Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afi Si Sɔhɛwo Ate Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Le

Afi Si Sɔhɛwo Ate Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Le

Afi Si Sɔhɛwo Ate Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Le

Ne nu sia nu le afɔ tsɔm nyuie la, dzilawo katã ayi edzi anɔ mɔfiame kple hehe nam wo viwo lɔlɔ̃tɔe. Woaɖo dze kpli wo, axlẽ nu na wo, aɖu nu kpli wo ɖekae, eye woase nu gɔme na wo. Ke hã, dzilawo mede blibo o. Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.”—Romatɔwo 3:23. Ne sɔhɛe nènye la, ɖewohĩ àkpɔe be miaƒe ƒomegbenɔnɔ mele abe ale si tututu wòle be wòanɔ ene o—eye ɖewohĩ wò nya anɔ eme. Ke hã, nu geɖe li siwo nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe wò kuxiwo dzi kpɔtɔ ahanɔ dzidzɔ geɖe wu kpɔm. Mɔ siwo nu Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le la dometɔ aɖewo koe nye esiwo gbɔna.

Aɖaŋuɖoɖo 1

De Ha Kple Amewo Tsɔ Wu Be Nànɔ Ðokuiwò Ðem Ðe Aga

‘Ame si ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tsitre ɖe nunyanyawo katã ŋu.’ (Lododowo 18:1) Sɔhɛ aɖewo mevona le wo ɖokuiwo me ne wole ame dome o, gake wolɔ̃a television kpɔkpɔ alo videofefewo ya fefe. Ŋu kpea sɔhɛ bubu ya vevie, esia ta woɖea wo ɖokuiwo ɖe aga. Elizabeth nye sɔhɛ aɖe si gblɔ tso eɖokui ŋu be “ŋu kpeam ɣeawokatãɣi.” Egblɔ be: “Nye ŋukpea naa ŋɔdzi léam. Esesẽna nam ŋutɔ be mate ɖe amewo ŋu ahaɖo dze kpli wo.”

Aleke Elizabeth wɔ te ŋu ɖu ŋukpe si nye kuxi nɛ la dzi? Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖekae wònye, eye edea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi wònye eƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Elizabeth gblɔ be: “Togbɔ be mekpea ŋu hã la, meɖoe nye taɖodzinui be ne mede kpekpe ɖe sia ɖe la madze agbagba aɖo dze kple ame ɖeka ya teti. Ne medo kpo nu la, nyemeɖea mɔ dzi ɖena le ƒonye o. Ke boŋ nye susu nɔa nu siwo mete ŋu wɔna ŋu. Mekpɔe be agbagba siwo medze be manya ame bubuwo la ɖe vi nam ŋutɔ.”

Ðe manyo be nàŋlɔ ame eve alo etɔ̃ siwo nàdi be yeanya nyuie la ƒe ŋkɔwo ɖi oa? Ðoe wò taɖodzinu be le kwasiɖa si gbɔna me la, yeanya nu yeye aɖe tso wo dometɔ ɖeka ŋu. Emegbe ŋlɔ nu nyui aɖe si nàte ŋu awɔ na ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe le ɣleti si gbɔna me la ɖi, eye nàwɔe na wo.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Ne èɖea ɖokuiwò ɖe aga kple susu be amewo nagadi nya le ŋuwò o la, ava dzɔ godoo be nàva nɔ ɖokuiwò ŋu bum fũu wu ale si dze. Le go bubu me la, Biblia ɖo aɖaŋu na mí be ‘míaƒe ŋku naganɔ mía ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke woanɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.’ (Filipitɔwo 2:4) Ne èwɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi le nuwɔwɔ kple wò ƒometɔwo kpakple ame bubu siwo dome nèle ŋu me la, awɔe be mànɔ dzi tsim ɖe wò ŋutɔ wò kuxiwo ŋu fũu o eye ànɔ klalo akpɔ wo gbɔ nyuie wu.

Aɖaŋuɖoɖo 2lia

Si Le Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu

“Misi le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu. Nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ si ame awɔ la, mele eƒe ŋutilã me o, gake ame si nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la le nu vɔ̃ wɔm ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.” (1 Korintotɔwo 6:18, New International Version) Esi gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ bɔ ɖe sɔhɛwo dome alea gbegbe ɖe, aleke nàwɔ ate ŋu aƒo asa na woƒe nyaƒoɖeamenuwo?

Gbã la, ehiã be nàde ŋugble le nya sia ŋu nyuie hafi eƒe tetekpɔa nava dziwò. Lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Mbali, si nye ɖetugbi aɖe si le South Africa la gblɔ be: “Ðekakpui aɖe si mía kplii míenɔ sukuxɔ me le sekɛndrisuku la bia tso asinye enuenu be mía kpli ye míado ayi gbɔme. Nyɔnuvi siwo nɔ míaƒe sukuxɔa me la ƒoe ɖe nunye be malɔ̃ mía kplii míanɔ dodom elabena edze ɖeka—edoa boblo awuwo na asitsadɔwɔƒewo eye wòƒoa bɔl na míaƒe sukua hã. Le nyateƒe me la, edze ɖeka vavã, gake metso nya me xoxo be nyemaɖe asi le nye agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu o. Hanyetiwo ya kpɔe be naneke megblẽ le gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔnawo me kple ame aɖe dzro ko ŋu o. Gake nye ya menya vovototo si le nu nyui kple nu vɔ̃ dome eye metso nya me le nu si mawɔ la ŋu xoxoxo hafi va do go tetekpɔ sia ƒomevi.”

Evelia, do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be nàlé eƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi. Maggie, si nye sɔhɛ aɖe si le England, la gblɔ be: “Gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye mekpɔa ŋusẽ si mehiã be matsɔ anɔ te ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu. Nyemesusui kpɔ be nye ŋutɔ mate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu le ɖokuinye si o. Azɔ hã, meƒoa nu tso eŋu na dzinyelawo eye menaa mía kple xɔ̃nye siwo nye ame tsitsi kpɔnuteƒewo míeɖoa dze tso kuxia ŋu ɣeaɖewoɣi.”

Aɖaŋuɖoɖo 3lia

Se Veve Ðe Dziwòlawo Nu

“Mi katã miaƒe susu nanɔ ɖeka, mise veve ɖe ame nu, milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene, miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu.” (1 Petro 3:8) Ne dziwòlawo agbe wo nɔewo alo womagbe wo nɔewo o la, màte ŋu awɔ naneke le eŋu o, eye nenema kee ne wo ame evea siaa woawɔ gbe sia gbe dɔ alo womawɔe o la, màte ŋu awɔ naneke le eŋu o. Gake le nɔnɔme siawo me la, àte ŋu awɔ nane godoo be kuxi mawo nagagblẽ mía kpli wo dome ƒomedodoa me o. Mɔ aɖe si dzi nàto aɖe dzimaɖitsitsi dzi kpɔtɔ ahanɔ dzidzɔ geɖe wu kpɔm ye nye be nàtsɔ ɖokuiwò aɖo dziwòlawo teƒe, ahadze agbagba ase kuxi siwo me tom wole la gɔme.

Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Amber la wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Egblɔ be ɣeaɖewoɣi la, dziku, nuteɖeamedzi kple nugɔmemasemase na ame nɔewo sɔŋ koe gblẽa ye kple ye dada dome. Ke hã, egblɔ be: “Danye to fukpekpe geɖewo me le agbe me. Eya ɖeka koe nyi mí ɖevi eneawo katã. Edzea agbagba ɣesiaɣi kpɔa dɔƒe na mí, dia nu si míaɖu kple nu si míado na mí. Medea asixɔxɔ eƒe dzidodo ŋu ŋutɔ, eye mekpɔa mɔ be nye hã mate ŋu ado dzi nenema ke ne meva do go kuxi sesẽwo.”

Ne èdzea agbagba tsɔa ɖokuiwò ɖoa dziwòlawo teƒe be nàse ale si wosena le wo ɖokuiwo me la gɔme la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be mànɔ wò kuxiwo ŋu bum fũu akpa o. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò hã be nàkpɔ nɔnɔme nyui siwo le dziwòlawo si la adze sii, eye àdze agbagba asrɔ̃ wo.

Biblia Nye Aɖaŋuɖogbalẽ Nyui Aɖe

Aɖaŋuɖoɖo ʋɛ siwo me míedzro la nye aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia la, me siwo me nunya le eye wowɔa dɔ la dometɔ aɖewo ko. Ne èyi edzi le nu geɖe wu srɔ̃m tso Biblia ŋu la, àva kpɔ ŋudzedze ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le eme la ŋu. *

Mɔ aɖe si dzi nàto asrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋue nye hadede kple Yehowa Ðasefowo kpakple nana be woasrɔ̃ Biblia kpli wò. Àkpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le ame siawo dome siwo akpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme sesẽwo me eye woakpe ɖe ŋuwò hã be nàte ŋu anɔ agbe ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la nu. Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu mele bɔbɔe ya o. Gake ne ètiae be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiafia nu la, aɖe vi na wò tegbee.—Yesaya 48:17, 18.—g09 09-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Volume 2, (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques, Volume 2, (Sɔhɛwo Biana Be . . . , Babla 2 lia) si Yehowa Ðasefowo ta la nye agbalẽ nyui aɖe ŋutɔ si me Biblia me ɖaŋuɖoɖo geɖewo le, si ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siwo wodoa goe la nu. Àte ŋu akpɔ nyatakaka mawo ƒomevi le Internet Nyatakakadzraɖoƒe ƒe adrɛs si nye www.watchtower.org/ype dzi le yevugbe me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Nu Si Ƒewuiviwo Hiã Tso Wo Dzilawo Gbɔ

Ƒewuiviwo Dina Be Yewo Dzilawo Nakpɔ Ɣeyiɣi Ðe Yewo Ŋu: Yehowa Mawu gblɔ na dzilawo le Israel be ele be woanɔ dze ɖom kple wo viwo edziedzi—‘ne wole aƒe me, alo ne wole mɔ dzi.’ (5 Mose 6:6, 7) Esia bia tso dzilawo si be woakpɔ ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu. Edze ƒãa be Yesu kpɔe dze sii be ehiã be yeakpɔ ɣeyiɣi ɖe ɖeviwo ŋu esime wònɔ anyigba dzi. Le kpɔɖeŋu me, esime “amewo te wo vi suewo kpɔkplɔ va egbɔ, be wòaka asi wo ŋu” la, aleke Yesu wɔ nui? ‘Exɔ ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu, eye wòte wo yayra.’ (Marko 10:13, 16) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòɖo ɖi na dzilawo!

Ƒewuiviwo Dina Be Yewo Dzilawo Naɖo Dze Kpli Yewo Tso Dzi Me Faa: Biblia gblɔ be: ‘Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.’ (Lododowo 15:22) Aɖaŋudede alo dzeɖoɖo kplikplikpli kple mia viwo le vevie esime wonye ɖevi suewo. Esia gale vevie wu le woƒe ƒewuiwo me, esi me sɔhɛwo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔa wo xɔlɔ̃wo alo zɔhɛ bubuwo dome le suku evɔ ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe wotsɔ nɔa aƒe me. Ne dzilawo kple wo viwo meɖoa dze anukwaretɔe tso dzi me faa o la, ƒewuiviwo ava nɔ abe amedzrowo ene le aƒea me.

Ƒewuiviwo Hiã Amemamla Si Da Sɔ: Amemamla fia ameɖɔɖɔɖo kple hehenana—ke hã, ahiã be woahe to ɣeaɖewoɣi. Lododowo 15:5 gblɔ be: ‘Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si bua mokaname la, adze nunya.’ Ƒewuivi mate ŋu ‘ade asixɔxɔ mokaname ŋu’ ne womegbea nya nɛ o. Le nyateƒe me la, ele be dzilawo nada asɔ ne wole to hem na wo vi ƒewuiviwo. Mele be woana woƒe nya me nasẽ kpaɖii ale gbegbe be nu nate ɖe wo viawo dzi akpa eye ɖewohĩ ɖeviawo magate ŋu ava nɔ kakam ɖe wo ɖokui dzi o. (Kolosetɔwo 3:21) Ke hã, dzilawo madi be yewoaɖe mɔ ɖe nu ŋu na yewo viwo ale gbegbe be woado kpo hehe si wòle be woana wo viawo la nana wo o. Mɔɖeɖeɖenuŋu ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 28 Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 5 kple 6 hena nyatakaka bubuwo.