Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Le Eƒo Wòlé Eƒe Dzixɔsewo Me Ðe Asi

Dzi Le Eƒo Wòlé Eƒe Dzixɔsewo Me Ðe Asi

Dzi Le Eƒo Wòlé Eƒe Dzixɔsewo Me Ðe Asi

▪ Nyitsɔ laa le ŋkekenyui aɖe ɖuɣi la, wobia tso Morgan, si xɔ ƒe adre, si le gɔmedzesuku dem, la si be wòaxlẽ ŋutinya aɖe si ku ɖe Kristmas ŋu. Morgan gblɔ na eƒe nufiala be yebui be azã sia mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. Eƒe nufialaa ɖe mɔ nɛ be wòaxlẽ ŋutinya bubu aɖe si maɖe fu na eƒe dzitsinya o.

Emegbe la, wowɔ ɖoɖo ɖe wɔna aɖe ŋu, si me woana nu sukuviwo le, eye wokpe Morgan ƒe ƒomea hã. Ewɔ nuku na Morgan ŋutɔ esi wona nui le wɔnaa wɔɣi ɖe ale si dzi le eƒo wòlé eƒe dzixɔsewo me ɖe asi ta. Esi wobiae be nu kae kpe ɖe eŋu dzi te ŋu nɔ eƒo nenema hã la, eɖo eŋu be ye kple ye dzilawo yewoxlẽa agbalẽ aɖe si me nyawo wotu ɖe Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafiawo dzi, si woyɔna be Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ la ɖekae.

Dzilawo ate ŋu adzro axa 256 gbalẽ sia si me nɔnɔmetata dzeani geɖewo le la me kple wo viwo. Ta siwo le eme la dometɔ aɖewoe nye: “Nusita Mele Be Míada Alakpa O,” “Kplɔ̃ɖoɖo Ðesiaɖee Dzea Mawu Ŋua?,” kple “Nusi Akpe Ðe Mía Ŋu Be Míavɔ̃ O.”

Àte ŋu adɔ agbalẽ sia ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g09-E 12.

□ Medi be miaɖo agbalẽ sia ɖeka ɖem femaxee.

□ Taflatsɛ, miva wɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.