Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Èxɔe se be amegbetɔwo kple Wɔla la dome ate ŋu anɔ kplikplikpli nyateƒea? Hafi nàte ŋu aɖo nyabiase sia ŋu la, ɖewohĩ àdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo vavã na nyabiase siwo hiã gbã. Le kpɔɖeŋu me:

Ðe Mawu lia?

Ne eli ɖe, ɖe wòƒoa nu kple amegbetɔwoa? To mɔ ka dzi?

Ðe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nye kpeɖodzi be eƒoa nu kple amegbetɔwoa? Aleke míawɔ aka ɖe edzi?

Ðewohĩ nyabiase siawoe nye nya vevi siwo míadi be míabia. Woaɖo biabia siawo ŋu le dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Aleke Nàwɔ ate ɖe Mawu Ŋu?” la me. Woaƒo nuƒo sia le Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe si ƒe tanyae nye: “Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli!” si gɔme wodze le Amerika tso May me, eye woawɔe le teƒeteƒewo hã le xexea me godoo la me. Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàde le teƒe si tsɔ ɖe mia gbɔ. Ne èdi be yeanya afi si tututu woawɔe le kple gamea la, ekema bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me, alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Gbetakpɔxɔ, si hã nye magazine míetana kpena ɖe esia ŋu la, ƒe March 1, 2010 tɔ yɔ teƒe siwo woawɔ takpekpeawo le le Benin, Britain, Côte d’Ivoire, Ghana kple Togo, eye teƒe bubuwo hã dze le Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr418.com.