Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kuxi Kawoe Ðea Fu Na Sɔhɛwo Egbea?

Kuxi Kawoe Ðea Fu Na Sɔhɛwo Egbea?

Kuxi Kawoe Ðea Fu Na Sɔhɛwo Egbea?

Nu kae nye wò susu? Ðe kuxi siwo me tom sɔhɛwo le egbea la sesẽ wu esiwo me sɔhɛwo ƒe dzidzime siwo do ŋgɔ na wo la toa? Ne èɖo nya sia ŋu be oa la, ekema ànya susui be sɔhɛ siwo li egbea la le dzidzɔ kpɔm wu sɔhɛwo ƒe dzidzime siwo nɔ anyi le ŋutinya katã me.

Le dukɔ geɖe me la, ŋgɔyiyi si wowɔ le atikewɔnyawo me wɔe be wote ŋu lé dɔléle siwo wua ɖeviwo alo naa wozua nuwɔametɔwo la nu. Mɔɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyi wɔe be wowɔ mɔ viwo kple elektrɔnikfefenu vovovo siwo dzidzime siwo do ŋgɔ la abu be wonye nu siwo amegbetɔwo mate ŋu ato vae o. Eye ganyawo ƒe ŋgɔyiyi hã wɔe be ƒome miliɔn geɖewo do go le ahedada me. Le nyateƒe me la, dzila geɖewo wɔa dɔ sesĩe be yewoana agbemenu kpakple sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo mesu woawo ŋutɔwo si o la nasu wo viwo si.

Ðikekemanɔmee la, mɔnukpɔkpɔ nyui geɖewo su sɔhɛwo si egbea. Gake wodoa go kuxi siwo nu sẽ wu esiwo me dzidzime siwo nɔ anyi do ŋgɔ na wo la to. Nu siwo gbɔ esia tso la dometɔ ɖekae nye be míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” la me. (Mateo 24:3) Yesu Kristo gblɔe ɖi be hadomegbenɔnɔ ƒe tɔtɔ ƒe dzidziɖedzi ana ɣeyiɣi sia naɖe dzesi, eye wòle eme vam hã. (Mateo 24:7, 8) Biblia gayɔ míaƒe ɣeyiɣi sia ke be “ŋkeke mamlɛawo” eye wògblɔ be anye ɣiyiɣi si ‘me nɔnɔ asesẽ.’ (2 Timoteo 3:1) Bu kuxi sesẽ siwo me tom sɔhɛ siwo li egbea le la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Kuxi 1

Wole Wo Ðokui Ðem Ðe Aga Fũu Akpa

Woɖea sɔhɛwo fiana le sinimawo, television dzi wɔnawo, kple magazinewo me abe ame siwo wɔa nu aduadu kple wo xɔlɔ̃ siwo woa kpli wo wonye ƒe ɖeka me viwo, siwo dea suku ɖekae, eye wokpɔtɔ nyea xɔlɔ̃wo va ɖo woƒe tsitsime ene. Gake ale si nɔnɔmea le ŋutɔŋutɔ na sɔhɛ akpa gãtɔ la to vovo kura.

Numekula siwo nye Barbara Schneider kple David Stevenson, siwo bia gbe sɔhɛ akpe geɖewo le United States (États-Unis) la kpɔe be “sukuvi ʋɛ aɖewo si koe xɔlɔ̃ kplikplikpliwo nɔna alo siwo dea ha kple xɔlɔ̃wo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe hena ɣeyiɣi aɖe.” Numekulaawo yi edzi gblɔ be sɔhɛ geɖe “metea ŋu nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple amewo o, eye xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo koe nɔa wo si siwo wogblɔa woƒe kuxiwo na le dziɖeɖi me, siwo nye xɔlɔ̃ siwo woa kpli wo woléa susu aɖewo kpɔ.”

Edze abe ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe sɔhɛ siwo tea ŋu dzea xɔlɔ̃ la tsɔ nɔa wo xɔlɔ̃awo gbɔ ene. Numekuku tsitotsito aɖe si wowɔ le United States la ɖee fia be sɔhɛ akpa gãtɔ zãa woƒe ɣeyiɣiwo ƒe agbɔsɔsɔme si nye 10 pɛ ko le alafa me tsɔ nɔa wo xɔlɔ̃wo gbɔ, gake woƒe ɣeyiɣiwo ƒe agbɔsɔsɔme si wozãna ne woawo ŋutɔ ɖeɖe li la ade 20 le alafa me—si nye ɣeyiɣi si sɔ gbɔ wu esi wozãna ɖe wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒomea me tɔwo ŋu. Woawo ŋutɔ ɖeka koe ɖua nu, zɔa mɔ, alo ɖea modzaka.

Nu si na nɔnɔme sia gavlo ɖe edzie nye elektrɔnikmɔvi siwo va bɔ egbea. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2006 me la, Time magazine ka nya ta be Amerika sɔhɛ siwo axɔ tso ƒe 8 va ɖo ƒe 18 la zãa gaƒoƒo ade kple afã gbe sia gbe tsɔ nɔa television kpɔm, nɔa ha sem, alo nɔa videofefewo fem loo alo tsɔ nɔa kɔmpiuta zãm. *

Enye nyateƒe be menye dzidzime siae nye gbãtɔ si zãa gaƒoƒo geɖe ɖe hasese kple fefewo fefe ŋu o. (Mateo 11:16, 17) Gake ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si gbegbe wozãna ɖe elektrɔnikfefenuwo ŋu, siwo wòle be woazã kple woƒe ƒometɔwo hafi la, ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu. Numekula Schneider kpakple Stevenson gblɔ be: “Sɔhɛwo gblɔ be yewosena le yewo ɖokui me be bubu mele yewo ŋu o, yewomekpɔa dzidzɔ ale si dze o, nu siwo me yewokpɔa gome le medoa dzidzɔ na yewo ale si yewokpɔ mɔ nɛ o, eye ne yewo ɖeɖe yewoli la, yewometea ŋu wɔa nu ɖɔʋu aɖeke o.”

Kuxi 2lia

Woƒoa Nya Ðe Wo Nu Be Woakpɔ Gome Le Gbɔdɔdɔ Me

Woƒoa nya ɖe ƒewuiviwo kple ɖevi siwo mekpɔ ɖo ƒewuiwo me o gɔ̃ hã nu vevie be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. Nathan, si nye sɔhɛ aɖe si le Australia la, gblɔ be: “Ðevi siwo menya le suku la dometɔ akpa gãtɔ te gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me le woƒe ƒe 12 va ɖo ƒe 15 xɔxɔ me.” Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Vinbay, si le Mexico la, gblɔ be gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me dzro ko bɔ le yewoƒe suku ŋutɔ. Egblɔ be: “Wobua ame siwo mekpɔa gome le gbɔdɔdɔ me o be wotsi bo me.” Ana, si xɔ ƒe 15, si le Brazil la, gblɔ be: “Hanyetiwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me alea ale gbegbe be, gbɔgblɔ zi ɖeka ko be nyemedi o makpɔ nyaa gbɔ o. Ele be nàyi edzi anɔ woƒe ahiãnyawo gbem.”

Numekula siwo le United Kingdom (Royaume-Uni) la wɔ numekuku tso sɔhɛ akpe ɖeka, siwo xɔ tso ƒe 12 va se ɖe 19 siwo wonyi le nɔnɔme vovovowo me la ŋu. Wokpɔe be wo dometɔ 50 le alafa me kloe kpɔa gome le gbɔdɔnuwɔna ƒomevi aɖe me edziedzi. Sɔhɛ siawo siwo kpɔa gome le gbɔdɔnuwɔnawo me alea la dometɔ 20 le alafa me xɔ ƒe 12 pɛ ko. Ðɔkta Dylan Griffiths, si kpɔ numekukua dzi la gblɔ be: “Ŋusẽ si ƒomea, Sɔlemeha, kple hadomehabɔbɔ bubuwo kpɔna ɖe sɔhɛawo dzi tsã la nu yi, si wɔe be sɔhɛwo tsi ya me.”

Ðe sɔhɛ siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me la “tsi ya me” nyateƒea? Le akɔntabubu aɖe si wowɔ le ƒe 2003 me me la, numekula siwo nye Rector, Noyes, kple Johnson gblɔ be ƒomedodo aɖe le ƒewuiviwo ƒe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔnawo me, kple blanuiléle, kpakple agbagbadzedze be woawu wo ɖokuiwo la dome, eye nɔnɔme sia le dzidzim ɖe edzi. Wodzro gbe siwo wobia ƒewuivi 6,500 la me hekpɔe be “nu ate ŋu ate ɖe nyɔnuvi siwo kpɔa gome le gbɔdɔnuwɔnawo me edziedzi la dzi wu nyɔnuvi siwo mekpɔa gome le gbɔdɔnuwɔnawo me o la wu zi gbɔ zi etɔ̃.” Eye le ŋutsuviwo gome la, “ate ŋu adzɔ be nu nate ɖe wo dometɔ siwo kpɔa gome le gbɔdɔnuwɔnawo me la dzi zi gbɔ zi eve wu esime mekpɔa gome le eme o.”

Kuxi 3lia

Ƒomekuxiwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wo Dzi

Ale si ƒomegbenɔnɔ kple agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo le tɔtrɔm kabakaba la kpɔ ŋusẽ ɖe sɔhɛ siwo le United States la dzi. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ƒewuiviwo ŋu la gblɔ be: “Le ƒe blanane siwo va yi nyitsɔ laa me la, tɔtrɔ ɖedzesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔme dzi eye esia hã kpɔ ŋusẽ ɖe ƒewuiviwo ƒe agbe dzi tẽe. Vi agbɔsɔsɔme si nɔa Amerikatɔwo ƒe ƒomewo me le mama dedie nu la dzi va le ɖeɖem kpɔtɔ, si wɔe be nɔvi ʋɛ aɖewo koe nɔa ƒewuiviwo si fifia. Esi srɔ̃gbegbe ƒe agbɔsɔsɔme yi edzi le dzidzim ɖe edzi ta la, ɖevi geɖe wu va zãa woƒe ɖevimenɔɣi ƒe akpa aɖe le dzila ɖeka pɛ ko gbɔ. Azɔ hã, vidada geɖe wu siwo si vi siwo mekpɔ xɔ ƒe 18 o le la va le dɔme dem, esia ta anɔ eme godoo be ame tsitsi aɖeke menɔa ɖeviawo gbɔ le aƒe me o.”—The Ambitious Generation—America’s Teenagers, Motivated but Directionless.

Ðeviawo ɖale wo dzila ɖeka alo evea gbɔ o, wo dometɔ geɖe sena le wo ɖokuiwo me be ƒomedodo gobi aɖeke mele yewo kple yewo dzilawo dome le ɣeyiɣi si tututu wohiã wo dzilawo wu la me o. Le numekuku aɖe si me wolé ŋku ɖe ƒewuivi 7,000 ŋu le hena ƒe aɖewo me la, wokpɔe be ƒewuiviawo dometɔ akpa gãtɔ kpɔe be yewo dzilawo lɔ̃ yewo heléa be na yewo. Togbɔ be ele alea hã la, “wo dometɔ ɖeka le etɔ̃ me koe gblɔ be yewo dzilawo kpɔa ɣeyiɣi ɖe yewo ŋu hekpena ɖe yewo ŋu ne yewoge ɖe kuxi aɖe me.” Wode dzesii hã be: “Le ƒewuiviawo dometɔ geɖewo gome la, wokpɔe be ɣeyiɣi siwo me wodoa go kuxiwo le wue nye esiwo me wòdzɔna be dzilawo nɔa hehem ɖe megbe le nudede woƒe nyawo me kpakple kpekpeɖeŋunana wo me.”

Le Japan la, ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ ƒe dzodzro vevi si le amewo me la gblẽ nu le kadodo kplikplikpli si nɔ ƒometɔwo dome tsã la ŋu. Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalagã, Yuko Kawanishi, gblɔ be: “Dzidzime si kplɔ Xexemeʋã II lia ɖo mee wodzi ƒewuivi siwo li egbea la dzilawo dometɔ akpa gãtɔ ɖo, eye wotsi le agbenɔnɔ ƒe dzidzenu yeye, siwo me amewo tsia dzi ɖe dzidzedzekpɔkpɔ le ganyawo kple ŋutilãmenuwo ƒe amesisusu ŋu la me.” Agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kawoe dzila siawo afia wo viwo azɔ? Aƒenɔ Kawanishi gblɔ be: “Nu si ŋu dzila geɖe tsia dzi ɖo koŋ egbea ye nye wo viwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le suku.” Egblɔ yi edzi be: “Zi ale si wo viwo le nu nyam le suku ko la, nu susɔeawo meganɔa vevie o, alo womegatsɔa ɖeke le wo me koŋ o.”

Alekee dzitsitsi ɖe ŋutilã me kple sukudede me dzidzedzekpɔkpɔ ŋu fũu akpa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe sɔhɛwo dzi? Le Japan la, nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒoa nu tso Japangbe me nya si nye kireru—si nye ale si sɔhɛwo doa kpo nu zi geɖe ne wole nya ƒom ɖe wo nu be woadze agbagba geɖe wu la—ŋu edziedzi. Aƒenɔ Kawanishi gblɔ be: “Ne eva dze abe ɖe ɖeviawo di be yewodze aglã ene la, ate ŋu anɔ eme be esi womekpɔe be ele be yewoƒe ƒomea nakpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbenɔnɔ dzi o tae.”

Susu Si Tae Mele Be Míabu Mɔkpɔkpɔ O

Le nyateƒe me la, míele “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” la me. (2 Timoteo 3:1) Ke hã, Biblia kpena ɖe mía ŋu le mɔ geɖewo nu tsɔ wu gbɔgblɔ ɖi ko be ame siwo anɔ agbe le ɣeyiɣi sia me la ado go kuxi siwo anɔ agbogbo dom ɖe edzi.

Biblia ɖo aɖaŋu nyui geɖe ku ɖe ale si sɔhɛwo ate ŋu ana woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi la ŋu. Yehowa Mawu, ame si nye Biblia la Ŋlɔla, di vevie be yeafia nu sɔhɛwo woanya ale si woawɔ anɔ te ɖe kuxiwo nu. (Lododowo 2:1-6) Edi be woase vivi le agbe me. Eƒe Nya la ate ŋu ana “gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.” (Lododowo 1:4) Na míakpɔ ale si Biblia me gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋui ɖa.—g09 09-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Sɔhɛ siwo ɖea wo ɖokuiwo ɖe aga la va bɔ le Japan ale gbegbe be wotsɔ Japangbe me megbeŋkɔ na wo be hikikomori (si fia xɔmesi alo ame si ɖea eɖokui ɖe aga fũu akpa). Ame aɖewo susu be hikikomori siwo ade akpe 500 va ɖo miliɔn 1 sɔŋ ye le Japan.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Le numekuku aɖe si wowɔ me la, wokpɔe be, nu ate ŋu ate ɖe nyɔnuvi siwo kpɔa gome le gbɔdɔnuwɔnawo me la dzi wu nyɔnuvi siwo mekpɔa gome le wo me o la wu zi gbɔ zi etɔ̃

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

Nuveviwɔameɖokui Ƒe Agbenɔnɔ

Dziɖuɖu ƒe nyatakaka si do le ƒe 2006 me la ɖee fia be le Britain la, sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 11 va ɖo ƒe 15 siwo noa cocaine la dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe ɖeka me. Sɔhɛ 65,000 aɖewo gblɔ be yewote atike vɔ̃ɖi sia kpɔ. Le Holland la, woka nya ta be aha muame va zu nu mame na sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 16 va ɖo 24 la dometɔ 20 le alafa me alo dɔléle siwo dona tso ahanono fũu me la ƒe ɖe le fu ɖem na wo.

Sɔhɛ geɖe ɖea woƒe nuteɖeamedzi fiana le mɔ siwo ɖea dzesi wu nu. Wotsɔa lãnu dea abi wo ɖokuiwo ŋu, woɖua wo ɖokuiwo, alo tsɔa dzo fiãa woawo ŋutɔ ƒe ŋutilã. Numekula siwo nye Len Austin kple Julie Kortum gblɔ be: “Wosusui be Amerikatɔ miliɔn etɔ̃ wɔa nuvevi wo ɖokuiwo, eye ƒewuivi ɖeka le 200 ɖe sia ɖe me yia edzi wɔa nuvevi eɖokui.”

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Xɔlɔ̃ kplikplikpli siwo sɔhɛwo ate ŋu agblɔ woƒe nyawo na la mele wo dometɔ geɖe si o