Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ʋãm Meva Zu Yehowa Ðasefo

Nu Si Ʋãm Meva Zu Yehowa Ðasefo

Nu Si Ʋãm Meva Zu Yehowa Ðasefo

Abe ale si Tomás Orosco gblɔe ene

Zi gbãtɔ si mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me la, ɖevi sue aɖe ƒo nu le kplɔ̃ta. Togbɔ be nuƒokplɔ̃a xe ŋkume nɛ elabena mekɔ o hã la, ale si wòbi heɖe dzi ɖi la wɔ nuku nam. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

MEDE DZESII be nyaselawo katã nɔ to ɖom vevie. Esi menye Bolivia asrafowo teƒe nɔla le Amerika, eye menye aʋafiagã kple dukplɔla ƒe aɖaŋuɖola kpɔ ta la, wodea bubu ŋunye ŋutɔ. Gake ale si wode bubu ɖevi sia ŋu la na megbugbɔ ŋku lé ɖe taɖodzinu siwo le asinye le agbe me la ŋu.

Fofonye ku le ƒe 1930-awo ƒe domedome, le Chaco Ʋa si dzɔ ɖe Paraguay kple Bolivia dome la me. Ema megbe kpuie la, woɖom ɖe Katoliko suku ƒe aɖe me. Mede Misa gbe sia gbe ƒe geɖe, eye míedzia ha, wowɔa katekismo na mí, eye míesrɔ̃ gbe aɖewo ɖe ta me dona ɖa. Menye misasubɔvi gɔ̃ hã kpɔ, eye menɔ hadziha me. Gake nyemexlẽ Biblia kpɔ o; nyemekpɔe gɔ̃ hã kpɔ o.

Subɔsubɔzãwo ɖuɖu dzɔa dzi nam, elabena wonyea aglotuɣi, eye mebua wo modzakaɖeɣii. Gake nunɔlawo kple mawunyagblɔla bubuwo mewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie o. Woƒe nuwɔna na nyemetea ŋu tena ɖe wo ŋu o. Eya ta mebui be afi si mesubɔ se ɖo la su.

Ale Si Asrafowo Wɔa Nu Ðe Ðoɖo Nu La Ʋãm

Gbe ɖeka asrafo eve siwo dzra ɖo nyuie la va mía de Tarija. Ŋdɔ nɔ ʋuʋum nyuie gbe ma gbe. Wotso La Paz, si nye Bolivia ƒe fiadua me, eye wole mɔkeke. Wozɔ atsyãtɔe to dua ƒe ablɔ me va yi. Woƒe dzedzeme, ale si wole dzadzɛ kple ale si wodze bubu la wɔ dɔ ɖe dzinye. Wodo awu gbemu heɖɔ kuku si ƒe nugbɔ le dzo dam. Enumake meɖoe be mazu asrafo. Mebui be wokpɔa dzidzɔ, eye wodea bubu wo ŋu ŋutɔ.

Le ƒe 1949 me, esime mexɔ ƒe 16 la, woxɔm ɖe Bolivia asrafosuku. Fonye kplɔm yi ɖaɖo fli legbee aɖe si didi va ɖo asrafo nɔƒea ƒe agbo nu, si me ɖekakpui bubuwo hã le. Eɖem fia asrafomegã ƒe gɔmenɔla, eye wògblɔ nɛ be wòalé be nam. Eye wòkafum nɛ. Esi fonyea dzo la, woƒom ƒu anyi, si nye nu si wotsɔna doa wòezɔ na ame yeyewo hegblɔ nam be: “Míakpɔe ɖa be ame kae kafua ame le afi sia hã!” Esiae nye asrafo ƒe hehe gbãtɔ si mexɔ, si wotsɔ do vɔvɔ̃ nam. Gake ema mewɔ naneke nam o; ɖeko mese le ɖokuinye me be woɖi gbɔm.

Emegbe meva srɔ̃ aʋawɔwɔ, eye wodea bubu ŋunye ŋutɔ. Gake nu siwo me meto la na meva kpɔe be togbɔ be asrafowo nɔa dzadzɛ hedzea bubume le gotagome hã la, woƒe dzedzeme flua ame.

Ðoƒe Tɔxɛwo Va Su Asinye

Argentine Tɔdziʋawɔʋu si woyɔna be General Belgrano, si ate ŋu atsɔ ame akpe ɖeka kple edzivɔ, mee mesrɔ̃ tudada le. Amerikatɔwo tɔe wònye tsã, do ŋgɔ na Xexemeʋa 2 lia wɔɣi, eye woyɔnɛ be USS Phoenix. Japan srafowo mete ŋu tsrɔ̃ eya esi wodze Pearl Harbor dzi le Hawaii le ƒe 1941 me o.

Mlɔeba meyi ŋgɔ va zu Bolivia ƒudzisrafomegã ƒe gɔmenɔla, eye míetsana le Bolivia tɔwo tsi dzɔa Bolivia liƒowo ŋu. Tɔ siawo dometɔ aɖewoe nye Amazon Tɔ kple Titicaca Ta, si nye ta si me tsi dze akɔ anyi wu le xexea me.

Le May 1980 me la, wotiam be manye asrafowo teƒe nɔla siwo woadɔ ɖe Amerika ƒe fiadu si nye Washington, D.C. me la dometɔ ɖeka. Wotia asrafomegã ɖeka le asrafoha ɖe sia ɖe dome, anyigbasrafowo, yamesrafowo kple ƒudzisrafowo, eye wotsɔm ɖo amegãe ɖe wo nu, elabena menye asrafo eteƒe didi wu wo. Menɔ Amerika ƒe eve kloe, eye emegbe meva zu Bolivia dukplɔla ƒe aɖaŋuɖola.

Ele be asrafomegã ɖe sia ɖe nade sɔleme le Kwasiɖagbewo katã, eya ta medena. Ale si nunɔlawo kple osɔfo si va wɔa sɔleme na mí asrafoawo la ƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe kple aʋawɔwɔ me la na mawusubɔsubɔ megatsɔa fu lã me nam o. Menyae be mesɔ be sɔlemehawo nakpɔ gome le aʋa me o. Gake alakpanuwɔwɔ sia mena meɖe asi le mawusubɔsubɔ ŋu o; ɖe wòʋãm boŋ be madi nyateƒea. Nyemexlẽa Biblia tsã o, eya ta tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, metsɔnɛ hexlẽa afi sia afi si meke.

Ale Si Nuwo Nɔa Ðoɖo Nu Le Fiaɖuƒe Akpata Me

Ewɔ nuku nam be Yehowa Ðasefo dutanyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Janet te Biblia sɔsrɔ̃ kple srɔ̃nye, Manuela. Emegbe Manuela dze kpekpewo dede gɔme le afi si wosrɔ̃a nu le, si woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata me. Meɖea fu nam be makɔe ayi teƒea o, gake nye ŋutɔ ya nyemedi be made o. Mesusu be toɣliɖeɖe kple gbɔgbɔdzeamedzi ƒe nuwɔna ko wòaganye le afi ma hã abe ale si wòle le sɔleme geɖewo me ene.

Gbe ɖeka Manuela biam be madi be Janet srɔ̃ nava srãm kpɔ hã. Nyemelɔ̃ gbã o. Emegbe mesusui be esi mebi ɖe mawunya me ta la, mate ŋu aɖee afiae be eƒe nyawo menye nyateƒe o. Esi mía kple Janet srɔ̃ Ian míedo go zi gbãtɔ la, eƒe nɔnɔme ye wɔ dɔ ɖe dzinye, ke menye nya si tututu wògblɔ o. Meɖee fiam be yenya Biblia ŋutɔ o. Ke boŋ egbɔ dzi ɖi hede bubu ŋunye.

Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, meɖoe be made kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me, eye afi mae mekpɔ ɖevi sue si ƒe nya megblɔ va yi la le. Esi mekpɔ ale si wòxlẽ Yesaya ƒe agbalẽa heɖe emee la, mekpɔe be habɔbɔ sia le etɔxɛe. Esime menye ɖevi la, medi be mava zu asrafomegã ne woabum, gake fifia si mezui vɔ la, megadi be manɔ abe ɖevi ma ene ahafia Biblia me nyawo amewo. Ðeko wòle abe ɖe nye dzi va bɔbɔ ene, eye megava lɔ̃ faa be woafia num.

Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ale si Ðasefoawo nɔa game dzi kple ale si wodoa vivi ɖe ŋunye la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, eye esia wɔe be meɖe dzi ɖi le wo dome. Ale si wodzrana ɖo henɔa dzadzɛ la hã nya kpɔna nam. Nu si gadoa dzidzɔ nam wue nye ale si woƒe kpekpeawo nɔa ɖoɖo nu: ne wowɔ ɖoɖo be woaƒo nuƒo aɖe la, ema tututue míase gbe ma gbe. Meva de dzesii be lɔlɔ̃e ʋãa wo wowɔa nu ɖe ɖoɖo nu alea, ke menye vɔvɔ̃e o.

Esi mede kpekpea zi gbãtɔ la, melɔ̃ be Ian nasrɔ̃ Biblia kplim. Agbalẽ si míezãna tsɔ srɔ̃a Bibliae nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. * Megaɖoa ŋku agbalẽa ƒe ta etɔ̃lia dzi, afi si wota bisiɔp aɖe le wòle asrafoha aɖe yram be woayi aɖawɔ aʋa. Nyemeke ɖi nɔnɔmetata ma o, elabena nye ŋutɔ mekpɔ nu sia tɔgbi teƒe kpɔ. Mexɔ agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures le Fiaɖuƒe Akpataa me. Esi mexlẽe le eme be Biblia gblɔ be mele be Kristotɔ nade akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o la, mekpɔe be ele be mawɔ tɔtrɔ aɖewo. Meɖoe be nyemagatrɔ ayi Katolikoha me akpɔ o, eye medea kpekpeawo edziedzi le Fiaɖuƒe Akpataa me. Metso nya me hã be maɖe si le asrafodɔ ŋu.

Ŋgɔyiyi Be Madze Woanyrɔm

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, mese be hamea me tɔwo ayi aɖadzra fefewɔƒe gã aɖe si woawɔ takpekpe le la ɖo. Edzɔ dzi nam be mayi, eye meyi hã ɖadzra teƒea ɖo kpli wo. Mía kple amewo míewɔ dɔ ɖekae, eye wòvivi nunye be mede ha kpli wo. Esime menɔ anyigba kplɔm la, ɖekakpui aɖe te ɖe ŋunye hebiam be nyee nye ƒudzisrafomegãa hã.

Meɖo eŋu be: “Ɛ̃, nyee.”

Ewɔ nuku nɛ wòdo ɣli be: “Nyemexɔe se o. Wò ƒudzisrafomegãe le anyigba kplɔma!” Asrafomegã malɔ̃ abɔbɔ atsɔ pepa kakɛ le anyigba kaka wòahayi anyigba kplɔ ge o. Ŋutsu mae nye nye draiva tsã, gake eva zu Yehowa Ðasefo!

Lɔlɔ̃e Nana Wowɔa Nu Ðekae

Asrafowo bua ɖoƒe nu vevii, eye esia kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, meɖo ŋku edzi be mebia kpɔ be ɖe Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖewo le ŋgɔ na bubuwo le ɖoƒe si wole alo dɔ si wowɔna ta hã. Ale si mebua ɖoƒee la gakpɔa ŋusẽ ɖe dzinye kokoko, gake eteƒe medidi o eva trɔ kura.

Ɣemaɣi lɔƒo, le ƒe 1989 me la, mese be Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ aɖe tso New York gbɔna Bolivia, eye wòaƒo nuƒo aɖe le fefewɔƒe gãa. Mele mɔ kpɔm vevie be makpɔ ale si woawɔ nu ɖe ame ma si mebu be enye ame ŋkuta ŋui ɖa. Mesusu be woade bubu gã aɖe ame sia tɔgbi ŋu.

Gake esi kpekpea dze egɔme la, naneke medze, si ɖee fia be ame tɔxɛ aɖeke va ɖo o, eya ta metsi yaa. Ŋutsu kple nyɔnu tsitsi aɖe nɔ anyi ɖe mía kple Manuela xa. Manuela de dzesii be nyɔnua lé Eŋlisigbe me hadzigbalẽ ɖe asi, eya ta esi ɣeyiɣi de be míaɖi ɖe eme vie la, Manuela ɖo dze kplii. Gake emegbe wotso le mía gbɔ hedzo.

Míaƒe nu ku emegbe esi wokpe nyɔnua srɔ̃ wòva kplɔ̃ta be wòaƒo nuƒo vevitɔ! Enumake ale si asrafowo bua ɖoƒe, bubu kple ŋusẽ, si nɔ nye hã menye la, trɔ keŋkeŋ. Megblɔ emegbe be: “Kpɔ ɖa la! Dziɖuha me tɔe ma bɔbɔ nɔ zikpui madeamedzi mawo dzi le mía gbɔ!”

Fifia ne meɖo ŋku ale si Ian dze agbagba kpem be yeakpe ɖe ŋunye mase nya siwo Yesu gblɔ le Mateo 23:8 be: “Mi katã la, nɔviwoe mienye” gɔme dzi la, eɖia kokoe nam.

Zi Gbãtɔ Si Meyi Ðaɖe Gbeƒã

Esi meɖe asi le asrafodɔa ŋu la, Ian de dzi ƒo nam be makplɔ ye ɖo míaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Nuto si me yiyi nyemedi kura o la mee míeva yi; enye asrafowo nɔƒe. Asrafomegã aɖe si nyemedi be mía kplii míado go o lae míeva do goe. Metɔtɔ, eye dzidzi ƒom, vevietɔ esi wòkpɔ akplo kple Biblia le asinye hebiam gbɔɖiametɔe be: “Alea nèva zua?”

Enumake medo gbe ɖa, eye dzi ɖo ƒonye. Asrafomegãa ɖo to nya si megblɔ, eye wòxɔ míaƒe agbalẽwo. Nudzɔdzɔ ma de dzi ƒo nam be matsɔ ɖokuinye aɖe adzɔgbe na Yehowa. Mena wonyrɔm le January 3, 1990 tsɔ ɖo kpe edzi be meɖe adzɔgbe.

Emegbe srɔ̃nye kple mía vi eveawo hã va zu Yehowa Ðasefowo. Fifia menye hamemetsitsi, eye mezãa nye ɣeyiɣiawo ƒe akpa gãtɔ tsɔna ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Mɔnukpɔkpɔ gãtɔ si su asinyee nye be meva dze si Yehowa, eye eya hã dze sim. Esia ƒo ɖoƒe ɖe sia ɖe si ame adi be yeaɖo le xexea me la ta sãa. Nyateƒee, mele be woazi ame dzi hafi wòawɔ nu le ɖoɖo nu o, ke boŋ ele be ame ŋutɔ ƒe dzi naʋãe wòadi be yeawɔe. Yehowa nye Mawu si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, gake lɔlɔ̃ ƒe Mawu koŋ ye wònye.—1 Korintotɔwo 14:33, 40; 1 Yohanes 4:8.—g10-E 03.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 21 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple fonye Renato, le ƒe 1950 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple asrafo siwo tso China kple dukɔ bubuwo me míele kpekpe aɖe me