Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilaɖekɛ Ye Nènyea?—Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Dzilaɖekɛ Ye Nènyea?—Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Dzilaɖekɛ Ye Nènyea?​—Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze

WOGBLƆNA be ne lã ƒomevi aɖee dzilaeveƒomewo nye la, anɔ eme be woabu wo ade lã siwo ƒe ƒome le vɔvɔm le anyigba dzi la dome. Wò ya bu eŋu kpɔ: Wobu akɔnta be dzilaɖekɛƒome miliɔn 13 sɔŋ ye le United States (États-Unis) ɖeɖe dzaa, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye vinɔwo. Numekuku ɖee fia be ɖevi siwo katã le dukɔa me ƒe afã kloe azã woƒe ƒewuimenɔɣi ƒe akpa aɖe le dzilaɖekɛƒome me.

Ne srɔ̃gbegbe wɔe be wò ɖekae le mia viawo dzi kpɔm la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be àte ŋu akpɔ dzidzedze le ƒomea ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Dze agbagba nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi.

Ƒo asa na dziɖeleameƒonyawo gbɔgblɔ tso wò ƒomea ŋu. Biblia gblɔ be: “Hiãtɔ ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ enye aglotutu atraɖi.” (Lododowo 15:15) Le nyateƒe me la, wò agbe me mayɔ kple aglotutu ɖaa ya o. Gake abe ale si mawunyakpukpui sia ɖee fia ene la, dzi ƒe nɔnɔme si le ame si ye naa wokpɔa dzidzɔ, ke menye nɔnɔme si me ame le ye o. (Lododowo 17:22) Maɖe vi aɖeke be nànɔ susum be viwòwo ƒe agbe dome gblẽ alo be mɔkpɔkpɔ aɖeke megale wò ƒomea si o. Ðeko nukpɔsusu siawo aɖe dzi le ƒowò eye awɔe be dzilanyenye ƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ nagasesẽ na wò ɖe edzi.​—Lododowo 24:10.

Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye esi: Ŋlɔ nya siwo nètsɔ ɖɔa wò ƒomea ƒe nɔnɔmea, siwo mesɔ o la ɖi, eye nàŋlɔ nya bubu siwo atu ame ɖo, siwo nànɔ zazãm ɖe wo teƒe la ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe xa. Le kpɔɖeŋu me, le esi nànɔ gbɔgblɔm be “Agba sia wu tsɔtsɔ nam” teƒe la, àte ŋu anɔ gbɔgblɔm be “Togbɔ be dzilaɖekɛe menye hã la, mele klalo atsɔ dzilanyenye ƒe agbanɔamedzia, eye mabia kpekpeɖeŋu ne ehiã.”​—Filipitɔwo 4:13.

Wɔ ɖoɖo ɖe wò ga ŋu. Ganyawo koŋ ye ɖea fu na dzilaɖekɛwo wu nu sia nu—vevietɔ na dzilaɖekɛ siwo nye nyɔnuwo. Gake le go aɖewo me la, woate ŋu aɖe ganyawo ƒe fuɖename dzi kpɔtɔ ne wowɔ ɖoɖo nyui ɖe gazazã ŋu. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Be woaƒo asa na ‘vɔ̃’ le ganyawo gome la, ɖoɖowɔwɔ kple nuŋububu do ŋgɔ le vevie.

Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye esi: Ŋlɔ ale si nèdi be yeazã ga si le asiwò la ɖe pepa dzi. Ŋlɔ zazã siwo wɔm nèle le ɣletia me la ɖi be nànya nu siwo ŋu nèzãa wò ga ɖo. Gbugbɔ ŋku lé ɖe ale si nèzãa gae ŋu vevie. Ðe nèdoa nugbana edziedzia? Ðe nèƒlea nuwo na viwòwo le esi dzila evelia mele wo gbɔ o ta? Ne viwòawo tsi vie la, anyo be mia kpli wo mianɔ anyi ade ŋugble tso ale si miawɔ aɖe gazazã dzi kpɔtɔ ŋu. Esia anye hehe nyui aɖe nàna wo. Eye ɖewohĩ susu nyui aɖewo anɔ woawo hã si woado ɖa!

Wɔ nu le ŋutifafa me kple srɔ̃wò xoxoa. Ne mia via tea ŋu nɔa mi dzila eveawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ ɣeaɖewoɣi la, nenɔ susu me na wò be nya gbegblẽwo gbɔgblɔ tso srɔ̃wò xoxoa ŋu na viwòa​—alo viwòa zazã abe ŋkutsala ene be yeanya nu siwo le edzi yim le srɔ̃wò xoxoa ƒe agbe me​—ate ŋu agblẽ nu geɖe. * Enyo wu kura be nànɔ nu wɔm aduadu kple srɔ̃wò xoxoa le viwòa mamla me alo le nu bubu ɖe sia ɖe si ade ɖevia dzi la me. Biblia gblɔ be: “Miwɔ nu sia nu si ate ŋu anya wɔ le mia gome be mianɔ anyi le ŋutifafa me kple ame sia ame”​—srɔ̃wò xoxoa hã le eme.​—Romatɔwo 12:18, Today’s English Version.

Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye esi: Ne masɔmasɔ aɖe gado mo ɖa le mia kple srɔ̃wò xoxoa dome la, wɔ nu ɖe eŋu abe ale si nàwɔe ɖe wò dɔwɔhati ŋui ene. Le dɔme la, àdze agbagba be yeanɔ ƒomedodo nyui me kple ame sia ame​—ame siwo ƒe nu medoa dzidzɔ na wò o hã le wo dome. Wɔ nu nenema ke kple srɔ̃wò xoxoa. Anɔ eme be mi ame evea mialɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi ɣesiaɣi ya o, gake mele be masɔmasɔ ɖe sia ɖe nazu dzre na mi o.​—Luka 12:58.

Nye kpɔɖeŋu nyui. Bia ɖokuiwò be: ‘Nɔnɔme nyui kawoe madi be woanɔ vinyewo si? Ðe nye ŋutɔ meɖea nɔnɔme nyui mawo fiana le nye agbenɔnɔ mea?’ Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be wò ɖekae le ɖeviawo dzi kpɔm hã la, ɖe wòdzena ƒãa be ènye dzidzɔmea? Alo ɖe nèɖea mɔ wò nɔnɔmea wɔnɛ be mekpɔa dzidzɔ le agbe me oa? Ðe ale si srɔ̃wò xoxoa wɔ nu ɖe ŋuwò la na nèlé dziku ɖe dɔ mea? Alo ɖe wòsesẽna na wò be nàŋe aɖaba aƒu nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe ŋuwò, siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o, la dzia? (Lododowo 15:18) Le nyateƒe me la, nya mawo gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe o, eye màte ŋu akpɔ wo gbɔ abe ale si tututu nèdii ene ɣesiaɣi o. Ke hã, nɔnɔme siwo viwòwo kpɔna nèɖena fiana kee woawo hã woasrɔ̃.

Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye esi: Ŋlɔ nɔnɔme nyui etɔ̃ siwo nàdi be woanɔ viwòwo dometɔ ɖe sia ɖe si ne wova tsi la ɖe pepa dzi. * Ŋlɔ nu siwo nànɔ wɔwɔm fifia be nàte ŋu aƒã nɔnɔme siawo ɖe wo me la ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe xa.

Lé be na ɖokuiwò. Esi nèle hloloe tsom le nu geɖe ŋu le agbe me ta la, ele bɔbɔe be nu nava te ŋuwò le ŋutilã kple seselelãme gome. Gake mègana esia nazu mɔ aɖe wò o! Wò ‘gbɔgbɔmenuhiahiãwo’ gbɔ kpɔkpɔ le vevie ŋutɔ! (Mateo 5:3) Abe ale si ko ʋu si me ami mele o mate ŋu azɔ o ene la, nenema kee ne wò hã mèdi ɣeyiɣi ɖi ɖe eme be ŋusẽ yeye naɖo ŋuwò o la, màte ŋu atsɔ wò agbanɔamedzia nyuie o.

“Nukoɣi” li eye “ɣeɖuɣi” hã li. (Nyagblɔla 3:4) Menye ɣeyiɣi gbegblẽe modzakaɖeɖe nye kura o. Ana wò dzi nadze eme eye wòana ŋusẽ yeye naɖo ŋuwò be nàyi wò agbanɔamedziawo tsɔtsɔ dzi abe dzilaɖekɛ ene.

Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye esi: Ðo dze kple dzilaɖekɛ bubuwo woagblɔ ale si wowɔna tea ŋu léa be na wo ɖokuiwo la na wò. Esime nèyi edzi le ŋku lém ɖe ‘nu siwo le vevie wu la ŋu nyuie’ la, ɖe nàte ŋu azã ɣeyiɣi aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ɖe nane si doa dzidzɔ na wò la wɔwɔ ŋua? (Filipitɔwo 1:10) Ŋlɔ nu siwo nàdi be yeawɔ kpakple ɣeyiɣi si nàdi be yeawɔ wo la ɖe pepa dzi.g09 10-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye “Ƒome Si Me Ma—Ale Si Wògblẽa Nu Le Ƒewuiviwo Ŋui,” si dze le magazine sia ƒe axa 22-25 hena nyatakaka bubuwo.

^ mm. 11 Nɔnɔme siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye “bubudedeameŋu,” “nugɔmesesename,” kple “tsɔtsɔke,” siwo me míedzro le magazine sia ƒe axa 6-8.