Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu 1: Nu Vevitɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Gbã

Nu 1: Nu Vevitɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Gbã

Nu 1: Nu Vevitɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Gbã

‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii nyuie.’​—Filipitɔwo 1:10.

Nu si wòfia. Le ƒome kpɔdzidzedzewo me la, srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa nɔvia ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔwo, nunɔamesiwo, dɔwɔɖui, xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔ bubuwo gɔ̃ hã. Atsu kple asi siawo zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe wo nɔewo kpakple wo viwo ŋu. Wo ame evea siaa lɔ̃na faa be yewoatsɔ nuwo asa vɔe ɖe ƒomea ƒe nyonyo ta.—Filipitɔwo 2:4.

Nu si ta wòle vevie. Biblia dea asixɔxɔ ƒomewo ŋu ŋutɔ. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo ŋlɔ bena ame si mekpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la ‘vɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.’ (1 Timoteo 5:8) Ke hã, ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nu si ame buna be enye nu vevitɔ na ye la tea ŋu trɔna. Le kpɔɖeŋu me, ƒomeɖaŋuɖola aɖe de dzesii be edze abe ame siwo vaa takpekpe si ŋu yewɔa ɖoɖo ɖo la tsia dzi ɖe woƒe agbemedɔwo ŋu wu woƒe ƒomea ene. Egblɔ be edze abe ɖeko wonɔa mɔ kpɔm be yewoasrɔ̃ “mɔ bɔbɔe aɖewo siwo dzi yewoato akpɔ yewoƒe ƒomea ƒe nyawo gbɔ ko aɖe susu ɖa le wo dzi ahakpɔ vovo ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu ene.” Nu kae nya sia fia? Ele bɔbɔe be míagblɔ be míetsɔ míaƒe ƒomea ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ tsɔ wu be míaɖee afia ŋutɔŋutɔ le nuwɔna me.

Te mɔfiame sia kpɔ. Zã biabia siwo gbɔna nàtsɔ adzro ɖokuiwò me kpɔ be nu kawoe nèbua nu vevitɔwoe hã.

Ne srɔ̃nye alo vinye di be yeagblɔ nya aɖe nam la, ɖe meɖoa toe enumakea?

Ne mele dze ɖom kple amewo tso nu siwo mewɔna ŋu la, ɖe wòdzɔna zi geɖe be meƒoa nu tso nu siwo mía kple nye ƒomea míewɔna ŋua?

Ðe malɔ̃ faa aɖe asi le mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu (eɖanye le dɔme alo le teƒe bubu o) ne nye ƒomea dina be manɔ yewo gbɔa?

Ne èɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, àte ŋu aka ɖe edzi be ètsɔ nu vevitɔwo ɖo ɖoƒe si dze. Gake nya kae srɔ̃wò kple viwòwo agblɔ tso ŋuwò le go sia me? Menye ale si míebua mía ɖokuiwo dzi koe wonɔa te ɖo dea dzesi nu siwo míebua nu vevitɔwoe o. Eye gɔmeɖose sia nye nyateƒe le nu bubu siwo naa ƒomewo kpɔa dzidzedze siwo me míadzro le esia yome hã gome.

Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble tso mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yeƒe ƒomea le vevie na ye wu nu ɖe sia ɖe la ŋu. (Le kpɔɖeŋu me: De ŋugble le ale si nàte ŋu aɖe nu siwo xɔa ɣeyiɣi siwo wòle be nàzã ɖe srɔ̃wò kple viwòwo ŋu le asiwò la dzi kpɔtɔ la ŋu.)

Ðe manyo be nàgblɔ nyametsotso si nèwɔ la na wò ƒomea oa? Ne ƒomea me tɔ ɖeka ɖee fia be yelɔ̃ faa be yeawɔ tɔtrɔ la, anɔ eme godoo be ame susɔeawo adze eƒe kpɔɖeŋua yome.—g09 10-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Dzila si ɖenɛ fiana be ye srɔ̃ kple ye viwo le vevie na ye wu nu bubuwo lae nye dzila si kpɔ dzidzedze