Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi

Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi

Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi

Biblia gblɔ be “ɣeyiɣi sesẽwo ava, esime amewo atsi dzimaɖi vevie ahatɔtɔ.” Àlɔ̃ ɖe edzi be míele ɣeyiɣi si me ame geɖe tsi dzimaɖi vevie la me fifia.—2 Timoteo 3:1, The Amplified Bible.

ÈNYAE nyuie be ele bɔbɔe be nàtsi dzo sue aɖe wu be nàtsi dzo si dze gbe. Nenema kee dzimaɖitsitsi si nu mesẽ o dzi anya ɖu bɔbɔe wu dzimaɖitsitsi si teƒe didi. Ðɔkta aɖe gblɔ be, “ele vevie ŋutɔ be míakpɔ egbɔ gbe sia gbe be míaɖe nu siwo ana míatsi dzimaɖi fũu la ɖa.” *

Taɖodzinu eve tae wòle be míakpɔ egbɔ gbe sia gbe be míaɖe nu siwo ana míatsi dzimaɖi fũu ɖa ɖo. Gbãtɔe nye be ana míaɖe nu siwo gbɔ wòtsona be míetsia dzimaɖi la dzi akpɔtɔ ne anya wɔ. Eveliae nye be akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawɔ nu le nɔnɔme siwo ana míatsi dzimaɖi godoo la me.

Ðe Biblia fiaa mɔ si dzi míato aɖu dzimaɖitsitsi dzi la mía?

Ele Vevie Be Míanya Nu Si Tututu Le Biblia Me

Ne míenya nu si tututu le Biblia me la, ana míanya mía Wɔla la ƒe susu le nuwo ŋu, eye esia akpe ɖe mía ŋu ahana míaƒe dzi nadze eme. Mawu ƒe Nya la nye mɔfianu nyui aɖe ŋutɔ. Nya nyui geɖe le eme, siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòadzudzɔ dzimaɖitsitsi! Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘ŋɔ madzi mí alo dzidzi naƒo mí’ o, eye míanya ale si míawɔ nui gbe sia gbe ne míetsi dzimaɖi.—Yosua 1:7-9.

Biblia ka ɖe edzi na mí be mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, “ƒe dɔmetɔtrɔ sɔ gbɔ ŋutɔ, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yakobo 5:11) Esia kpena ɖe mía ŋu nukutɔe míeléa dzimaɖitsitsi nu. Patricia, si fia nu le yunivɛsiti kpɔ le California, gblɔ be: “Nu si kpe ɖe ŋunye ŋutɔe nye ale si mebua ta me le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple nu wɔnuku siwo wɔm wòle la ŋu.”

De ŋugble le ale si Yesu Kristo ƒe nya fakɔnamewo kple eƒe nuwɔna na eƒe nyasela siwo dzi nu te ɖo, eye wotsi dzimaɖi la, ƒe dzi dze emee ŋu kpɔ. Ekpe wo be: “Mite va gbɔnye mi ame siwo ŋu ɖeɖi te eye agba le mia wum la eye nye la mana miadzudzɔ [le gbɔgbɔ me].”—Mateo 11:28-30, Agbenya La.

Yesu fa tu hã vavã, abe ale si wògblɔe ene. Ebu eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutilã me nu hiahiãwo kple ale si wosena le wo ɖokui mee la ŋu, eye ne woyi ɖaɖe gbeƒã, eye ɖeɖi te wo ŋu la, ekpɔa egbɔ be wogbɔ ɖe eme. (Marko 6:30-32) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu, si nye Fia le dziƒo fifia, sea veve ɖe mía nu ne nɔnɔme sesẽ aɖe na míetsi dzimaɖi. Ekpɔa nublanui na mí, eye wònaa “kpekpeɖeŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi” la mí.—Hebritɔwo 2:17, 18; 4:16.

Dzeɖoɖo Hiã Vevie

Dzeɖoɖo tso míaƒe dzimaɖitsitsi ŋu le vevie hafi míate ŋu aɖu edzi nyuie. Biblia gblɔ be: “Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afi si adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.” (Lododowo 15:22) Eya ta ame geɖe kpɔe be dzeɖoɖo kple yewo srɔ̃, yewo xɔlɔ̃, alo yewoƒe dɔwɔhati tso yewoƒe dzimaɖitsitsia ŋu kpe ɖe yewo ŋu edzi ɖe kpɔtɔ.

Ame vevitɔ, si li ɣesiaɣi míate ŋu ‘ade adaŋu’ kplii wòaɖe vi ye nye Mawu, eye míewɔa esia to gbedodoɖa dzi. Gbedodoɖa edziedzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be ‘màtsi dzimaɖi le naneke ŋuti o.’ Ame geɖewo kpɔe be esi yewodoa gbe ɖa edziedzi ta la, yewokpɔ “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta.” Abe ale si Biblia do ŋugbe ene la, ekpɔa ame siawo ƒe ‘dzi kple woƒe tamesusu’ ta.—Filipitɔwo 4:6, 7; Lododowo 14:30.

Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso dzimaɖitsitsi ŋu gblɔ be “ame siwo si xɔlɔ̃ le wodoa ŋusẽ wo la tea ŋu nɔa te ɖe dzimaɖitsitsi nu, eye woƒe susu me hã dzea akɔ anyi wu ame siwo dzea agbagba be yewoawɔ nu sia nu le yewo ɖokui si.” Xɔ̃ nyuitɔ siwo míate ŋu adze ye nye ame siwo subɔa Mawu vavã, Yehowa. Wowɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo be woakpe ta edziedzi ahade dzi ƒo na wo nɔewo la dzi. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ŋutsu aɖe si dea kpekpe mawo la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mewɔa dɔ gaƒoƒo geɖe, eye metsia dzimaɖi ale gbegbe. Gake ne meyi kpekpe la, mekpɔnɛ be kaka woado gbe ɖa míakpã la, ale si metsi dzimaɖii la nu tso, eye nye dzi dze eme.”

Nukoko hã kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ be wòanɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu. Nyagblɔla 3:4 gblɔ be “avifaɣi li, eye nukoɣi li.” Nukoko nana ame ƒe susu me dzea kɔ anyi, eye wòyɔa dɔ ame hã, elabena ɖɔkta aɖe gblɔ be “ne míeko nu la, ahɔhɔ̃metsi aɖe dzina ɖe míaƒe lã me, si tsia ale si míetsi dzodzodzoe la nu.” Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne metsi dzimaɖi vevie, eye srɔ̃nye tsɔ nya aɖe va do nukokoe nam ko la, nye susu me koe fana miaa.”

Nɔnɔme Nyui Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖe Dzimaɖitsitsi Dzi Akpɔtɔ

Biblia de dzi ƒo na mí be míatu nɔnɔme nyui aɖewo ɖo, siwo akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ. Wo dometɔ aɖewoe nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu,” eye woyɔ wo be “[Mawu ƒe] gbɔgbɔ la ƒe kutsetse.” Azɔ hã, Biblia xlɔ̃ nu mí be míatsri “ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo.” Egblɔ kpee be: “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa.”—Galatiatɔwo 5:22, 23; Efesotɔwo 4:31, 32.

Ðɔkta aɖe gblɔ be Biblia ƒe nya siawo dzi wɔwɔ ɖea vi ŋutɔ, vevietɔ le xexe si me míele egbea me. Egblɔ be: “Ðetsɔtsɔ le eme na amewo kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ wòɖua dzimaɖitsitsi dzi.” Biblia kpena ɖe mía ŋu hã be míadze agbagba anya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo.—Mixa 6:8, NW.

Mawu di be míabɔbɔ mía ɖokui ahalɔ̃ ɖe edzi be seɖoƒe le míaƒe ŋutilã me, susu me kple seselelãme ŋutetewo ŋu, eye be míate ŋu awɔ nu sia nu si míedi be míawɔ o. Togbɔ be asesẽ na mí hã la, ele be míanyae be ne wobia nane tso mía si, eye míate ŋu awɔe o la, mele be míazi mía ɖokui dzi be míawɔe godoo o.

Menye gbɔgblɔm míele be, ne èwɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo katã me míedzro le nyati sia me dzi ko la, màgatsi dzimaɖi le naneke ŋu gbeɖe o. Nya lae nye be, Satana Abosam tɔ ŋku mawusubɔlawo koŋ, ale be yeaɖo kpe edzi be ne dzimaɖitsitsi ɖe fu na wo ʋuu wòte wo ŋu la, woadzudzɔ Mawu subɔsubɔ. (Nyaɖeɖefia 12:17) Gake abe ale si míekpɔe ene la, Mawu toa mɔ geɖe dzi kpena ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi si sɔ dzi be míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ alo anɔ te ɖe enu. *g10-E 06.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Ne ame tsi dzimaɖi eteƒe didi alo enu sẽ ale gbegbe be ate ŋu agblẽ nu le eŋu la, anyo be wòakpɔ ɖɔkta ne woakpe ɖe eŋu.

^ mm. 20 Ne èdi be yeanya mɔ bubu siwo dzi nàto anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu la, kpɔ nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo le February 8, 2005 ƒe yevugbe me Nyɔ! si ƒe tanyae nye “Ale Si Nàvo Tso Dzimaɖitsitsi Me” kple nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, si ƒe gbãtɔ ƒe tanyae nye “Xexe Sia Me Hloloetsotso,” si dze le February 8, 2001 tɔ me.

[Aɖaka si le axa 9]

MƆ SIWO DZI NÀTO AÐE DZIMAÐITSITSI DZI AKPƆTƆ

● Mèganɔ mɔ kpɔm be wò ŋutɔ alo ame bubuwo miawɔ nu sia nu wòade blibo o.​—Nyagblɔla 7:16.

● Nya nu siwo hiã vevie wu.​—Filipitɔwo 1:10, 11.

● Nɔ ka me dem edziedzi.​—1 Timoteo 4:8.

● Kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu.​—Psalmo 92:5, 6.

● Di afi si nànɔ wò to me nafa vie edziedzi.​—Mateo 14:23.

● Ði ɖe eme nyuie, eye nàdɔ alɔ̃ wòasu wò.​—Nyagblɔla 4:6.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne èdia ɣeyiɣi ɖoa dze kple amewo la, akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ nàɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nɔnɔme nyuiwo tutu ɖo kpena ɖe ame ŋu woɖea dzimaɖitsitsi dzi kpɔtɔna