Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zã Mɔɖaŋunuwo Ameŋububutɔe, Eye Mègagblẽ Ga Ðe Wo Ŋu Fũu O

Zã Mɔɖaŋunuwo Ameŋububutɔe, Eye Mègagblẽ Ga Ðe Wo Ŋu Fũu O

Zã Mɔɖaŋunuwo Ameŋububutɔe, Eye Mègagblẽ Ga Ðe Wo Ŋu Fũu O

Katherine, si le eƒe ƒe 20-awo me la zãa kɔmpiuta le dɔ me. Gake le aƒe me la, Internet dzi ko wònɔna ɣesiaɣi nɔa nyatakakawo dim, nɔa nu siwo wòdi be yeaƒle dɔm, eye wònɔa e-mail gbogbo siwo woɖona ɖee la ŋu ɖom. Ke hã, ne wotsɔ ɣeyiɣi si wòzãna le mɔɖaŋunuwo ŋu sɔ kple eƒe dɔwɔhati siwo metsi de enu o tɔ la, etɔa mesɔ gbɔ kura o. Ebiana be: “Nu ka tae wonɔa fu ɖem nam kple nu manyatalenuwo ŋɔŋlɔ nam? Amegbetɔe menye ɖe! Nu ka tae womaƒo nu kplim le telefon dzi o?”

EDZE abe Katherine ƒe nyawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ene, elabena dzeɖoɖo le telefon dzi hã menye dzeɖoɖo kple ame ŋkume kple ŋkume o. Gake nya si Katherine gblɔ la le eme le mɔ aɖe nu: Le nyateƒe me la, mɔɖaŋunu siwo wowɔ be woatsɔ ana amewo nanɔ kadodo me kple wo nɔewo la dometɔ geɖe ate ŋu awɔe be amewo maɖe woƒe seselelãmewo afia wo nɔewo o. Be nàda asɔ le mɔɖaŋunuwo zazã me la, na míadzro Biblia me gɔmeɖose siwo gbɔna la me.

“Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Ne míetsɔ Yesu Kristo ƒe nya siawo de dɔwɔwɔ me le asitelefon kple kɔmpiuta zazã me la, míawɔ nu ɖe amewo ŋu bubutɔe, eye míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Anne gblɔ be: “Esi mía kple srɔ̃nye míele nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe aɖe la, míekpɔ ŋutsu eve hã wole nu ɖum le kplɔ̃ aɖe si te ɖe mía ŋu la ŋu. Gake wo dometɔ ɖeka zã ɣeyiɣi bliboa tsɔ nɔ dze ɖom le eƒe asitelefon dzi esime wole nua ɖum. Ame evelia ƒe nu wɔ nublanui na mí ŋutɔ elabena ame kemɛa ƒe nuwɔna fia be metsɔ ɖeke le eme nɛ o.” Aleke nàse le ɖokuiwò me nenye wòe nye ŋutsu ma? Ave wòa? Àdo dzikua? Nyateƒee, menye esi wònye be míate ŋu azã asitelefon le afi sia afi kloe le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me tae wòle be míazãe o. Ele be Yesu ƒe nya mawo nafia mɔ mí.

“Mikpɔ nyuie, be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Ɣeyiɣi nye nunana xɔasi tso Mawu gbɔ, eye mele be míagblẽ edome o. Enye nyateƒe be mɔɖaŋunuwo ate ŋu ana míawɔ nanewo kabakaba wu ya. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ato Internet dzi awɔ numekuku, ade ga gadzraɖoƒe, alo adɔ nu siwo míedi be míaƒle la kaba wu. Gake Internet ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi na mí hã ne míezãa gaƒoƒo geɖe tsɔ nɔa Internet zãm evɔ menye le susu gobii aɖeke ta o.

Nu bubu si hã gblẽa ɣeyiɣi na amee nye nu geɖewo wɔwɔ le ɣeyiɣi ɖeka me—anɔ dɔ wɔm le kɔmpiuta dzi aganɔ television kpɔm ahanɔ dze ɖom le telefon dzi, alo anɔ e-mail ɖom ɖe amewo kple bubuawo. Nu ka tae nu geɖewo wɔwɔ le ɣiyiɣi ɖeka me maɖe vi o?

Ahɔhɔ̃ŋutinunyala Ðɔkta Jordan Grafman gblɔ be: “Ne èle nu geɖe wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me la, asesẽ ŋutɔ be wò susu nànɔ nu siwo wɔm nèle la dometɔ aɖe ŋu nyuie.” Nya lae nye be míaƒe susu mate ŋu anɔ nu geɖewo ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me o; míate ŋu awɔ wo katã wòade edeƒe o. Eya ta nu geɖe wɔwɔ le ɣeyiɣi ɖeka me ate ŋu awɔe be ɖeko míase nuawo gɔme ɖewoɖewoe, eye míate ŋu alé wo ɖe susu me nyuie o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, susua tɔtrɔ ɖe nu vovovowo ŋu kabakaba wɔnɛ be wodaa vo geɖe, eye le nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Time ƒe nya nu la, “dɔawo wɔwɔ xɔa ɣeyiɣi geɖe wu ale si wòanɔ ne ɖe wowɔ wo ɖekaɖeka—zi geɖe la, exɔa ɣeyiɣi si woazã la ƒe teƒe eve alo esi wu nenema.” Eya ta bu ta me nyuie hafi nàtiae be yeawɔ dɔ geɖe le ɣeyiɣi ɖeka me; ɖewohĩ ɣeyiɣia mava su nàwɔ nu siwo katã wòle be nàwɔ le ŋkekea me o!

“Minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” (Luka 12:15) Ŋutilãmenunɔamesiwo mate ŋu ana agbe mí alo ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ o, eɖanye aleke kee woɖaxɔ asi alo nya kpɔe o. Mawu ɖeka koe ate ŋui. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) Gake asitsalawo ya gblɔna be ŋutilãmenuwo ƒe amesisusue nana ame kpɔa dzidzɔ. Wodoa boblo be: ‘Ƒle nu, ƒle nu, ƒle nu. Ele be nu yeye siwo le tsia dzi la nanɔ asiwò.’ Mègana woaflu wò o. Ke boŋ dze nunya. De ŋugble tso nu si nèɖo be yeawɔ kple nu siwo hiã wò ŋu nyuie hafi nàtsɔ ga si nèku kutri kpɔ la aƒle nanee. Ðo ŋku edzi hã be eteƒe medidina hafi mɔɖaŋunu deŋgɔ geɖewo meganɔa tsia dzi o. Eya ta ne ehiã be nàƒle mɔɖaŋunu aɖe la, bia ɖokuiwò gbã be: ‘Ðe wòle be maƒle esi le tsia dzi kokokoa? Eye ɖe wòle be maƒle esi woate ŋu azã na nu geɖewo wɔwɔ, si xɔ asi evɔ nyemate ŋu ava kpɔ ɣeyiɣi ɖe ezazã ŋu oa?’

Ðe Woanye Yayra Alo Fiƒode Na Wòa?—Ekpo Ðe Gbɔwò

Katherine si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la tsi dzi vevie esi kɔmpiuta si wòzãna le aƒe me la gblẽ. Egblɔ be: “Gbã la, ete ɖe dzinye ale gbegbe, gake meɖoe be ɣeyiɣi aɖe nava yi hafi maƒle bubu ɖe eteƒe. Le ɣleti ɖeka megbe la, nye dzi dze eme vie, eye mekpɔa ɣeyiɣi xlẽa nu geɖe wu. Mezãa kɔmpiuta le dɔ me, eya ta mate ŋu anɔ ema zãm atsɔ anɔ kadodo me kple xɔ̃nyewo le kpakpã le dɔ me megbe. Gake nyemegasena le ɖokuinye me fifia be ele kokoko be manɔ Internet zãm ɣesiaɣi o. Mɔɖaŋunuwo megaɖua aƒetɔ ɖe dzinye azɔ o.”

Le nyateƒe me la, aɖaŋunu siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo to vae la dometɔ geɖe ɖea vi, eye woate ŋu aɖe ɣeyiɣi kple ŋusẽ siwo míezãna ɖe nanewo wɔwɔ ŋu la dzi akpɔtɔ. Eya ta zã wo ne ehiã, gake zã wo le nunya kple ameŋububu me. Aleke nàwɔe? Tsɔ ɖe le eme na amewo wu mɔɖaŋunuwo. Ƒo asa na ɣeyiɣi kple ga gbegblẽ ɖe mɔɖaŋunuwo kple kɔmpiuta dzi dɔwɔɖoɖo siwo mehiã o la ŋu. Mègazã Internet alo nyatakakamɔnu bubuwo atsɔ anɔ agbe gbegblẽ nuwɔnawo alo ŋutasẽnuwɔwɔwo kpɔm o. Eye mègaɖe mɔ mɔɖaŋunuwo zazã nazu “numame gbegblẽ” na wò o. Kpuie ko la, dze nunya—tsɔ gɔmeɖose siwo ɖea vi ɣesiaɣi, siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ɖe eƒe Nya, Biblia Kɔkɔea, me la de dɔwɔwɔ me. Ɛ̃, “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”—Lododowo 2:6.—g09-E 11.

[Aɖaka si le axa 9]

Ale Si Míaɖe Nɔnɔme Nyui Afia Le Asitelefon Kple Kɔmpiuta Zazã Me

Aleke nàte ŋu azã asitelefon alo kɔmpiuta le ameŋububu me? Wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi.

▪ Ƒo asa na dzeɖoɖo le telefon dzi ne aɖe fu na ame aɖe le ɣeyiɣi ma me alo le teƒe si nèle. Tsi wò asitelefon la ne ehiã.

▪ Mègana telefon la zazã natso dze vevi si ɖom nèle kple ame aɖe ŋkume kple ŋkume la me o, negbe ɖe wòhiã ŋutɔŋutɔ.

▪ Ne èle dze ɖom kple ame le telefon dzi la, na wò susu katã nanɔ amea ŋu.

▪ Mègazã wò asitelefon tsɔ ɖe foto ame aɖe nenye be aɖe fu na amea alo abui amemabumabui o.

▪ Ƒo asa na e-mail “dodzidzɔname” ɖe sia ɖe si nàxɔ la ɖoɖo ɖe ame bubuwo. Ðewohĩ ame mawo ya makpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o.