Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒomea Nadzro Eme

Ƒomea Nadzro Eme

Ƒomea Nadzro Eme

Nu Kae Mede Le Nɔnɔmetata Sia Ŋu O?

Mixlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:15-22. Fifia mitrɔ ɖe nɔnɔmetataa ŋu. Eƒe akpa kawoe meli o? Miŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fliawo dzi le ete.

1. ․․․․․

2. ․․․․․

3. ․․․․․

NUMEDZODZRO:

Nu ka tae Gideon kple eƒe amewo te ŋu ɖu aʋaa dzi? Nu kae na dzi nɔ Gideon kple eƒe amewo ƒo nenema? Ɣekaɣiwoe wòahiã be dzi nanɔ wò hã ƒowò abe Gideon ene?

NU KAE NÈNYA TSO FIA DAVID ŊU?

4. Nɔviŋutsu tsitsi nenie le David si?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Samuel 16:10, 11.

․․․․․

5. David nɔvi xoxoetɔ ŋkɔ ɖe?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Samuel 17:28.

․․․․․

NUMEDZODZRO:

Èsusu be nu ka tae David nɔvi xoxoetɔ wɔ nu ɖe eŋu adãtɔe nenema? Nu ka tae wòle be nàwɔ nu ɖe nɔviwò ŋu le tufafa me?

TSO TATA SIA ME

Ðo biabia siwo gbɔna ŋu, eye nàŋlɔ mawunyakpukpuia ƒe akpa si susɔ.

AXA 18 Ɣeyiɣi didi kae wòle be srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ase ɖo? Mateo 19:․․․

AXA 23 “Bubu wònye [na ame]” be wòawɔ nu ka? Lododowo 19:․․․

AXA 29 Nu kae nunyala wɔna ne ekpɔ be vɔ̃ gbɔna? Lododowo 22:․․․

AXA 30 Nu kae Mose ƒe Sea bia be woawɔ ame si na fu ge na funɔ? 2 Mose 21:․․․

● Ŋuɖoɖowo

ŊUÐOÐOWO

1. Kpẽwo.

2. Zewo.

3. Akakatiwo.

4. Adre.

5. Eliab.