Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzimaɖitsitsi Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Míaƒe Ŋutilã Dzi

Dzimaɖitsitsi Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Míaƒe Ŋutilã Dzi

Dzimaɖitsitsi Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Míaƒe Ŋutilã Dzi

Ne ètsi megbe, eye nèƒu du be yeatso ʋu alo keteke la, aleke nèsena le ɖokuiwò me? Àse le lã me be wò ʋu le sisim kabakaba, eye wò dzi hã le tsotsom kabakaba wu ale si wòtsona tsã. Ne ʋua alo ketekea dzo le gbɔwò hã la, eteƒe madidi o, wò dzi agava nɔ tsotsom abe tsã ene, eye gbɔgbɔtsixe si tsi ƒowò la hã nu atso.

GAKE ne nɔnɔme aɖe na nètsi dzimaɖi eteƒe didi la, axɔ ɣeyiɣi hafi nàkpɔ gbɔdzɔe. Ne nu te ɖe dziwò wògbɔ eme, ne wò lãmekawo lia, ne wò ʋu le sisim kabakaba akpa, alo wò ƒodo de atsi la, ɖewohĩ axɔ ɣeyiɣi vi aɖe hafi nàkpɔ gbɔdzɔe. Gake ame geɖe va le ekpɔm be yewoƒe dzimaɖitsitsi nu mele yiyim gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe sena le wo ɖokui me be ɖeko yewoaku hafi akpɔ gbɔdzɔe tso dɔ sesẽ si yewowɔna la me. Nu kae dzimaɖitsitsi gblẽna le wò lã me?

Ale Si Wò Ŋutilã Wɔa Dɔe Ne Ètsi Dzimaɖi

Ðɔkta Arien van der Merwe, si srɔ̃ nu tso dzimaɖitsitsi ŋu, gblɔ ale si míaƒe ŋutilã wɔa dɔe ne míetsi dzimaɖi. Egblɔ be ŋutilã la wɔa nu kpata, eye “wònana ahɔhɔ̃metsi kple lãmetsi gbogbo aɖe sina toa lã me katã na ame, si wɔnɛ be lãmenu ɖe sia ɖe nɔa klalo be yeanɔ te ɖe nɔnɔmea nu kpata.”

Enumake amea nɔa klalo be wòawɔ nu siwo manya wɔ nɛ bɔbɔe o gɔ̃ hã. Sidzenuwo katã nɔa klalo—ŋku, to, kple asi hã le eme. Ahɔhɔ̃a wɔa dɔ enumake, eye lãmetsiwo dzina ɖe lã me na ame, si wɔnɛ be lãmekawo, dzi, dzitodzito, kple lãmenu bubuwo wɔa dɔ kabakaba be woakpɔ nɔnɔme si na amea tsi dzimaɖi la gbɔ.

Aleae wòdzɔnae be, ne èɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me, eye wòhiã be nàwɔ nu kpata la, wò ŋutilã atrɔ ɖe wò dzimaɖitsitsia ŋu, ale be nàkpɔ ɖokuiwò ta. Le kpɔɖeŋu me, esiae nana be ne ʋu aɖe lili wò hafi nènya la, àte ŋu awɔ kaba ati kpo le mɔa dzi hafi wòava yi wu wò ge. Gake dzimaɖitsitsi atraɖii ya nye nya bubu kura.

Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Hã

Ke ne wò lãmenuwo katã le dɔ dzi kabakaba ɣesiaɣi ɖe? Ekema wò lãmekawo alia ɣesiaɣi, wò ʋu anɔ sisim kabakaba, eye ami asɔ gbɔ ɖe wò ʋu me, sukli kple lãmetsiwo hã adzi ɖe edzi, eye lãmetsi bubuwo atsi ʋua me. Ne lãmetsi siawo sɔ gbɔ akpa ɖe lã me na ame la, wova gblẽa lãmenu veviwo mlɔeba—elabena ne ƒãa wòva hiã be ame nawɔ dɔ sesẽ aɖe ɣeyiɣi kpui aɖe ko hafi wòle be tsi siawo nasɔ gbɔ ɖe lãa me. Nu kawoe wògblẽna le ame ŋu?

Eteƒe madidi o, dzime kple kɔ anɔ vewòm, ta anɔ ɖuwòm, eye wò lãmekawo alia. Ðɔktawo gblɔ be ne ame tsi dzimaɖi wògbɔ eme ye dzesi siawo tea dzedze le eŋu. Ne ètsia dzimaɖi ɣesiaɣi la, ekema màgate ŋu awɔ dɔ geɖe alo awɔ dɔ wòalé vi o, ana màganɔ dzidzɔ kpɔm o, eye mia kple amewo dome hã magavivi abe tsã ene o. Ate ŋu ana hã be dzimeƒu nanɔ ɖuwòm edziedzi, ànɔ dɔ me sram, eye veme anɔ vewòm. Dzimaɖitsitsi si teƒe didi ya gagblẽa nu wu. Ne ame tsi dzimaɖi eteƒe didi la, ate ŋu ana wòatu, axɔ dzidɔ, suklidɔ, eƒe ayikuwo agbe dɔ, eƒe dzi kple ʋukawo me ate ŋu axe, alo ne dɔ siawo dometɔ aɖe le ame sia ŋu xoxo la, dzimaɖitsitsi si teƒe didi ate ŋu ana wo nu nagasẽ ɖe edzi.

Van der Merwe gblɔ be: “Esi wònye ne ame tsi dzimaɖi eteƒe didi la, lãmetsi si nye cortisol dzina ɖe lã me nɛ ta la, ami va xana ɖe ƒodo kple dzime na amea.” Dzimaɖitsitsi ate ŋu ana ŋutigbalẽ ŋu dɔlélewo, abe dzi kple agbla ene, alo ate ŋu adzi wo ɖe edzi. Dzimaɖitsitsi ate ŋu ana ame nalé blanui wòagbɔ eme, ado dziku kabakaba, alo aku amegã alo nyagã ɖe tsitrenu. Dzimaɖitsitsi atraɖii ate ŋu awɔe hã be ame magaɖo ŋku nu dzi alo eƒe susu nanɔ nu ŋu kura o. Eye ne ame tsi dzimaɖi eteƒe didi la, ate ŋu awɔe be eƒe ŋutilã magate ŋu anɔ te ɖe dɔlélewo nu o. Ale wòate ŋu axɔ dɔ abe kpe, kansa kple dɔléle bubuwo ene kabakaba.

Dzimaɖitsitsi gblẽa nu le ame ŋu le go sia go me—le susu me, le ŋutilã me, le seselelãme kple mawusubɔsubɔ gome. Eya ta ehiã be míanya ale si míawɔ aɖu edzi. Gake míedi hã be míatsi ale si ŋutilã wɔa nui ne míetsi dzimaɖi la nu keŋkeŋ o. Nu ka tae?

Míate ŋu atsɔ dzimaɖitsitsi asɔ kple sɔ si le klalo ɖe dusisi ŋu. Àte ŋu adoe wòavivi nuwò. Gake ne sɔa do le asiwò me la, ate ŋu ade wò agbe afɔku me. Nenema kee dzimaɖitsitsi si megbɔ eme o ate ŋu ana agbea navivi mía nu ahado dzidzɔ na mí, elabena aʋã mí míatsi dzi ɖe dɔ ŋu awɔe wòalé vi, eye míanɔ lãmesẽ me.

Gake nu kae míawɔ atsɔ akpɔ egbɔ be míagatsi dzimaɖi fũu akpa o, ale be agbea navivi mía nu? Nyati si kplɔ esia ɖo la adzro mɔ nyui siwo dzi míato akpɔ egbɔ be míagatsi dzimaɖi fũu o kple ale si míawɔ nui ne míetsi dzimaɖi la me.—g10-E 06.

[Aɖaka si le axa 5]

WƆLA NYANU LƆ̃AME AÐEE ‘WƆ MÍ NUKUTƆE’

Menye ale si mía tɔgbuitɔgbuiwo vɔ̃na na atiglinyi kple kpɔ̃ siwo ƒe aɖu le abe hɛ gobɛ ene, si na wotsia dzimaɖi la, ƒe domee míenyi, si tae míawo hã míetsia dzimaɖi, abe ale si ame geɖe gblɔnɛ ene o. Ke boŋ Wɔla nyanu aɖee wɔ mí hede ale si míaƒe ŋutilã atrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋui la mía me aɖaŋutɔe. Le kpɔɖeŋu me, ale si ʋu wɔna blana—ale si wòtea ŋu wɔa avu kple dɔlékuiwo henana abi kuna—kpakple ale si ŋutilãa wɔa nui ne míetsi dzimaɖi la ɖo kpe edzi be nunyala lɔ̃ame aɖee wɔe.

Ale si ŋutilã wɔa dɔe alea la ɖo kpe edzi be ‘wowɔ mí nukutɔe.’ (Psalmo 139:13-16) Nu siwo Mawu na mí le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa lɔlɔ̃tɔe, kpakple ale si wòwɔ amegbetɔwo nukutɔe be woase vivi na agbe la, na míeka ɖe edzi be ne anyigba la va zu paradiso la, ekema naneke magana míase veve, axa nu, alo aku o.—Nyaɖeɖefia 21:3-5.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 5]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

DZIMAÐITSITSI SI TEƑE DIDI GBLẼA NU LE AME ŊU

Taɖuame

Kɔveame

Aɖukliɖuɖu

Dzimevee

Dzidɔ

Dɔmebi

Lãmevee