Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàxe Fe Ðe Mawunya Ta?

Ðe Wòle Be Nàxe Fe Ðe Mawunya Ta?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Nàxe Fe Ðe Mawunya Ta?

LE DUKƆ geɖe me la, subɔsubɔha siwo be Kristotɔwoe yewonye kple esiwo megblɔna be Kristotɔwoe yewonye o la siaa biana be woaxe fe ɖe subɔsubɔdɔ aɖewo wɔwɔ ta. Dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye tsidedeta alo nyɔnyrɔxɔxɔ, srɔ̃ɖeɖe alo kunuwɔwɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ga gbogbo aɖee wokana na amewo be woaxe ɖe nu siawo ta.

Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua xea fe na subɔsubɔhakplɔlawo ɖe woƒe subɔsubɔ ta, kple gbe si wodona ɖa hafi sewɔtakpekpe me nɔlawo dzea woƒe kpekpewo gɔme gbe sia gbee ta. Ðewohĩ amewo kpɔa dzidzɔ ɖe dɔ siawo ŋu, eye gazazãwo li wòle be sɔlemewo nakpɔ wo gbɔ. Gake ɖe Biblia da asi ɖe edzi be woaka ga na ame wòaxe ɖe subɔsubɔwɔna aɖe ta, alo ana amewo nase le wo ɖokui me be dzizizi wònye be yewoaxe fe ɖe eta, abe ale si sɔlemehawo wɔnɛ enea?

“Asitsaƒee” Wònyea?

Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, Yuda subɔsubɔha kplɔlawo kple ame bubuwo zãa subɔsubɔzãwo tsɔna dia ga, vevietɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi. Ðe Yesu da asi ɖe nuwɔna sia dzia? Kpao! Ðe Biblia gblɔ na mí boŋ be “[etrɔ] gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo” hegblɔ be: “Midzudzɔ Fofonye ƒe aƒe la tsɔtsɔ wɔ asitsaƒee!”—Yohanes 2:14-16.

Nu ma tɔgbi aɖe hã dzɔ le nyagblɔɖila Mixa ŋɔli, le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me. Biblia gblɔ be Israel kplɔlawo “nyɔa ŋu se la,” eye nunɔlawo hã “fiaa nu ame le fetu ta.” Gake wonɔ susum be Mawu le megbe na yewo hegblɔna be: “Ðe Yehowa mele mía dome oa?” (Mixa 3:9, 11) Yehowa Mawu nya le wo dome baa, gake menye be wòade woƒe nuwɔnawo dzi o. Ke boŋ ɖe wòlé fu woƒe nuwɔna ma hena eme kɔ na wo nyuie to eƒe nyagblɔɖilaa dzi.

Ŋukeklẽ ma tɔgbi dzi kee subɔsubɔhakplɔla geɖe le egbea, eye woto esia me na woƒe tadeaguƒewo va zu ‘asitsaƒe.’ Nya lae nye be subɔsubɔhawo katã kloe tsaa asi, eye wotoa nɔnɔmetatawo kple woƒe subɔsubɔnu gbogboawo dzadzra me zu kesinɔtɔwo. *1 Yohanes 5:21.

“Faa Miexɔe, Faa Minae”

Esi Yesu de se na eƒe apostolowo be woayi aɖaɖe gbeƒã nya nyuia, ada dɔ na dɔnɔwo ahafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre la, egblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:7, 8) Ɛ̃, eme kɔ keŋ be mele be ame siwo ava nye eyomedzelawo la naxe fe ɖe nu siwo wowɔ na wo ta o. Yesu ŋutɔ hã ɖo kpɔɖeŋua ɖi, esi wòsubɔ amewo, gake mebia be woaxe fe na ye ɖe eta o.

Apostolo Paulo hã srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua, eye wòwɔ subɔsubɔdɔa “fetu maxɔmaxɔe.” (1 Korintotɔwo 9:18) Ne ga hiãe la, ewɔa avɔgbadɔ na amewo woxea fe nɛ. (Dɔwɔwɔwo 18:1-3) Eya tae wòte ŋu gblɔ le eya ŋutɔ kple ehati mawunyagblɔla bubuwo ŋu be: “Míetsɔa Mawu ƒe nya la tsaa asi abe ale si ame geɖewo wɔnɛ ene o.” (2 Korintotɔwo 2:17) Ekema afi kae woakpɔ ga si hamea azã la tsoe, le kpɔɖeŋu me, ahiã be woaƒle afi si woanɔ ta dem agu le alo ahaya teƒea?

“Ame Si Naa Nu Kple Dzidzɔ Lae Mawu Lɔ̃na”

Mɔ si dzi Yehowa Ðasefowo tona kpɔa ga si hiã wo egbeae nye be wodzɔa nu tso dzi me faa. Wowɔna ɖe gɔmeɖose sia dzi be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” (2 Korintotɔwo 9:7) Eya tae Yehowa Ðasefowo mebiana be woaxe fe ɖe yewoƒe agbalẽwo alo subɔsubɔwɔnawo, abe nyɔnyrɔxɔxɔ, srɔ̃ɖeɖe, alo kunuwɔwɔ ene, ta o. Eye womedzɔa nuwo ƒe ewolia le amewo si alo tsɔa agba tsanae le woƒe kpekpewo me be woadzɔ ga ɖe eme o. Ame si di be yeadzɔ nu woatsɔ ado alɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le xexea me katã la ate ŋu atsɔ nu si wòbe yeadzɔ la ade nudzɔɖaka siwo nɔa woƒe tadeaguƒewo la me.

Yehowa Ðasefowo toa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzi kpɔa ga tua Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, alɔdzedɔwɔƒewo, kple agbalẽtaƒewo, eye wokpena ɖe ame siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo hã ŋu. Nu vi aɖe koe wo dometɔ aɖewo tea ŋu dzɔna, abe ahosi dahe si Yesu kafu ene. (Luka 21:2) Bubuwo hã tea ŋu dzɔa geɖe. Aleke kee wòɖale o, ame siwo wɔna ɖe gɔmeɖose siwo le Biblia me dzi henaa nu si woate ŋui la ƒe dzi dzea eme, Mawu yraa wo geɖe, eye wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ.—Dɔwɔwɔwo 20:35; 2 Korintotɔwo 8:12.—g10-E 06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye: “Ðe Wòle Be Woade Ta Agu Na Mawu To Nɔnɔmetatawo Dzia?” si dze le October 2008 ƒe Nyɔ! me (yevugbe me tɔ, August 2008).

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Nya kae Yesu gblɔ na ame siwo nɔ asi tsam le gbedoxɔa me?—Yohanes 2:14-16.

● Ðe apostolo Paulo bia be woaxe fe na ye ɖe subɔsubɔdɔa ta?—2 Korintotɔwo 2:17.

● Nunana ka ƒomevie dzea Yehowa ŋu?—2 Korintotɔwo 9:7.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

“Midzudzɔ Fofonye ƒe aƒe la tsɔtsɔ wɔ asitsaƒee!”—Yohanes 2:14-16