Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu

Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu

Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu

“Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”​—Mateo 19:6.

Nu si wòfia. Atsu kple asi siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔ dzidzedze la bua woƒe srɔ̃ɖeɖea be enye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa. Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, wodzea agbagba be yewoakpɔ egbɔ tsɔ wu be yewoatsɔe ado taflatsɛ ahaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te. Ne srɔ̃tɔwo ɖoa ŋku edzi be yewodo ŋugbe na yewo nɔewo be yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu la, wosena le wo ɖokui me be yewole dedie. Kakaɖedzi nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe si be ye srɔ̃ ayi edzi alé srɔ̃ɖenubablaa me ɖe asi.

Nu si ta wòle vevie. Le go geɖe me la, kuku ɖe ame nɔewo ŋu ye nye nu vevi si naa srɔ̃ɖekadodoa me sẽna. Ke hã, ne masɔmasɔwo te mo dodo ɖa la, srɔ̃tɔawo va bua srɔ̃ɖeŋugbedodoa be enye mɔ ɖe yewo le esi teƒe be wòanye nu si ana kakaɖedzi nanɔ wo si. Ne míagblɔe la, atam si woka be yewoakpɔtɔ anye srɔ̃tɔwo ‘zi ale si yewo ame evea yewoanɔ agbe’ la va le ko abe atamkaka gbɔlo, si ŋu srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe adi be yeakpɔ gbagbaƒe aɖe le ado le eme ene. Ðewohĩ womagbe wo nɔewo ŋutɔŋutɔ ya o, gake woate ŋu “aɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te” le mɔ bubuwo nu—le kpɔɖeŋu me, eɖoɖo koŋ agbe nuƒoƒo na ame nɔewo le ɣeyiɣi si me wòle be woakpɔ kuxi sesẽwo gbɔ.

Te mɔfiame sia kpɔ. Zã biabia siwo gbɔna nàtsɔ adzro ɖokuiwò me kpɔ be aleke gbegbee nèɖenae fiana be nèku ɖe srɔ̃wò ŋui mahã.

Ne masɔmasɔ aɖe ɖo mía dome la, ɖe mesena le ɖokuinye me be evem be meɖe srɔ̃nyea?

Ðe wòdzroam zi geɖe be manɔ ame bubu aɖe gbɔ tsɔ wu srɔ̃nyea?

Ðe megblɔna na srɔ̃nye ɣeaɖewoɣi be, “Madzo le gbɔwò” alo “Madzo ayi aɖadi ame bubu aɖe si ade asixɔxɔ ŋunyea”?

Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble le nu ɖeka alo eve siwo nàte ŋu awɔ be miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ la ŋu. (Susu aɖewoe nye esi: Nɔ nya vivi aɖewo ŋlɔm na srɔ̃wòa edziedzi, srɔ̃wòa ƒe foto aɖewo nenɔ asiwò le dɔwɔƒe, alo ƒo ka na srɔ̃wòa tso dɔme gbe sia gbe nàtsɔ aɖee afia be yele esusum.)

Ðe manyo be nàgade ŋugble tso mɔnu bubu aɖewo siwo dzi nàto awɔ esiae la ŋu eye nàbia srɔ̃wòa be kawoe ado dzidzɔ nɛ wu hã oa?—g09 10-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Abe ale si ko gakpo si le mɔdodo xa kpɔa ʋuwo ta be woagatra mɔ o ene la, nenema kee kuku ɖe ame nɔewo ŋu hã kpɔa wò srɔ̃ɖeɖea tae

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Corbis/age fotostock