Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒomea Nadzro Eme

Ƒomea Nadzro Eme

Ƒomea Nadzro Eme

Enyo Be Wòwɔ Nu Nenemaa?

Mixlẽ Marko 14:66-72. Fifia mikpɔ nɔnɔmetataa, eye miŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fliawo dzi le ete.

1. Afi kae nu si dze le nɔnɔmetataa me la dzɔ le?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ Marko 14:53, 54.

․․․․․

2. Esi wogblɔ na Petro be enye Yesu yome dzela la, aleke wòɖo eŋu?

․․․․․

3. Nu kae dzɔ esi koklo ku atɔ zi evelia?

․․․․․

NUMEDZODZRO:

Èsusu be nu kae na Petro wɔ nu nenema? Nu kae nàwɔ, be wò hã nàgada vo si tɔgbi wòda o?

NU KAE NÈNYA TSO FIA YOSAFAT ŊU?

4. Aleke Yosafat na ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo nyo ɖe edzi le Yuda?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Kronika 19:5-11.

․․․․․

5. Vo kae Yosafat da?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Kronika 18:1-3; 19:1-3.

․․․․․

NUMEDZODZRO:

Aleke Yosafat ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ame si nàdze xɔ̃e?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:33.

LE TATA SIA ME

Ðo nyabiase siwo gbɔna ŋu, eye nàŋlɔ mawunyakpukpuia(wo) ƒe akpa si susɔ.

AXA 5 Nu ka dzie ale si míaƒe ŋutilã wɔa dɔe la ɖo kpee? Psalmo 139:․․․

AXA 8 Nu kae Mawu ƒe ŋutifafa ate ŋu awɔ? Filipitɔwo 4:․․․

AXA 12 Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu nu ka? Nyagblɔla 4:․․․

AXA 17 Ame kae Mawu lɔ̃na? 2 Korintotɔwo 9:․․․

AXA 27 Nunyalawo metsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa nu ka dzi o? 1 Timoteo 6․․․

AXA 29 Nu ka wɔwɔ mee dzidzɔ geɖe le wu? Dɔwɔwɔwo 20:․․․

ŊUÐOÐOAWO

1. Le nunɔlagã ƒe xɔxɔnu.

2. Petro sẽ nu be yemenya Yesu o.

3. Petro fa avi.

4. Yosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃la vɔ̃mawuwo ɖe duwo me, eye wòɖo Lewi viwo kple nunɔlawo hã ɖe Yerusalem.

5. Ebla nu kple fia vɔ̃ɖi Axab.