Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu 4lia: Bubudede Ame Nɔewo Ŋu

Nu 4lia: Bubudede Ame Nɔewo Ŋu

Nu 4lia: Bubudede Ame Nɔewo Ŋu

“Mina woaɖe . . . ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome.”—Efesotɔwo 4:31.

Nu si wòfia. Masɔmasɔwo doa mo ɖa le ƒome siwo kpɔ dzidzedze kple esiwo me kuxiwo le siaa me. Gake ƒome kpɔdzidzedzewo ya ƒoa nu tso masɔmasɔawo ŋu evɔ womezãa gbɔɖiamenyawo kple dzugbewo, alo nya ƒaƒã bubuwo ɖe wo nɔewo ŋu o. Ƒomea me tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu abe ale si woadi be woawɔ nu ɖe yewo ŋui ene.—Mateo 7:12.

Nu si ta wòle vevie. Nyagbɔgblɔwo ate ŋu ade abi ame ŋu abe lãnuwo ene. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ.” (Lododowo 21:19) Le nyateƒe me la, woate ŋu agblɔ nya sia ke le ŋutsu dzikutɔ hã ŋu. Le vihehe gome la, Biblia gblɔ be: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Ðevi siwo ŋu wohea nya ɖo ɣesiaɣi la ate ŋu ava nɔ sesem le wo ɖokui me be yewomate ŋu awɔ nu adze yewo dzilawo ŋu gbeɖe o. Woate ŋu ava dzudzɔ agbagbadzedze kura gɔ̃ hã.

Te mɔfiame sia kpɔ. Ðo biabia siwo gbɔna ŋu nàtsɔ akpɔe ɖa be aleke gbegbee miedea bubu mia nɔewo ŋu le ƒomea me hã.

Le nye ƒomea me la, ɖe wòdzɔna zi geɖe be ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, míetea ŋu kpɔa egbɔ o negbe ɖeko ame ɖeka doa dziku doa go le xɔa mea?

Ne mele nu ƒom na srɔ̃nye kple vinyewo la, zi geɖe la, ɖe mezãa dzugbewo abe, “movitɔ,” “tagbɔkukutɔ,” alo esiawo tɔgbi enea?

Ame siwo zãa nya tɔamewo ɣesiaɣi la domee wonyim lea?

Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Bu mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yedea bubu ame ŋu le yeƒe nyagbɔgblɔ me la ŋu. (Susu aɖee nye esi: Ðoe be nànɔ ŋkɔteƒenɔnya si nye “me . . . ” zãm le wò nyagbɔgblɔwo me tsɔ wu be nànɔ “è . . . ” zãm. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be, “Mesea veve ne . . . ,” tsɔ wu be nàgblɔ be, “Ɣesiaɣi ko nè . . . ”)

Ðe manyo be nàna srɔ̃wò nanya tɔtrɔ si(wo) nèɖo be yeawɔ oa? Le ɣleti etɔ̃ megbe la, bia srɔ̃wò be ŋgɔyiyi kawoe yewɔ hã.

De ŋugble tso nu siwo akpe ɖe ŋuwò be mànɔ dzugbewo zãm o ne èle nu ƒom na viwòwo la ŋu.

Ðe manyo be nàɖe kuku na viwòwo ɣesiaɣi si nèkpɔe be yeƒo nu na wo dzikutɔe alo gbɔɖiametɔe oa?—g09 10-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Abe ale si ko ƒutsotsoewo nyia agakpe sesẽwo ene la, nenema kee nya tɔamewo gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ nu le ƒomea ŋu