Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣletivi Ka Ƒomevie Fia Mɔ “Nunyalawo” Yi Yesu Gbɔ?

Ɣletivi Ka Ƒomevie Fia Mɔ “Nunyalawo” Yi Yesu Gbɔ?

Ɣletivi Ka Ƒomevie Fia Mɔ “Nunyalawo” Yi Yesu Gbɔ?

Wogblɔna tso ɣletivi la ŋu le Kristmas ŋutinya xɔŋkɔwo me be enye dzesi nyui tso dziƒo. Nyateƒeea?

▪ Ale si ɣletivi sia le etɔxɛe la he ‘nunyala’ siwo tso Ɣedzeƒe la ƒe susu, eye Biblia ŋlɔla Mateo gblɔ be, ɣletivi sia kplɔ wo va ɖevi sue Yesu gbɔ. (Mateo 2:1-12, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Wogblɔna tso ɣletivi sia ŋu le Kristmas ŋutinya xɔŋkɔ geɖe me be enye dzesi nyui tso dziƒo. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be ɣletivi la “nye ɖoɖo si Mawu wɔ do ŋgɔ . . . si dzi Fofo la to de bubu Via lɔlɔ̃a ŋu hena amewo nya be ye Vie.” Wodea bubu ɣletivi ma ŋu le Kristmas hadzidziwo gɔ̃ hã me. Nu ka tututue ɣletivi sia nye?

Ame aɖewo gblɔ be dzɔdzɔmenu aɖee dze le dziƒo wokpɔ. Agbalẽnyala geɖewo gblɔ be ɣletinyigba geɖewo ƒe ƒuƒoƒoe wònye wokpɔ. Gake abe ale si numekugbalẽ aɖe gblɔe ene la, “womate ŋu ayɔ [ɣletinyigbawo ƒe ƒuƒoƒo] be ‘ɣletivi’ wòasɔ le dzɔdzɔme nu o.” (The New Bible Dictionary) Ne ɣletinyigba geɖewo le zɔzɔm le wo nɔewo xa tututu hã la, womadze abe ɣletivi ɖeka ene le dziƒo o, ke boŋ woadze nu keklẽ vovovowo. Ame bubuwo gblɔ be anye dziƒonu bubuwo, abe ɣletivitoasike alo ɣe ƒe wówo ene ye. Ke hã, nu siawo dometɔ aɖeke mate ŋu anɔ dzedzem le ya me, eye wòafia mɔ amewo tso teƒe aɖe ahakplɔ wo ʋuu kaka ava du aɖe koŋ me ava nɔ te ɖe aƒe aɖe koŋ tame o.

Ðe wòate ŋu anye be ɣletivi ŋutɔŋutɔe ɣletivi sia nye loo alo ɣletivi aɖe si tso Mawu gbɔa? Bu nyateƒenya aɖewo ŋu kpɔ. Menye ame siwo woyɔna egbea be agbalẽnyalawoe ‘nunyala’ siwo ŋu woƒo nu tsoe le nudzɔdzɔ ma me la nye o, eye menye fiawo hãe wonye o. Ke boŋ abe ale si Eʋegbe Biblia siwo li egbea la dometɔ aɖewo ɖe eme ene la, wonye “ɣletivimefakalawo” alo “ɣletivimenunyalawo.” Woƒoa wo ɖokuiwo ɖe nane si ŋu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo tsi tsitre ɖo la wɔwɔ me. (5 Mose 18:10-12) De dzesii be le nuŋlɔɖia nu la, ɣletivimefakala siawo koe ‘kpɔ’ ɣletivia. Ne ɣletivi ŋutɔŋutɔe ɣletivi sia nye la, adze gaglã amewo katã nakpɔ. Eva hiã be Fia Herodes gɔ̃ hã naku nu me tsitotsito tso ɣeyiɣi si me ɣletivia dze ŋu. Ɣletivi sia fia mɔ ɣletivimefakalawo yi Herodes, si nye Yesu si ava nye Mesia le etsɔme la ƒe futɔ vɔ̃ɖi la, gbɔ le Yerusalem. Eɖoe be yeawu ɖevi sue Yesu. Emegbe ɣletivia trɔ mɔ ɖo ta anyiehe gome, eye wòfia mɔ ɣletivimefakalawo yi Betlexem, afi si Yesu nɔ, si wɔe be Yesu ƒe agbe ɖo afɔku me.

Nyateƒenya siawo ɖee fia be ame vɔ̃ɖi aɖe gbɔe ɣletivi sia tso, eye anɔ eme godoo be Satana Abosam gbɔe. Biblia gblɔ be ezãa “amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo.” (2 Tesalonikatɔwo 2:9) Eya ta Satana te ŋu na ɣletivimefakalawo ɖeɖe ko kpɔ nane le ya me, si dze abe ɣletivi ene, eye wòna “ɣletivi” ma kplɔ wo ʋuu va ɖo Mawu ƒe Vi si dim wòle be yeawu la gbɔ, eye esia mewɔ nuku na mí Kristotɔ vavãwo o. Gake le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu akpe Yehowa Mawu dzi o. Le esia ta mewɔ nuku o be agbagba si Abosam dze be yeawu Yesu le eƒe ɖevime la medze edzi o.

Ke hã, enye nu si ɖe dzesi be Mawu to nukunu aɖewo dzi ɖe gbeƒã Yesu dzidzi na amewo. Le zã si tututu me wodzi Yesu me la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia alẽkplɔla aɖewo heɖe gbeƒãe na wo be wodzi “Xɔla” aɖe. Mawudɔlaa gblɔ afi si wodzi Yesu le la hã na wo, ale be woate ŋu ayi aɖasrãe kpɔ. Emegbe mawudɔla gbogbowo dze wokpɔ henɔ Mawu kafum. (Luka 2:8-14) Mawudɔla mawoe Mawu zã tsɔ ɖe gbeƒã Yesu dzidzi na amewo, ke menye ɣletivi lae o.—g09-E 12.