Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Awu Kae Mado?

Awu Kae Mado?

Sɔhɛwo Biana Be

Awu Kae Mado?

Ðeko Heather dzra ɖo vɔ be yeado go koe nye ema, gake awu si wòdo la na edzilawo ƒe nu ku. Fofoa do ɣli biae be: “Nu kae ma nèdo?” Heather ƒe mo wɔ yaa wògblɔ be: “Nanee gblẽ le eŋua? Ðeko mía kple xɔ̃nyewo míeyina nu ƒle ge le fiase mee.” Dadaa gblɔ be: “Gake menye nu mae nàdo o ɖe!” Eɖo eŋu kple avigbe be: “Dada, nu ma koe mía tɔwo katã le dodom fiae, . . . eye eyae le tsia dzi!” Fofoa do ɣli be: “Ne eyae le tsia dzi hã, medzɔ dzi na mí kura o! Eya ta nyɔnu, trɔ yi xɔ me nàɖɔ lii kpoo, ne menye nenema oa, wò afɔ ɖeka mele dodo ge ayi afi aɖeke o!”

NYAƲIƲLI siawo tɔgbi li tso gbe aɖe gbe ke. Ðewohĩ dziwòlawo hã ʋli nya mawo tɔgbi kple wo dzilawo kpɔ esime wole abe wò ene. Eye anɔ eme be ɣemaɣi la, ɖeko woawo hã nɔ sesem le wo ɖokuiwo me abe ale si nèle sesem le ɖokuiwò me fifia ene! Gake fifia la, woƒe susu trɔ, eye awu si nàdo va zu nya mia kpli wo mienɔa ʋiʋlim.

Èbe: Mevo le eme nyuie.

Wobe: Ele ɖewoɖewoe akpa.

Èbe: Enya kpɔ ŋutɔ!

Wobe: Etɔ ŋku.

Èbe: Mexɔ asi kura o.

Wobe: Esi wolã akpa gã aɖe ƒu gbe le eŋu ɖe, nu ka ƒe asi wòaxɔ?

Ðe mɔ aɖe li si dzi miate ŋu ato akpɔ ta na nyaʋiʋli siawoa? Ɛ̃! Megan si xɔ ƒe 23 fifia la nya egbɔkpɔnua. Egblɔ be: “Mehiã kura be miaʋli nya o. Miate ŋu alɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi.” Alɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi aleke? Ðe esia fia be ele be nàdzra ɖo abe nyagã enea? Kura o! Be mialɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi fia ko be mia kple dziwòlawo miadzaka nyawo kpɔ ahakpɔe ɖa be tiatia kawoe ado dzidzɔ na mia kpli wo siaa hã. Vi kawoe esia wɔwɔ aɖe?

1. Wò dzedzeme anyo ɖe edzi, eye adze hawòtiwo gɔ̃ hã ŋu.

2. Ðewohĩ dziwòlawo maganɔ nya hem ɖe ŋuwò le wò nudodowo ta abe tsã ene o.

3. Ne dziwòlawo kpɔ ale si nèwɔ nu nyuie le go sia me la, woana ablɔɖe geɖe wò le nu bubuwo hã me.

Ekema nu kae wòle be nàwɔ? De ŋugble tso awu aɖe si nèkpɔ le Internet dzi alo le fiase aɖe me, si nèdi vevie be yeaƒle la ŋu kpɔ. Nu gbãtɔ si wòle be nàwɔe nye be nà. . .

Bu Biblia Me Gɔmeɖosewo Ŋu

Ènyaa, nya ʋɛ aɖewo koe Biblia gblɔ tso awudodo ŋu. Le nyateƒe me la, àte ŋu axlẽ Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame siwo ku ɖe awudodo ŋu tẽe la katã le miniti ʋɛ aɖewo ko me! Ke hã, ema ɖeɖe su be nàke ɖe mɔfiame nyui xɔasi geɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me:

▪ Biblia xlɔ̃ nu nyɔnuwo be woado awu “le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me.” *1 Timoteo 2:9, 10.

Nya “ameŋububu” si wozã le aɖaŋuɖoɖo ma me anya na nètsi dzi vie. Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be: “Ðe wòle be mado awu si menya kpɔ oa?” Menye nenema gblɔm míele o! Nu si ameŋububu fia le afi siae nye be wò awudodo naɖee afia be èdea bubu ɖokuiwò ŋu, eye nèbua ame bubuwo hã ƒe seselelãmewo ŋu. (2 Korintotɔwo 6:3) Awu geɖe li míate ŋu ado si aɖee afia be míebua ame ŋu. Danielle si xɔ ƒe 23 gblɔ be: “Asesẽ ya, gake àte ŋu akpɔ awu siwo le tsia dzi ado evɔ womanye esiwo ƒe atsyã gbɔ eme o.”

▪ Biblia gblɔ be, ele be míatsi dzi ɖe atsyɔ̃ɖoɖo na míaƒe “dzi me ƒe ame ɣaɣla” ŋu, alo abe ale si Agbenya Biblia gblɔe ene la, ɖe míaƒe dzedzeme “ememetɔ” ŋu, wu míaƒe gotagome dzedzeme.—1 Petro 3:4.

Awu aɖewo ƒomevi dodo ate ŋu ahe amewo ƒe susu ɖe ŋuwò vie ya, gake wò atsyɔ̃ɖoɖo ememetɔe ana tsitsiawo kple hawòtiwo siaa nade bubu ŋuwò ɖaa. Hawòtiwoa? Ɛ̃, woawo gɔ̃ hã ate ŋu ava de dzesii be viɖe aɖeke mele atsyã siwo gbɔ eme ŋu o. Brittany si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Ŋu megakpea nyɔnuwo egbea o, ale be wonɔa didim be yewoƒe nu nalé dzi na ŋutsuwo to woƒe awudodo me. Ewɔ nublanui ŋutɔ!” Kay hã gblɔ nya ma tɔgbi. Egblɔ tso ame aɖe si nye exɔlɔ̃ tsã ŋu be: “Nya si eƒe awudodo gblɔna koe nye: ‘Fofovi, kpɔm ɖa.’ Edi be ɖekakpuiwo nalɔ̃ yeƒe nya, esia ta edoa awu siwo wòkpɔ be ahe woƒe susu wu.”

Aɖaŋuɖoɖo: Ƒo asa na atsyã siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme ɖe ame me. Awu mawo tɔgbi dodo ana amewo nasusui be èle gbɔgblɔm be ame aɖeke melɔ̃ ye o, eya ta yedi be amewo nate ɖe ye ŋu. Afia hã be ɖokuiwò ŋu ko bum nèle. Woate ŋu ana amewo nanɔ fu ɖem na wò kple gbɔdɔnyawo—alo awɔ nu si vɔ̃ɖi wu ema gɔ̃ hã. Gake ne wò awudodo ɖenɛ fiana be èbua ame ŋu la, ana nànya kpɔ wu, eye wòaɖe nɔnɔme nyui siwo le asiwò la afia nyuie wu.

Xɔ Aɖaŋuɖoɖo Tso Dziwòlawo Gbɔ

Menye nu si me nunya le be nàtsɔ awu si tɔ ŋku ade akplo me ayi suku ava ɖɔ li esi nèdo tso aƒe me o. Nenye be mèɣlaa nya aɖeke ɖe dziwòlawo o, eye nètoa nyateƒe na wo le nu siwo nàsusu be ne yewɔ wo hã womanya o gɔ̃ hã me la, ekema woaka ɖe dziwò wu. Le nyateƒe me la, ne èdi be yeado awu aɖe la, bia dziwòlawo be aleke wokpɔe hã.—Lododowo 15:22.

Gake nu ka tae wòle be nàwɔ esia ɖo? Ðe esia wɔwɔ mana mɔnukpɔkpɔ dziwòlawo woava nɔ mɔ xem ɖe awu siwo ƒe atsyã dzɔ dzi na wò la dodo nu na wò oa? Kura o. Enye nyateƒe be ate ŋu adzɔ be dziwòlawo ƒe susu nato vovo na tɔwò ya. Gake ɣeaɖewoɣi la, nu ma tututue hiã. Nataleine si xɔ ƒe 17 la gblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe dzinyelawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu, elabena nyemedi be awu si medo hafi do le aƒe me la nava na maɖu ŋukpe, alo nye dzedzeme nana amewo nanɔ nya manyomanyo gblɔm le ŋunye o.”

Gawu la, nyateƒe lae nye be zi ale si nègakpɔtɔ le dziwòlawo gbɔ ko la, ègakpɔtɔ le woƒe ŋusẽ te. (Kolosetɔwo 3:20) Ke hã, ne èva se woƒe susuwo gɔme, eye woawo hã se tɔwòwo gɔme la, àva kpɔe be mia kpli wo miava nɔ lɔlɔ̃m ɖe nu ɖeka dzi zi geɖe. Esia awɔe be awudodo ƒe nyaʋiʋli la nu natsi mlɔeba!

Aɖaŋuɖoɖo: Ne èdo awu aɖe hekpɔ wò dzedzeme le ahũhɔ̃e me be enyo hã la, mègana ema ɖeɖe nana nàsusui be esɔ o. Ðewohĩ àsusu be awu si yedo la ɖe ameŋububu fia, gake ɖewohĩ ne ènɔ anyi alo bɔbɔ be yeatsɔ nane le anyigba la, àkpɔe be awua mesɔ kura o. Ne anya wɔ la, bia dziwòlawo alo xɔ̃wò aɖe si kpɔ nuteƒe wu wò la be aleke wòkpɔ awu si yedo hã.—g09-E 11.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Togbɔ be nyɔnuwoe Biblia me aɖaŋuɖoɖo ma yi na tẽe hã la, gɔmeɖose siwo le eme la ka ŋutsuwo hã. Kpɔ aɖaka si nye  “Ke Ŋutsuviwo Ya Ðe?”

BU NYA SIAWO ŊU

Bu awu aɖe si nèdi be yeaƒle la ŋu. Bia ɖokuiwò be:

▪ Nu kae wòana amewo “nasusu” tso ŋunye?

▪ Aleke wòate ŋu ana amewo nase le wo ɖokuiwo me?

▪ Ðe medi ŋutɔŋutɔ be amewo nase le wo ɖokuiwo me nenema, eye ɖe mele klalo be manɔ te ɖe emetsonuawo nua?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Awudodo Ŋuti Numedzrogbalẽvi

Mɔfiamewo: Wɔ axa sia ƒe kɔpi. Na dziwòlawo nakpe akpa si le ɖusime la ɖo, eye wò ŋutɔ nàkpe esi le miame la ɖo. Emegbe xɔ akpa si dziwòlawo kpe ɖo eye wò hã nàtsɔ esi nèkpe ɖo la ana wo, eye miadzro miaƒe ŋuɖoɖoawo me ɖekae. Ðe ŋuɖoɖoawo dometɔ aɖewo wɔ nuku na mia? Nu kae mia dometɔ ɖe sia ɖe de dzesi le ale si miaƒe susu le le awudodo ŋu tsã?

AKPA SI NÀKPE ÐO AKPA SI DZIWÒLAWO AKPE ÐO

Bu awu aɖe si koŋ Mibu awu aɖe si koŋ mia vi

nèdi be yeado alo sɔhɛa di be yeado alo aƒle

aƒle la ŋu. la ŋu.

▪ Nu ka tae awu sia koŋ ▪ Nu kae miesusu be eya tae dzɔ dzi na wò? Ŋlɔ mia via lɔ̃ awu ma?

xexlẽdzesi ɖe nu siwo gbɔna Mieŋlɔ xexlẽdzesi ɖe nu siwo

la gbɔ; ɖo wo ɖe ɖoɖo gbɔna la gbɔ; miɖo

nu tso esi le vevie wo ɖe ɖoɖo nu tso esi miesusu

na wò wu dzi. be wole vevie na mia via wu dzi.

․․․․․ Adzɔha si wɔe ƒe ŋkɔ ․․․․․ Adzɔha si wɔe ƒe ŋkɔ

․․․․․ Nye awua dzɔa dzi na ame ․․․․․ Edzɔa dzi na ame

siwo ƒe vidzinu siwo ƒe vidzinu

to vovo na tɔnye to vovo na etɔ

․․․․․ Edzɔa dzi na hanyetiwo ․․․․․ Edzɔa dzi na ehatiwo

․․․․․ Mevona le eme ․․․․․ Evona le eme

․․․․․ Ho si wòxɔ ․․․․․ Ho si wòxɔ

․․․․․ Bubuawo ․․․․․ ․․․․․ Bubuawo ․․․․․

▪ Nya si dzinyelawo agblɔ ▪ Nya si míagblɔ gbãe nye

ne medo awu siae nye

“Ðe awu ma da ɖi kaba!” “Ðe awu ma da ɖi kaba!”

“Àte ŋu adoe.” “Àte ŋu adoe.”

“Naneke megblẽ le eŋu o.” “Naneke megblẽ le eŋu o.”

▪ Nu si ta koŋ woagbe be ▪ Susu si tae míagbe be mado awu

magado awu ma o ye nye be ma o lae nye

“Etɔ ŋku.” “Etɔ ŋku.”

“Ele ɖewoɖewoe akpa.” “Ele ɖewoɖewoe akpa.”

“Eƒe atsyã gbɔ eme.” “Eƒe atsyã gbɔ eme.”

“Meƒoa nu nyui tso mí “Meƒoa nu nyui tso mí

edzilawo ŋu o.” edzilawo ŋu o.”

“Exɔ asi akpa.” “Exɔ asi akpa.”

Bubuawo ․․․․․ Bubuawo ․․․․․

ÐE MÍATE ŊU AKPƆ ESIA GBƆ ÐEKAEA?

▪ Mɔ kawo nue dzinyelawo ƒe ▪ Ðe wòanye be míawo ŋutɔwo

aɖaŋuɖoɖoa aɖe vi nam le? ƒe didi ko tae míele mɔ xem

․․․․․ ɖe awu sia dodo nu nɛa?

․․․․․ Ɛ̃ Ðewohĩ Ao

▪ Ðe nane li mawɔ tso ▪ Ðe nane li woate ŋu

awua ŋu be woalɔ̃ awɔ tso awua ŋu be míalɔ̃

madoea? wòadoea?

․․․․․ ․․․․․

NYAMETSOTSOA

․․․․․

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Nenye ‘atsyã’ si me wotɔ awu aɖe ɖo menya tsi tsitre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o ko la, naneke megblẽ le eŋu o. Nu nyui geɖewo li nàte ŋu aƒle evɔ nya aɖeke maku ɖe wo ŋu o.” —Derrick.

“Esime menye ƒewuivi la, medina be manɔ nu si nye ŋutɔ mesusu be enyo la wɔm. Nyemelɔ̃na be woagblɔ awu si wòle be mado la nam o. Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, meva de dzesii be amewo meva nɔ bubu dem ŋunye abe ale si mekpɔ mɔ nɛ ene o—va se ɖe esime meva nɔ wɔwɔm ɖe dzinyelawo kple ame tsitsi bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ko hafi.” —Megan.

“Ne mekpɔ nyɔnuviwo do awu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme ɖe ame me la, bubu si wòle be made wo ŋu la dzi ɖena kpɔtɔ. Gake ne mekpɔ amewo do awu siwo le tsia dzi evɔ wonye esi ɖe ameŋububu fia la, megblɔna na ɖokuinye be, ‘Nenemae medi be amewo nabu nye hãe ma.’”—Nataleine.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

 KE ŊUTSUVIWO YA ÐE?

Biblia me gɔmeɖose siwo me míedzro le nyati sia me la ka ŋutsuviwo hã. Do awu wòaɖee afia be èbua amewo ŋu. Na “dzi me ƒe ame ɣaɣla,” alo ame si ŋutɔŋutɔ nènye le ememe la naklẽ na amewo. Ne èdi be yeado awu aɖe la, bia ɖokuiwò be: ‘Nya kae wòagblɔ tso ŋunye? Ðe “nya si wòagblɔ” tso ŋunye la asɔ kple ame si menye ŋutɔŋutɔa?’ Ðo ŋku edzi be awu si nèdo la ɖea ame si nènye la fiana. Eya ta kpɔ egbɔ be awu siwo nèdona la wɔ ɖeka kple nu si dzi nèxɔ se la!

[Aɖaka si le axa 21]

NA DZILAWO

Bu kpɔɖeŋu si míetsɔ dze nyati sia gɔmee la ŋu kpɔ, eye tsɔe be viwòe nye Heather. Ède dzesii be awu si wòdo la mesɔ kura o—eya amea katã le dzedzem le eme. Ètsɔe kpee enumake be: “Nyɔnu, trɔ yi xɔ me nàɖɔ lii kpoo, ne menye nenema oa, wò afɔ ɖeka mele dodo ge ayi afi aɖeke o!” Nuwɔwɔ alea ate ŋu awɔe be viwònyɔnua nawɔ ɖe wò nya dzi ya. Ne míagblɔe la, naneke meli viwòa nawɔ wu be wòaɖo to wò o. Gake aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋu wòase nu si tae wòhiã be wòaɖɔ li awua gɔme?

▪ Gbã la, ɖo ŋku edzi be viwòa hã nyae be ele be yeadzra ɖo nyuie abe ale si wò hã nènyae ene, eye ɖewohĩ etsi dzi ɖe nu sia ŋu wu wò ŋutɔ gɔ̃ hã. Viwò sɔhɛa medi be yeƒe awudodo nana amewo nabu ye bometsila alo ahe amewo ƒe susu madzemadzee o. Tsɔ dzigbɔɖi ɖe eme nɛ be awu siwo ƒe atsyã gbɔ eme dodo menana ame ƒe nu nyoa amewo ŋu o. * Fia awu bubu siwo wòate ŋu ado lae.

▪ Evelia, ‘na amewo katã nanyae be nugɔmeselae nènye.’ (Filipitɔwo 4:5) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe esi eƒe dzadzraɖo mesɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu o tae loo alo esi medzɔ dzi na nye ŋutɔ o ko taea?’ (2 Korintotɔwo 1:24) Nenye be esi awua medzɔ dzi na wò ŋutɔ o ko tae la, ɖe nàte ŋu aɖe mɔ nɛ wòadoea?

▪ Etɔ̃lia, mègagblɔ na viwò sɔhɛa be awu si wòbe yeado la mesɔ o ko evɔ o. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ esi sɔ wòado. Ɣeyiɣi si nàzã ɖe esia wɔwɔ ŋu kple agbagba si wòahiã be nàdze la aɖe vi godoo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 77 Anɔ eme be viwò sɔhɛa tsia dzi ɖe eƒe dzedzeme ŋu vevie, eya ta kpɔ nyuie be wò nyagbɔgblɔwo magana wòase le eɖokui me be nane gblẽ le yeƒe dzedzeme ŋu o.