Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu 5lia: Nugɔmesese Na Ame

Nu 5lia: Nugɔmesese Na Ame

Nu 5lia: Nugɔmesese Na Ame

“Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.”—Filipitɔwo 4:5.

Nu si wòfia. Le ƒome kpɔdzidzedzewo me la, atsu kple asia lɔ̃na faa tsɔna kea wo nɔewo. (Romatɔwo 3:23) Womenye ame siwo ƒe nya me sẽna kpaɖii alo ɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu na wo viwo hã o. Wodea se aɖewo siwo dzi anya wɔ la le ƒomea me. Ne ehiã be woahe to la, wowɔnɛ “ɖe ɖoɖo nu.”—Yeremiya 30:11.

Nu si ta wòle vevie. Biblia gblɔ be le “nunya si tso dziƒo gome la, . . . esea nu gɔme.” (Yakobo 3:17) Mawu ŋutɔ mebiaa blibodede tso amegbetɔ madeblibowo si o, ke nu ka tae wòle be atsu kple asi nàdii tso wo nɔewo si? Le nyateƒe me la, dziku koe nyahehe ɖe ame ŋu ɣesiaɣi ɖe vodada suesuesuewo ta hena vae, meɖɔa naneke ɖo o. Anyo wu be míalɔ̃ ɖe nyateƒenya si nye be “mí katã míewɔa vodada zi geɖe” la dzi.—Yakobo 3:2.

Dzila siwo léa be na woƒe ƒomea nyuie la ɖea nugɔmesesename fiana le nuwɔwɔ kple wo viwo me. Woƒe tohehe mesẽna akpa o, eye mesesẽna be woawɔ nu ‘adze wo ŋu o.’ (1 Petro 2:18) Wonaa ablɔɖe wo vi ƒewuivi siwo ɖenɛ fiana be woate ŋu aka ɖe yewo dzi la. Womekea ŋku ɖe nu sia nu me tsitotsito be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu si wo viwo wɔna dzi o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, agbagbadzedze be woake ŋku ɖe ƒewuiviwo ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me ahakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi “le ko abe ɣeɖuɖu sesĩe kpakple ŋusẽ blibo be tsi nadza ene. Tsi aɖeke madza o, ne ègbe ɖe eŋua, ɖeɖi koe ate ŋuwò.”

Te mɔfiame sia kpɔ. Ðo biabia siwo gbɔna ŋu nàtsɔ akpɔe ɖa be aleke gbegbee nèɖenɛ fiana be yesea nu gɔme na ame hã.

Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèkafu srɔ̃wò?

Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèhe nya ɖe srɔ̃wò ŋu?

Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Ne esesẽ na wò hafi nète ŋu ɖo biabia gbãtɔ si le aɖaka si le mia me la me ŋu gake ète ŋu ɖo evelia ya ŋu bɔbɔe la, ekema kpɔe ɖa be taɖodzinu kae nàɖo na ɖokuiwò be nàte ŋu anye ame si sea nu gɔme na ame hã.

Ðe manyo be mia kple srɔ̃wò miadzro nu siwo mi ame evea siaa miadi be yewoawɔ le nya sia me la me oa?

Mide ŋugble tso ale si miate ŋu ana ablɔɖe geɖe wu mia vi ƒewuivi si ɖenɛ fiana be woate ŋu aka ɖe ye dzi la ŋu.

Ðe manyo be mia kple mia vi ƒewuivia miaɖo dze faa ku ɖe nuwo abe ɣeyiɣi si wòle be wòagbɔ va aƒe me ene ŋu oa?—g09 10-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Abe ʋukula si gbɔa dzi ɖi ene la, ƒometɔ si sea nu gɔme la naa mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo