viwòa maganɔ gbɔwò o. Afia hã be màgakpɔ ŋusẽ ɖe wò gazazãwo dzi o, eye ɖewohĩ afi si nànɔ hã azu kuxi. Ate ŋu adzɔ be miakpɔ miaƒe kuxia gbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake ɖewohĩ adzɔ hã be miate ŋu akpɔ wo gbɔ o. Mlɔeba la, ʋɔnudrɔ̃la aɖe si menya wò o eye menya nu tso wò ƒomea hã ŋu o ye ava gblɔ zi ale si wòle be nànɔ viwòa kpɔm alo wò ga ƒe agbɔsɔsɔme si atsi kotoku me na wò la na wò. Gake nublanuitɔe la, ame sia mebua tame abe wò ene o.”—Emotional Infidelity.

Zi geɖe la, ɖeko srɔ̃gbegbe tsɔa kuxi bubuwo va ɖoa kuxi siwo li tsã teƒe. Le nyateƒe me la, wò nuwo katã ate ŋu atrɔ, tso ale si nènɔa agbee dzi va ɖo wò ganyawo dzi—nɔnɔmeawo maka ɖe eme wu kokoko o. Eye ale si gbegbe srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖeviwo ŋui hã li.

Ale Si Srɔ̃gbegbe Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ƒewuiviwo Dzi

Srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖeviwo ŋu ŋutɔ, ƒe ka kee woɖaxɔ o. Ame aɖewo gblɔna be megblẽa nu boo aɖeke le ƒewuiviwo ya ŋu o. Nya lae nye be, wogblɔna be ƒewuiviwo ya tsi wu ɖevi suewo eye eteƒe madidi o woadzo le wo dzilawo gbɔ godoo. Ke hã, numekulawo kpɔe be nu si dzɔna la to vovo kura. Wokpɔe be susu siwo woawo ŋutɔwo ɖe gblɔ la koŋ tae srɔ̃gbegbe ate ŋu agblẽ nu le ƒewuiviwo ŋu vevie ɖo. * Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:

▪ Ne ƒewuiviwo le ame tsitsi zum la, ehiã be woakpɔ wo ta geɖe, ɖewohĩ wohiã takpɔkpɔ ɣemaɣi geɖe wu esime wonye ɖevi suewo gɔ̃ hã. Migana ƒewuiviwo ƒe agbagbadzedze be yewoanɔ yewo ɖokui si la naflu mi o—ƒewuiviwo hiã ƒome si li ke la le woƒe ƒewuimenɔɣiwo geɖe wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe.

▪ Ɣeyiɣi si tututu me ƒewuiviwo le agbagba dzem be yewoatu tsitsinyenye ƒe nɔnɔme ɖo la, srɔ̃gbegbe naa wova kea ɖi ne nɔnɔme nyuiwo abe kakaɖeamedzi, nuteƒewɔwɔ, kple lɔlɔ̃ ɖea vi ŋutɔŋutɔ. Ne wova tsi mlɔeba la, woate ŋu ava nɔ asa ƒom na hadede kura.

▪ Togbɔ be ele bɔbɔe be ɖevi suewo nato mɔ aɖewo dzi aɖu woƒe vevesesewo dzi hã la, zi geɖe la, ƒewuiviwo ya wɔa esia to mɔ gbegblẽwo, abe aglãdzedze, aha mumuwo, kple atike muamewo zazã le mɔ gbegblẽ nu, ene dzi.

Esia mefia be ƒewuivi siwo dzilawo gbe wo nɔewo la mate ŋu anɔ ƒomedodo nyui me kple ame bubuwo alo be womakpɔ dzidzedze le agbe me gbeɖe o. Woate ŋu akpɔ dzidzedze, vevietɔ ne wole ƒomedodo nyui me kple wo dzila eveawo. * Ke hã, nunya manɔ eme be woasusu, abe ale si ame aɖewo gblɔnɛ ene, be srɔ̃gbegbe ‘ade ɖeviawo dzi wu’ godoo, alo be aɖe masɔmasɔ siwo katã le srɔ̃tɔawo dome la ɖa o. Le nyateƒe me la, ame aɖewo va kpɔe be eva hiãna be yewoanɔ nu wɔm aduadu kple yewo srɔ̃ xoxoa, si wosusuna be mesea nu gɔme o la, geɖe wu le nu tsɛwo abe gakpekpeɖeŋunana alo ame si gbɔ ɖevia anɔ ene me, le yewoƒe srɔ̃gbegbea megbe wu esime yewomegbe yewo nɔewo o. Le nya siawo ƒomevi me la, srɔ̃gbegbe meɖea ƒomea ƒe kuxiawo ɖa o; ke ɖeko wòtrɔa mɔ na kuxiawo yia ʋɔnudrɔ̃ƒe.

Susu Bubu

Ke ne kuxiwo le wò srɔ̃ɖeɖe me eye nèle srɔ̃gbegbe ŋu bum ya ɖe? Nyati sia ƒo nu tso susu vovovo siwo ŋu wòahiã be nàbu la ŋu. Srɔ̃gbegbe mekpɔa srɔ̃ɖeɖemekuxiwo katã gbɔ o.

Gake mègase nyaa gɔme bubui o: Menye nya lae nye be nàŋe aɖaba aƒu srɔ̃ɖeɖemekuxiawo dzi ko o. Nu bubu aɖe li nàwɔ—Ne wò srɔ̃ɖeɖe ɖo kuxi me la, ɖe manyo be nàdze agbagba ana srɔ̃ɖeɖea nanyo wu oa? Mègatsɔ dzitsitsi ƒo nya ta be yemate ŋu awɔ naneke le yeƒe srɔ̃ɖeɖemekuxiawo ŋu o. Bia nya siawo ɖokuiwò:

▪ ‘Le gɔmedzedzea me la, nɔnɔme nyui kawoe lé dzi nam le srɔ̃nye ŋu? Ðe nɔnɔme nyui mawo megale esi va se ɖe afi aɖe ya tete oa?’—Lododowo 31:10, 29.

▪ ‘Ðe magate ŋu ade dzo yeye seselelãme siwo nɔ asinye nɛ do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖea la me akea?’—Hawo ƒe Ha 2:2; 4:7.

▪ ‘Togbɔ be srɔ̃nye ƒe nuwɔnawo ɖea fu nam hã la, nu kawoe mate ŋu awɔ be matsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le magazine sia ƒe axa 3 va se ɖe 9 la ade dɔwɔwɔ me?’—Romatɔwo 12:18.

▪ ‘Ðe mate ŋu aɖe ale si medi be míaƒe srɔ̃ɖeɖea nanyo ɖe edzii la me na srɔ̃nyea (ŋkume kple ŋkume loo alo to lɛtaŋɔŋlɔ dzia)?’—Hiob 10:1.

▪ ‘Ðe míate ŋu ana mía xɔlɔ̃ tsitsi kpɔnuteƒe aɖe nakpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo na mí bɔbɔe la na mía ɖokui be míaƒe srɔ̃ɖeɖea nanyo ɖe edzia?’—Lododowo 27:17.

Biblia gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Menye ne wodi be woatia ame si woava ɖe la koe gɔmeɖose sia ŋu dɔ wɔwɔ le vevie o, ke ele vevie ne srɔ̃ɖekadodowo me le gbegblẽm hã. Le nyeteƒe me la, abe ale si míeɖe eme le magazine sia ƒe axa 9 ene la, kuxiwo doa mo ɖa le ƒome kpɔdzidzedzewo hã me—vovototoa ye nye ale si woawo ya kpɔa wo gbɔe.

Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ètsɔ ʋu le mɔ didi aɖe zɔm. Àkpɔ mɔ be yeado go kuxiwo le mɔa dzi godoo, siwo ate ŋu anye yame ƒe fuɖename, ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ fũu le mɔa dzi, kple mɔa xexe le afi aɖewo. Àte ŋu ava bu le mɔa dzi ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Nu kae nàwɔ? Àtrɔ adze aƒememɔa, alo àde ŋugble le nu si wòle be nàwɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ ale be nàyi wò mɔzɔzɔa dzi la ŋu? Le wò srɔ̃kpegbe la, èdze mɔ aɖe si dzi kuxiwo ado mo ɖa le godoo la zɔzɔ gɔme, elabena Biblia gblɔ be, “Ame siwo ɖe srɔ̃ la akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Korintotɔwo 7:28) Menye nyae nye be ɖe kuxiwo ado mo ɖa hã o, ke boŋ ale si nàkpɔ wo gbɔ ne wodo mo ɖa ye nye nyaa. Ðe nàte ŋu ato mɔ aɖewo dzi aɖu mɔxenuawo dzi ale be nàte ŋu ayi wò mɔzɔzɔa dzia? Ne ewɔ na wò gɔ̃ hã be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be nuwo aɖɔ ɖo le wò srɔ̃ɖeɖea me o hã la, ɖe nàdze agbagba kokoko adi kpekpeɖeŋua?—Yakobo 5:14.

Mawue Ðo Srɔ̃ɖeɖe Anyi

Srɔ̃ɖeɖe nye Mawu ƒe nuɖoanyi si mele be míabu nu tsɛe o. (1 Mose 2:24) Ne edze abe ɖe màte ŋu awɔ naneke tso kuxiawo ŋu o ene la, ekema ɖo ŋku nya vevi siwo me míedzro le nyati sia me dzi.

1. Dze agbagba nàgbugbɔ dzo yeye ade lɔlɔ̃ si nɔ asiwò na srɔ̃wòa gbã la me.—Hawo ƒe Ha 8:6.

2. Tso nya me le nu siwo wò ŋutɔ nàte ŋu awɔ be wò srɔ̃ɖeɖea nanyo ɖe edzi la ŋu eye nàwɔ wo.—Yakobo 1:22.

3. Gblɔ tɔtrɔ siwo nèsusu be ehiã be miawɔ le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me la na srɔ̃wòa bubutɔe—ŋkume kple ŋkume loo alo to lɛtaŋɔŋlɔ dzi—eme nakɔ nyuie.—Hiob 7:11.

4. Mehiã kokoko be wò ɖeka nàkpɔ wò srɔ̃ɖeɖemekuxiwo gbɔ le ɖokuiwò si o! Bia kpekpeɖeŋu.—g09 10-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Nyati sia ku ɖe ƒewuiviwo koŋ ŋu, ke hã, srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖevi suewo hã ŋu. Kpɔ yevugbe me Nyɔ! ƒe tata siwo nye December 8, 1997, axa 3-12, kple April 22, 1991, axa 3-11, hena nyatakaka bubuwo.

^ mm. 13 Enye nyateƒe be esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, vevietɔ ne dzila ɖeka gbe ƒomea alo wòdze ƒãa le mɔ aɖewo nu be egbe be yematsɔ yeƒe ƒomegbanɔamedziwo o, alo kura gɔ̃ hã, ne eƒe nuwɔna ate ŋu agblẽ nu le ƒomea ŋu.—1 Timoteo 5:8.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

‘FIFIA YA NYE SRƆ̃ÐEÐEA AKPƆ DZIDZEDZE GODOO’

Numekukuwo ɖee fia be enɔa bɔbɔe wu be srɔ̃ɖeɖe evelia me nagblẽ tsɔ wu ale si wònɔ le gbãtɔa me, eye srɔ̃ɖeɖe etɔ̃lia tɔ ya ganyrana wu. Aƒetɔ M. Gary Neuman tɔ asi susu siwo tae la dometɔ ɖeka dzi le eƒe agbalẽ si ƒo nu tso srɔ̃tɔwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu la me. Eŋlɔ bena: “Ne èdo go kuxiwo le wò srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa me la, mefia be ame si nèɖe gbɔe kuxia tso kura o. Wò ŋutɔ gbɔwòe wòtso. Ame sia ƒe nue lé dzi na wò le gɔmedzedzea me. Mia kple ame sia miewɔ dɔ aduadu ale be nu siwo le mia si fifia la su mia si eye nu siwo miekpɔ mɔ be woasu mia si hafi la mesu mia si o.” Aleke aƒetɔ Neuman ƒo nya tae? Egblɔ be: “Anyo wu be nàtrɔ wò nɔnɔme be mia kple srɔ̃wòa mianɔ anyi tsɔ wu be nàgbe srɔ̃wòa eye kuxia nakpɔtɔ anɔ ŋuwò.”—Emotional Infidelity.

[Aɖaka si le axa 25]

NE SRƆ̃TƆWO GBE WO NƆEWO

Biblia gblɔ be ne ŋkubiãnyawo do mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me la, ate ŋu awɔe be srɔ̃tɔwo nagbe wo nɔewo. * Ne esia dzɔ le miaƒe ƒomea me la, aleke miate ŋu akpe ɖe mia vi ƒewuiviwo ŋu woado dzi le nɔnɔme sia me?

Migblɔ nu si le dzɔdzɔm la na mia via. Ne anya wɔ la, ele be mi dzila evea siaa miagblɔe nɛ. Mi ame evea mina mia vi ƒewuivia nanya be ne srɔ̃tɔwo gbe wo nɔewo ko la, ke srɔ̃ɖeɖea ƒe seƒee nye ema. Mika ɖe edzi nɛ be menye eya gbɔe kuxia tso o, eye be yewo ame evea siaa yewoayi edzi alɔ̃e.

Aʋa la wu enu, eya ta midzudzɔ dzrea wɔwɔ. Dzila aɖewo kpɔtɔ nɔa dzre dzi hena ɣeyiɣi didi aɖe le wo nɔewo gbegbe megbe. Abe ale si srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola aɖe gblɔe ene la, “wogbe wo nɔewo le se nu, ke hã, wogayia edzi dea abi wo nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu le mɔ aɖewo nu, elabena womete ŋu wɔ ŋutifafa o.” Menye ɖeko nɔnɔme sia wɔnɛ be ƒewuiviwo tsiaa akogo—le esi Papa kple Dada nɔa dzre dzi ɖaa ta—ko o, ke ewɔnɛ hã be ɖeviawo tea ŋu dea dzre dzilawo dome bene ablɔɖe nasu yewo si. Le kpɔɖeŋu me, ƒewuivi aɖe ate ŋu agblɔ na dadaa be: “Papa ɖea mɔ nam menɔa gbɔme le zã me ale si medii. Nu ka tae wò ya màɖe mɔ nam o?” Esi Dadaa medi be ye via nayi ɖe yeƒe “futɔa ƒe akpa dzi” o ta la, eɖe mɔ nɛ.

Na mɔnukpɔkpɔ viwò ƒewuivia wòaƒo nu. Ƒewuiviwo ate ŋu asusu be, ‘Ne dzinyelawo dzudzɔ wo nɔewo lɔlɔ̃ la, ate ŋu adzɔ be woava dzudzɔ nye hã lɔlɔ̃’ alo ‘Esi dzinyelawo da se dzi ɖe, ɖe wòle be nye ya mawɔ edzia?’ Be nàte ŋu akpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu wòaɖe vɔvɔ̃ si le eme la dzi kpɔtɔ eye wòaɖɔ eƒe nuŋububu ɖo la, na mɔnukpɔkpɔ geɖee be wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ faa. Gake kpɔ nyui: Mègawɔ vodada sia be nàva nɔ viwòa si nu kpɔm be wòade dzi ƒo na wò be nàɖu wò seselelãmewo dzi o. Viwòe wònye, ke menye ame si nàgblɔ wò nuxaxawo na wònye o.

De dzi ƒo na viwòa be wòanɔ ƒomedodo nyui me kple srɔ̃wò xoxoa. Ame sia meganye srɔ̃wò o, ke hã, egakpɔtɔ nye viwòa ya dzila kokoko. Nya gbegblẽwo gbɔgblɔ tso eŋu ate ŋu agblẽ nu geɖe. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ƒewuiviwo kple wo dzilawo dome ƒomedodowo me kuxiwo ŋu gblɔ be: “Ne dzilawo gbe wo nɔewo eye woɖoe zãa wo viwo ɖe wo nɔewo ŋu abe aʋawɔnu ene la, ele be woakpɔ mɔ be yewoaŋe nu siwo yewoƒã la godoo.”—Teens in Turmoil—A Path to Change for Parents, Adolescents, and Their Families.

Lé be na ɖokuiwò. Ɣeaɖewoɣi la, nu ate ŋu ate ɖe dziwò vevie. Gake mègana ta o. Lé nu nyui siwo nèwɔna woma wò la me ɖe asi. Ne Kristotɔe nènye la, yi edzi nàƒo ɖokuiwò ɖe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. Esia wɔwɔ akpe ɖe mia kple viwò ƒewuivia ŋu miayi edzi ada asɔ le miaƒe nuwɔnawo me.—Psalmo 18:3; Mateo 28:19, 20; Hebritɔwo 10:24, 25.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 38 Le Biblia ƒe nya nu la, gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me kple ame bubu si menye ame srɔ̃ o dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ eye woagate ŋu aɖe ame bubu. (Mateo 19:9) Ne srɔ̃tɔ aɖe wɔ ahasi la, srɔ̃tɔ maɖifɔ lae atso nya me ne srɔ̃gbegbee anye afɔ nyuitɔ si wòaɖe, ke menye ƒometɔwo alo ame bubu aɖekee atso nya me le nya sia ŋu o.—Galatiatɔwo 6:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dze agbagba nàlé atam si nèka le wò srɔ̃kpegbea la me ɖe asi

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ne viwò ƒewuivia tea ŋu nɔa mi dzilawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ ɣeaɖewoɣi la, ke de dzi ƒo nɛ be wòana ƒomedodo nyui nanɔ woa kple srɔ̃wò xoxoa dome