Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Nyemegalɔ̃a Aʋawɔwɔ O

Nu Si Ta Nyemegalɔ̃a Aʋawɔwɔ O

Nu Si Ta Nyemegalɔ̃a Aʋawɔwɔ O

ABE ALE SI THOMAS STUBENVOLL GBLƆE ENE

WODZIM le New York City le November 8, 1944. South Bronx, si nye nuto aɖe si me ma le gbe vovovo dolawo dome ɣemaɣi la, mee menɔ tsi. Esi menɔ ɖevime la, mezãa nye ɣeyiɣi akpa gãtɔ le gbɔ me, eye eteƒe medidi o meva nya be mele be mage ɖe gbevuha siwo le gbe bubu dolawo dome la ƒe liƒowo me o. Wovɔ̃a gbevuha mawo le woƒe nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ ta.

Esi mexɔ ƒe 12 la, meɖo gbevuha aɖe me. Míeyɔa mía ɖokuiwo be Ametakoliwo. Mía kple xɔ̃nyewo míeyia agbatsɔketekewo me ɖafia aɖaka siwo me azi tutu kple nuɖuɖu bubuwo le. Gbevuha siwo me sɔhɛ siwo le dodom le woƒe ƒewuiwo me le la wɔa kalẽ ŋutɔ. Gbevuha siawo wɔa avu edziedzi hekɔa wo nɔewo ƒe ʋu ɖi. Le avu siawo dometɔ ɖeka me la, wotɔ hɛ xɔ̃nye vevi aɖe wòku le ŋkunyeme.

Aʋawɔwɔ Va Lé Dzi Nam

Nyemekpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo míewɔna le gbevuhaa me la ŋu tututu o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nye didi katã koe nye be maʋu adzo le dua me. Nyruinye Eddie kpɔ gome le Korea Ʋaa me, eye wònye Amerika dukɔa ƒe ƒudzisrafoha (Marine Corps) me tɔ. Nya siwo nyruinye Eddie gblɔ tso ƒudzisrafoawo ŋu lé dzi nam ale gbegbe. Egblɔ nam be ƒudzisrafo ɖe sia ɖe nye tatɔ si wɔna ɖe se dzi, aʋawɔla sẽŋu siwo wɔa nu megbemakpɔmakpɔe. ƒudzisrafohaa ƒe adegbeƒonya si nye “Wɔ nuteƒe ɣesiaɣi” (Latingbe me nya Semper fidelis) la ɖe ale si wobiana tso asrafo siawo si be woawɔ nuteƒe ahatsɔ wo ɖokuiwo aɖo anyi na woƒe ha la fia nyuie. Eteƒe medidi kura o la, nu vevitɔ si medi be mawɔ le agbe me koe nye be mazu ƒudzisrafo bibi aɖe.

Le November 8, 1961, si nye gbe si gbe tututu mexɔ ƒe 17 la, woxɔm ɖe ƒudzisrafohaa me be woana hehem mazu asrafo. Mede ɣleti ene o, mewu hehe ma nu, eye mezu ƒudzisrafo. Esiae nye ƒe 11 siwo metsɔ wɔ asrafodɔ la ƒe gɔmedzedze.

Mezu asrafo le ŋutifafaɣi. Ke hã, ƒudzisrafowo nɔa hehexɔxɔ dzi ɖaa. Gbã la, woɖom ɖe Oahu le Hawaii, eye wona hehem le afi ma ƒe eve sɔŋ ku ɖe anyigbasrafo kple adzameʋawɔlawo ƒe aʋawɔɖaŋuwo ŋu. Meva bi ɖe tudada me ale gbegbe be ne wotsɔ nu si keke sentimeta 25 pɛ ko da ɖe teƒe si didi tso gbɔnye abe meta 460 ene la, metea ŋu daa tu wòlɔnɛ. Wofia Asiatɔwo ƒe kɔdada, bɔmbdada, nuwo gbagbã, anyigbatatawo gɔme sese, kple kadodomɔnuwo zazã hãm. Mekpɔ dzidzɔ ɖe nu sia nu si wofiam ɣemaɣi la ŋu ale gbegbe.

Esi míedzo le Hawaii la, wode dɔ asi na mí be míayi Japan aɖadzɔ aʋawɔnu siwo wozãna le ƒu gɔme la ŋu le ƒudzisrafowo kple yamesrafowo nɔƒe si le Atsugi, eye menɔ afi ma ɣleti ade sɔŋ. Eteƒe medidi o, masɔmasɔ si nɔ Amerika kple Dziehe Vietnam dome la va do gã ɖe edzi, eye wode dɔ asi na mía kple ƒudzisrafo aɖewo be míaɖawɔ dɔ le Amerika dukɔa ƒe meli si kɔa yameʋuwo, si woyɔna be Ranger la me. Míaƒe melia nɔ Tonkin Ƒukɔme, eye míawo hã míenɔa melia me nɔa bɔmb dam ɖe Dziehe Vietnam dua dzi. Mlɔeba meva le aʋa ŋutɔŋutɔ wɔm. Gake mesena le ɖokuinye me be melia me nɔnɔ na be nu ŋutɔŋutɔwo nɔ ŋunye tom.

Nu Siwo Ŋutɔŋutɔ Yi Edzi Le Aʋa La Me

Le ƒe 1966 ƒe ada me esime megakpɔtɔ le dɔ wɔm le Ranger la me la, mewu ƒe ene siwo wòle be matsɔ awɔ asrafodɔ la nu, eye woɖe mɔ nam be mate ŋu adzudzɔ asrafodɔa faa. Anye dzidzɔ na asrafo siwo le nɔnɔme sia me la dometɔ akpa gãtɔ be woatrɔ ayi wo de ale be woaƒo asa na ʋukɔkɔɖi gã si nɔ ŋgɔ gbɔna kpuie la. Gake nye ya mezu ƒudzisrafo si tsɔ eɖokui na dɔa bliboe, ɛ̃, mezu aʋawɔla bibi, eya ta dzodzo ya meva ta me nam kura o. Metso nya me be magana ŋkɔ ake hena asrafodɔa wɔwɔ.

Medi vevie be mawɔ aʋa. Ema wɔwɔ tae wona hehem ɖo. Eya ta metsɔ ɖokuinye na faa be manɔ anyigbasrafowo dome. Afi ka kee woɖaɖom ɖo o, nu si le vevie nam koe nye be manɔ ƒudzisrafoha la me. Nye taɖodzinu le agbe mee nye be manye ƒudzisrafo bibi, eye vivivi aʋawɔwɔ va zu mawu nam, si melɔ̃na vevie.

Le October 1967 me la, woɖom ɖe Vietnam. Esi meva ɖo afi ma la, metsi dzi vevie, nye lã me nɔ fiefiẽm, eye woɖom ɖe aʋagbe dzi le Quang Tri nuto me enumake. Gbe ma gbe ke mekpɔ gome le aʋa si me míekɔ ʋu geɖe ɖi le la me. Wonɔ amewo wum, eye bubuwo xɔ abi le ŋunye godoo. Ʋuʋudedi dea dzi kɔtɔɔ ne míaƒe futɔwo ƒe tukpewo va dze anyigba le mía dome. Bebeƒe aɖeke meli o, negbe avekɔe ʋɛ aɖewo ko. Ðeko mete tudada ɖe ya me. Nɔnɔmea dzi ŋɔ ŋutɔ. Mesusu be evɔ nam. Gake mlɔeba aʋa la va ke. Metsi agbe le aʋaa me, gake asrafo bubu siwo míekɔ gbɔe ya ku.

Le ɣleti 20 siwo kplɔe ɖo me la, mekpɔ gome le Vietnam Ʋaa ƒe akpa si nu sẽ wu ɖe sia ɖe la me. Medaa tu kwasiɖa bliboa zã kple keli, alo nɔa bebem be woagada tum o, medea xa ɖi na futɔwo loo alo woawo dea xa ɖi nam. Zi geɖe le ɣeyiɣi mawo me la, do siwo me mebena ɖo hafi nɔa tua dam futɔawo la me zua baba sɔŋ le tsidzaɣiwo. Ɣeaɖewoɣi la, vuvɔ wɔna ale gbegbe be enu menya nɔna o. Do siawo mee meɖua nu le, woawo ke mee medɔna.

Megena ɖe ave dodoewo me nɔa yiyim nɔa gbɔgbɔm henɔa futɔwo dim be mawu, eye futɔawo ate ŋu ado tso avekɔeawo me adze dzinye ɣesiaɣi. Ɣeaɖewoɣi la, futɔawo nɔa bɔmb dam ɖo ɖem atraɖii gaƒoƒo geɖe. Le aʋa si míewɔ le teƒe aɖe si te ɖe Khe Sanh ŋu me la, míaƒe asrafoha suea me tɔ etɔ̃ kloe le ame ene ɖe sia ɖe dome ku alo xɔ abi—mí ame 13 koe nuvevi aɖeke mewɔ o.

Le January 30, 1968 me, si nye ƒe ɖeka kple edzivɔ megbe la, woɖem va asaɖa aɖe me, eye afi mae medɔ avɔgbadɔ me le zi gbãtɔ. Tu gã aɖe ƒe ɖiɖi sesĩe nyɔm tso alɔ̃ me ŋdi kanya ma hegblẽ gbɔdzɔe vi si mekpɔ la me. Tukpe wluiwluiwo ƒo ɖe nye abɔta kple dzime. Mexɔ abi. Futɔwo dze mía dzi vevie ŋdi ma.

Abi siwo mexɔ la na be wona dzesi si wotsɔ dea bubu asrafo siwo xɔ abi ŋu, si woyɔna be Purple Heart lam, gake abiawo nu mesẽ nenema gbegbe be nyemagate ŋu awɔ aʋa o. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke kura hafi ɖɔktawo ɖe tukpeawo le lã me nam o, eye eteƒe medidi o megadze mɔ ɖo ta Hue, afi si wowɔ aʋa siwo nu sẽ la dometɔ ɖeka le. Mewu ame le afi ma eteƒe mekɔ o. Futɔawo wuwu meɖia naneke le ŋkunyeme kura o. Menɔ aƒewo me yim le ŋkeke me nɔ futɔawo dim henɔ wo wum ŋkeke 32 sɔŋ.

Ɣemaɣi la, mesena le ɖokuinye me be naneke megblẽ le nu mawo ŋu o. Megblɔ le ta me be: ‘Esɔ nenema, elabena futɔawo le ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi maɖifɔ akpeakpewo wum le Hue dua me. Amewo ku tsi kpɔdomeewo kple ablɔwo dzi kpaŋkpaŋ. Futɔawo ɖi bɔmbwo ɖe afi sia afi na mí, eye woɣlaa wo ɖe ame kuku aɖewo gɔ̃ hã te. Míenɔa ŋudzɔ ɖe futɔ siwo dea xa ɖi la ƒe mía dzi dzedze ŋu ɣesiaɣi.’ Esiawo dometɔ aɖeke meɖe dzi le ƒonye o. Mesusu be futɔawo wuwue nye nu nyuitɔ si wòle be mawɔ.

Meva Lɔ̃ Aʋawɔwɔ Ale Gbegbe

Le Hue ʋaa wɔwɔ megbe kpuie la, mewu ɣleti 13 si wòle be magawɔ asrafodɔ le du ma me la nu. Gake aʋa la nɔ edzi yim le Vietnam dua ƒe akpa bubuwo, eye medi be magakpɔ gome le eme geɖe wu. Eya ta mena ŋkɔ be woaɖe mɔ nam maganɔ Vietnam ayi aʋaa wɔwɔ dzi. Menye asrafomegã te nɔla ɣemaɣi, eye wode dɔ tɔxɛ aɖe asi nam. Dɔ lae nye be makplɔ ƒudzisrafoawo dometɔ aɖewo ayi kɔƒe suesuewo me le nuto aɖe me. Míede ha kple nutoa me tɔwo le kɔƒe mawo me, eye míena hehe wo tso ale si woawɔ akpɔ woƒe kɔƒeawo tae la ŋu. Míenɔa ŋudzɔ ɣeawokatãɣi le esi futɔawo bena dzaa tsakana kple kɔƒeawo me tɔwo zi geɖe ta. Míenɔa zɔzɔm dzadzadza le zã me nɔa futɔawo dim, nɔa wo lém henɔa wo wum. Togbɔ be nɔnɔmea nu sẽ alea hã la, ɖeko ale si melɔ̃ aʋawɔwɔ la me gasẽ ɖe edzi.

Nye dɔdeasi evelia sia le Vietnam nu va yi kaba ŋutɔ. Megabia ake be woaɖe mɔ nam manɔ Vietnam ayi aʋaa dzi. Nye tatɔwo megaɖe mɔ nam azɔ o, ɖewohĩ esi wode dzesii be meva lɔ̃ aʋawɔwɔ akpa ta. Gake megakpɔtɔ nye ƒudzisrafo kokoko. Woɖom ɖe Amerika be manye aʋawɔɖaŋu ŋuti nufiala si naa hehe asrafo yeyewo. Nye ŋku biã ɖe aʋawɔɖaŋufiafiadɔ sia ŋu ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. Nu geɖe li mafia asrafo yeye siawo, eye mewɔ nye ŋutete katã be matrɔ asrafo yeye siawo dometɔ ɖe sia ɖe wòazu aʋawɔla bibi abe nye ŋutɔ ene.

Tameɖoɖo Nyui Va Le Nye Agbe Ŋu

Medze xɔ̃ hati aʋawɔɖaŋu ŋuti nufiala aɖe. Srɔ̃a dzo le egbɔ eteƒe medidi o koe nye ema. Nɔvianyɔnu Christine Antisdel si zu Yehowa Ðasefo eteƒe medidi o la doe ɖa be yeaʋu ava tsi egbɔ ale be yeakpe ɖe eŋu le via sue eveawo gbɔ kpɔkpɔ me. Emae nye zi gbãtɔ si mese Ðasefowo ŋkɔ.

Katolikotɔwoe dzinyelawo nye, eye mede Katoliko suku ƒe enyi sɔŋ. Menye misasubɔvi gɔ̃ hã le míaƒe sɔlemea me. Ke hã, nyemenya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o. Christine na nɔnɔme ma trɔ. Efia Biblia me nyateƒe siwo ŋu nya nyemese kpɔ o lam. Mesrɔ̃ nu siwo tututu Biblia fia, kple nu siwo Biblia mefia o.

Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃e be Biblia mefia nu be Mawu hea to na amewo le dzo mavɔ me le woƒe ku megbe o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Mefia nu be Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye o. (Yohanes 14:28) Ke boŋ nu siwo Biblia fiae nye be Mawu aɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, vevesese kple ku ɖa, eye be ameƒomea me tɔ toɖolawo anɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi tegbee. (Psalmo 37:9-11; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mesrɔ̃ agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu siwo Mawu ɖo la hã. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Mesrɔ̃e be ŋkɔ le Mawu si, ŋkɔ mae nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Nu siawo katã nyanya lé dzi nam ŋutɔ!

Le November 1972 me la, woɖem yi asrafowo ƒe asaɖa bubu aɖe me be maɖafia aʋawɔɖaŋu asrafomegãwo te nɔlawo. Asaɖa ma mee Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim le. Mede Ðasefowo ƒe kpekpewo, eye xɔlɔ̃wɔwɔ kple nɔviwɔwɔ akuaku si le wo dome la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Gake zi ale si meyi edzi le Biblia srɔ̃m la, zi nenemae nye dzitsinya hã ɖea fu nam. Nye agbenɔnɔ mewɔ ɖeka kple nyateƒenya siwo le Biblia me la kura o. Metsɔ ɖokuinye ɖo anyi be mawɔ aʋa aʋli nye dukɔ ta ahado ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ, evɔ Mawu ya lé fu nuwɔna siawo.

Meƒo nya ta be manya wɔ be manye ƒudzisrafo aganye Yehowa Mawu subɔla o. Ɣemaɣie ale si melɔ̃ aʋawɔwɔ la nu tsi. Metso nya me be maɖe asi le asrafodɔa ŋu. Esi mewɔ agbalẽ siwo hiã, wobia gbem, eye tagbɔdɔléleŋutinunyalawo dom kpɔ ɣleti geɖe megbe la, woɖe mɔ nam be mate ŋu adzudzɔ asrafodɔa faa—gake fifia ya abe ame si gbe be yemawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta ene. Esiae nye ƒe 11 siwo metsɔ nɔ ƒudzisrafoha me la ƒe nuwuwu.

Fifia mate ŋu agblɔ nya siwo dze le Yesaya 6:8 na Yehowa be: “Nyee nye esi, dɔm!” Ɛ̃, mele klalo be mazã nye ŋusẽ kple dzonɔameme atsɔ asubɔ Mawu vavã la, ke menye be matsɔ awɔ dɔ le ƒudzisrafoha me o. Mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo le July 27, 1973 dzi. Ɣleti atɔ̃ megbe la, meɖe Christine Antisdel, si nye Yehowa Ðasefo gbãtɔ si medo go.

Mía kple Christine míezã ƒe 36 siwo míetsɔ li ɖekae la tsɔ kpe ɖe amewo ŋu bene Biblia ŋuti sidzedze nasu wo si, eye woate ɖe Mawu ŋu. Míewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Dominican Republic ƒe enyi sɔŋ. Le ƒe 18 siwo va yi me la, mesubɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene. Mía kple srɔ̃nye míesrã Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo doa Spaingbe le Amerika la dometɔ alafa geɖe kpɔ.

Va se ɖe egbe la, nyemeléa seselelãme kple susu me dɔ aɖeke le aʋa siwo mewɔ va yi ta o. Blanuiléledɔ si nana wonɔa nu tramatramawo wɔm, si aʋawɔlawo léna la meɖea fu nam o, nyemekua drɔ̃e baɖabaɖawo o, eye nyemenɔa ŋku ɖom nu dziŋɔ siwo dzɔ le aʋaa me la hã dzi enuenu o. Ke hã, esi meva te ɖe Yehowa Mawu ŋu la, eveam vevie be meɖe hanyevi geɖe ƒe agbe ɖa le aʋa la me.

Tɔtrɔ gã aɖe ŋutɔe mewɔ, gake tɔtrɔ nyuitɔe wònye. Fifia mesena le ɖokuinye me be Mawu tsɔ nu vɔ̃ siwo mewɔ va yi la kem. Le esi manɔ amewo ƒe agbe ɖem ɖa teƒe la, dɔ si ŋu mevu ɖo fifiae nye be mana agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nasu amewo si. Esi menye ƒudzisrafo la, meɖe dzonɔameme si mesɔ o fia, eye mewɔ nu siwo katã mewɔ la le manyamanya me. Azɔ esi mezu Yehowa Ðasefo heva nya nu si nye Biblia ƒe nufiafia la, nu sia nu si mewɔna la, mewɔnɛ kple kakaɖedzi sẽŋu be Mawu vavã gbagbe aɖe li, be enye Mawu lɔ̃ame, eye be nu nyui sɔŋ koe ame siwo lɔ̃nɛ heɖoa toe la akpɔ mlɔeba.—g09-E 12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Medaa tu kwasiɖa bliboa zã kple keli, alo nɔa bebem be woagada tum o, medea xa ɖi na futɔwo loo alo woawo dea xa ɖi nam

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Esi meva te ɖe Yehowa Mawu ŋu la, eveam vevie be meɖe hanyevi geɖe ƒe agbe ɖa le aʋa la me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Etame: esime menye aʋawɔɖaŋu ŋuti nufiala; miame: esime menɔ anyigbasrafowo dome le Vietnam

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Abi siwo mexɔ la na be wona Purple Heart ƒe dzesim, gake abiawo nu mesẽ nenema gbegbe be nyemagate ŋu awɔ aʋa o

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple Christine míezã ƒe 36 siwo míetsɔ li ɖekae la tsɔ kpe ɖe amewo ŋu bene Biblia ŋuti sidzedze nasu wo si