Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu 3lia: Nuwɔwɔ Aduadu

Nu 3lia: Nuwɔwɔ Aduadu

Nu 3lia: Nuwɔwɔ Aduadu

“Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, . . . Ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.”—Nyagblɔla 4:9, 10.

Nu si wòfia. Srɔ̃tɔ siwo ƒe ƒome kpɔ dzidzedze la dea bubu tanyenye ƒe ɖoɖo si Mawu ɖo anyi le Biblia me la ŋu. (Efesotɔwo 5:22-24) Togbɔ be ele alea hã la, atsu kple asia tsɔa nuwɔwɔ aduadu ƒe susu kpɔa woƒe srɔ̃ɖeɖea ke menye abe ame ɖekaɖeka siwo wɔa nu le wo ɖokui si ene o. Ne atsu kple asi wɔa nu aduadui la, wo dometɔ aɖeke maganɔ eɖokui bum abe tre ene o. Wonye “ŋutilã ɖeka”—si nye nya si Biblia tsɔ ɖɔ srɔ̃ɖekadodo si nɔa anyi ɖaa kple esi me atsu kple asia léna ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli le.—1 Mose 2:24.

Nu si ta wòle vevie. Ne mia kple srɔ̃wò miewɔa nu ɖekae o la, eteƒe madidi hafi kuxi suesuesuewo nava zu nya gã siwo me mia dometɔ ɖe sia ɖe nava nɔ fɔ bum nɔvia, le esi teƒe be miadze ŋgɔ kuxia o. To vovo na esia la, ne mia kple srɔ̃wò miewɔa nu aduadu la, mianɔ ko abe yameʋukula eve siwo le nu wɔm aduadu le yameʋu ɖeka kum ene, ke menye abe yameʋukula eve siwo le yameʋu vovovo kum hegbɔna ŋgo kpe ge kple wo nɔewo ene o. Ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, miadi mɔ siwo dzi miato akpɔ egbɔ tsɔ wu be mianɔ miaƒe ŋusẽ kple ɣeyiɣi dome gblẽm anɔ fɔ bum mia nɔewo.

Te mɔfiame sia kpɔ. Ðo biabia siwo gbɔna ŋu nàtsɔ akpɔe ɖa be aleke gbegbee nèwɔa nu aduadu kple srɔ̃wòe mahã.

Ðe mebua ga si mekpɔna la “katã be enye tɔnye” le esi wònye nyee wɔ dɔ kpɔe ta?

Ðe mehena ɖe megbe le hadede kple srɔ̃nye ƒe ƒometɔwo me togbɔ be woa kple eƒe ƒometɔwo ya dome le kplikplikplia?

Ðe wòhiã be manɔ adzɔge tso srɔ̃nye gbɔ hafi nye dzi nadze eme bliboea?

Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble le mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yedi be ye kple ye srɔ̃ yewoanɔ nu wɔm aduadui la ŋu.

Ðe manyo be nàbia srɔ̃wòa akpɔe ɖa be susu aɖewo le esi wòado ɖa hã oa?—g09 10-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nuwɔwɔ aduadu le ko abe yameʋukula eve siwo le nu wɔm aduadu le yameʋu ɖeka kum ene