Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Mia Kple Ame Aɖe Miele Ŋugbedodo Me

Ne Mia Kple Ame Aɖe Miele Ŋugbedodo Me

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ne Mia Kple Ame Aɖe Miele Ŋugbedodo Me

Julie kple Lee le ŋku lém ɖe wo nɔewo ŋu kple susu be yewoava ɖe yewo nɔewo. Woɖoe be yewomadɔ o va se ɖe esime yewoɖe yewo nɔewo. * Gake esi wo ame evea ɖeɖe li fiẽ aɖe la, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nyɔ ɖe wo me. Gake wonyɔ le wo ɖokui me ale be dzodzro ma mekplɔ wo de nu gbegblẽ gã aɖeke wɔwɔ me o.

MENYE mawunya seƒe yiyi kwasiɖa sia kwasiɖa koe fia be ame le Mawu subɔm ŋutɔŋutɔ o. Mawusubɔsubɔ dzena le ame ƒe nuwɔna kple ale si wònɔa agbe nyui me. Yesu Kristo gblɔ be ame siwo le Mawu ƒe “lɔlɔ̃nu wɔm” la ko ƒe nue dzea eŋu. (Mateo 7:21) Eya ta hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be ŋutsu kple nyɔnu nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le bubu me, eye ne míedi be míaɖe ame aɖe ko hafi míate ɖe eŋu.

Aleke mia kple ame si nèdi be yeaɖe la miawɔ anɔ agbe dzadzɛ le Mawu ŋkume, vevietɔ esi ame geɖewo metea ŋu ɖua wo ɖokuiwo dzi le gbɔdɔnyawo me o? Gbã, ele be nànyae be mía ŋutɔwo ƒe viɖe tae Mawu ƒe sewo li ɖo. Evelia, nyae be amegbetɔ mede blibo o, eya ta eƒe nuwɔnawo masɔ ɣesiaɣi o. Etɔ̃lia, miɖo ale si miawɔ nu ɖe mia nɔewo ŋu. Enelia, mibu Mawu ŋu. Na míadzro nya siawo me ɖekaɖeka.

Se Siwo Kpɔa Mía Ta

Yesaya 48:17, 18 gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”

Nyateƒee, mía ŋutɔwo ƒe viɖewo tae se kple gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me la li ɖo. (2 Timoteo 3:16, 17) Woɖoa kpe edzi na mí be mía Wɔla la tsɔa ɖe le eme na mí, eye be edi be míakpɔ dzidzɔ, eye nu nadze edzi na mí le agbe me. (Psalmo 19:8-11) Nenema nèbua woea? Ne nenemae la, ke èdze nunya nyateƒe.

Dze Si Ðokuiwò

Yehowa nye mía xɔlɔ̃ vavã, eye wòtoa nyateƒe na mí; egblɔ ale si tututu míele la na mí. Le kpɔɖeŋu me, eƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?” (Yeremiya 17:9) Biblia gblɔ hã be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke ame si zɔna le nunya me la, woaɖee.”—Lododowo 28:26.

Aleke ame eve siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo ate ŋu ava nɔ dzi ɖom ɖe woa ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu? Mɔ ɖekae nye ne woɖea mɔ le wo ɖokuiwo ŋu, ale be woawo ɖeɖe va nɔa aga akpa, abe ame eve siwo ƒe nya míegblɔ va yi ene. Mɔ bubue nye ne woŋea aɖaba ƒua aɖaŋu nyui siwo wo dzila vɔ̃mawuwo ɖona na wo la dzi. Dzilawo nyae be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna, vevietɔ le sɔhɛmenɔɣi, gake ele be woadze agbagba aɖu edzi.

Eya ta sɔhɛ siwo “zɔna le nunya me” la bua aɖaŋu si wo dzilawo ɖo na wo la nu vevii. Ðewohĩ menye nya mawoe woadi be yewo dzilawo nagblɔ na yewo hafi o, gake wonyae be esi wolɔ̃ yewo tae wogblɔnɛ ɖo; eya ta woɖoa to. Eme kɔ be ame si lɔ̃ wò wu lae nye Fofowò si le dziƒo, si nye Yehowa Mawu, ame si xlɔ̃a nu wò be: “Ðe dziku ɖa le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã.” (Nyagblɔla 11:9, 10) Aleke nàwɔe? Eyae nye be nàgbe dzodzro gbegblẽwo dzi wɔwɔ.

Miɖo Ale Si Miawɔ Nu Ðe Mia Nɔewo Ŋu

“Nunya le ame siwo léa nya kpɔ kple wo nɔewo la dome.” (Lododowo 13:10, NW) Nu si ame aɖewo wɔna tso gɔmedzedzea me kee nye be wowɔna ɖe Biblia me nya siawo dzi heɖoa afi si woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo ase ɖo, eye wokpɔa egbɔ be yewowɔ ɖe nu siwo dzi yewolɔ̃ ɖo la dzi. Be woanɔ teƒeteƒewo lém na ame nɔewo alo aka ɖe ame ɖokui dzi akpa le abe ʋukuku ɖekematsɔlemetɔe ene. Ne èku ʋu ɖekematsɔlemetɔe va dze afɔku, eye wòva hiã be woahe wò ado goe le ʋua gɔme hafi nànya be ele be yeaɖɔ ŋu ɖo ne yele ʋu kuma?

Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Ame siwo le ŋugbedodo me la ate ŋu aƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ ne wonɔa ame dome alo ame aɖe nɔa wo ŋu. Ne ame mewɔ nu le nunya me le nya sia me o la, nu siwo wòagblẽ le eŋu dometɔ aɖewoe nye ale si eƒe dzitsinya anɔ fɔ bumee, ale si magabu eya ŋutɔ kple ame kemɛa ɖe ɖeke me o, ale si wòado ŋukpe ame bubuwo kple ƒometɔwo. Eya ta midze nunya; miɖoe be yewoawɔ Biblia ƒe sewo dzi, eye miwɔe.

Mina Yehowa Nanye Etɔ̃lia Anɔ Mia Dome

Srɔ̃ɖeɖe le abe ka ŋukplaba etɔ̃ ene, eye ele be Mawu nanye ame vevitɔ le srɔ̃ɖeɖea me. Nyagblɔla 4:12 gblɔ be: “Ka ŋukplaba etɔ̃ mate ŋu alã bɔbɔe o.” Gɔmeɖose sia sɔ na ame siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo. Mawu yraa ame siwo dia eƒe yayrawo, ne woa ŋutɔwo tena ɖe eŋu, eye woa kplii dome le kplikplikpli. Psalmo 1:1-3 gblɔ be: ‘Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!’

Ɛ̃, ne míewɔa nu abe ale si Yehowa dii ene ko hafi nu adze edzi na mí ŋutɔŋutɔ le agbe me; nenema kee wòle le ŋugbedodo kple srɔ̃ɖeɖe hã me. Eyae wɔ mí, eye eyae de didia mía me be ame ƒe nu nalé dzi na mí ne míaɖee. Eya ta ele be míabu nu siawo be nunana tɔxɛwoe wonye.—Yakobo 1:17.—g10-E 02.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Aleke míewɔ nya be nu nyuitɔ dimee Mawu le na mí?—Yesaya 48:17, 18.

● Nu ka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo le mí amegbetɔwo ŋu?—Yeremiya 17:9.

● Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaƒe ŋugbedodo kple srɔ̃ɖeɖe nadze edzi nyuie?—Psalmo 1:1-3.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nu si ame siwo le ŋugbedodo me la dometɔ siwo le ŋudzɔ wɔna tso gɔmedzedzea me kee nye be woɖoa afi si woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo ase ɖo, eye wokpɔa egbɔ be yewowɔ ɖe nu siwo dzi yewolɔ̃ ɖo la dzi