Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Meɖe Asi Le Gadɔ Gã Aɖe Ŋu

Nu Si Ta Meɖe Asi Le Gadɔ Gã Aɖe Ŋu

Nu Si Ta Meɖe Asi Le Gadɔ Gã Aɖe Ŋu

Abe ale si Martha Teresa Márquez gblɔe ene

HADZIDZI dzɔa dzi nam ŋutɔ, eye tso nye ɖevime ke la, medina be madzi ha le radio dzi. Abɔdzokpo ko mese, gake meva srɔ̃ hadzidzi le Mexico City le dukɔa ƒe saŋkuƒoha ƒe amegã gbɔ.

Le ƒe 1969 me, esime mexɔ ƒe 24 la, xɔ̃nye aɖe si nye ɣeɖula la kpem be mava ɖu ɣe le ahanoƒe xɔŋkɔ si woyɔna be La Rampa Azul, ne woakpɔe ɖa be mate ŋu anye ɣeɖula hã. Medzi ha nyanyɛ aɖe si Mexico hakpala Tomás Méndez kpa, si nye Cucurrucucú Paloma, eye evivi ameawo nu ŋutɔ. Ɣemaɣie hadzidzi va zu nye dɔ koŋ. Nye ɖekae dzia ha, eye ŋkɔ si metsɔ na ɖokuinyee nye Romelia Romel.

Mewɔ dɔ kple Tomás Méndez kpakple Mexico hakpala kple hadzila bibiwo, siwo dometɔ aɖewoe nye Cuco Sánchez kple Juan Gabriel. Evivina nam ŋutɔ be makpɔ nye ŋkɔ le akaɖiwo ŋu, le nyadzɔdzɔgbalẽwo kple magazinewo me. Medzia ha le afi si amewo ɖea modzaka le le zã me kple radio dzi, eye meɖia tsa yi ɖadzia ha le Mexico kple Belize ƒe teƒeteƒewo. Eye esi Mexico fefewɔla xɔŋkɔ si nye Leonorilda Ochoa te eƒe fefewo wɔwɔ teti le Mexico la, mía kplii ye wɔ dɔ.

Eteƒe medidi o meva xɔ ŋkɔ, eye mekpɔa ga geɖe—ga nɔ asinye ale gbegbe be metea ŋu ƒlea sikanuwo, lãfuwu tɔxɛwo, eye mehaya aƒe gã aɖe le dziƒoxɔ aɖe dzi. Edze abe nu sia nu nɔ asinye ene, gake nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o. Dzi aɖeke menɔ dzɔyem le agbe me o. Togbɔ be Roma Katoliko ha mee wonyim le hã, sɔlemedede kpea ŋu nam. Agbe gbegblẽ siwo menɔna la na mesena le ɖokuinye me be meƒo ɖi akpa na afi ma yiyi.

Meva Lɔ̃ Yehowa

Esi mía kple ame aɖewo míenɔ ha gbãtɔ si melé ɖe mɔ dzi la me tom la, meɖe nye dzimenyawo gblɔ na Lorena Wong, si nye xɔ̃nye, eye wòdzia Mexico ha si woyɔna be ranchera. Megblɔ nɛ be medi be mazu nyɔnu saɖeagaxɔmenɔla anɔ kpekpem ɖe ame siwo dzi nu mede o ŋu. Edo ɣli ɖe tanye be: “Nyɔnu saɖeagaxɔmenɔla! Tagbɔe le gbegblẽm na wòa?”

Emegbe ebiam be: “Ènya Mawu ƒe ŋkɔa?”

Meɖo eŋu be: “Eŋkɔe nye Aƒetɔ Yesu Kristo.”

Gake egblɔ be: “Kpao, eŋkɔe nye Yehowa. Viae Yesu nye.”

Mebiae be: “Èbe Yehowa?” Nyemese ŋkɔ ma le afi aɖeke kpɔ o. Lorena na Biblia ɖekam, eye wòdo ŋugbe nam be yeagblɔ na Yehowa Ðasefo si va fiaa nu ye la be wòava srãm kpɔ. *

Ne menya kpɔ Lorena ko la, mebianɛ be: “Ɣekaɣie wò nufialaa le gbɔnye va ge?” Mawunya sese ƒe dɔ le wuyem ŋutɔ.

Ɣemaɣi la, nye ŋutɔ mete Biblia xexlẽ le ɖokuinye si, eye mekpɔe le eme be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa vavã. (Psalmo 83:19) Ewɔ nuku nam ŋutɔ. Meva ke ɖe Se Ewoawo hã ŋu, eye wo dometɔ ɖeka na dzidzi ƒom; eyae nye esi gblɔ be: “Mègawɔ ahasi o.” (2 Mose 20:14) Ɣemaɣi la, mele ŋutsu aɖe gbɔ hedzi ŋutsuvi nɛ ɣleti enyie ma, gake nyɔnu bubu le esi. Ŋutsuvi siae nye vinye evelia. Medzi ŋutsuvi ɖeka na ŋutsu bubu xoxo, gake mía kplii hã míeɖe mía nɔewo o.

Gbe ɖeka esi mele nye xɔ me le dziƒoxɔa dzi le ha aɖe si meyina dzidzi ge afia la me tom la, mese kɔ-kɔ-kɔ. Lorena ƒe nufiala, Mauricio Linares, kple srɔ̃a ye. Woɖe eme nam be Mawu ɖo ta me nyui aɖe ɖe amegbetɔwo ŋu, eye wona agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee lam. * Togbɔ be nya aɖewo yɔyɔ sesẽ nam hã la, mexlẽ agbalẽ bliboa le zã ɖeka me. Tso ema dzie meva lɔ̃ Yehowa.

Metrɔ Nye Agbenɔnɔ

Esi Ðasefoawo kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ Biblia heva nya nuxexlẽ nyuie la, mekpɔe be ehiã be matrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu, ale be nye nu nadze Yehowa ŋu. Eya ta metsɔ nɔnɔmetatawo, teƒeɖonunanawo kple atiblɛwo ƒu gbe, togbɔ be sika wotsɔ wo woe hã.

Nu si wɔwɔ sesẽ nam koŋ ye nye ale si mawɔ adzudzɔ atamanono kple aha tsu nono. Nyemetoa ahadzraƒe aɖeke ko hedoa kpo tamimi o. Eva hiã be madzudzɔ hadede kple xɔ̃nyewo katã, elabena wodina be yewoadze aha nam, eye wokpeam be mava míaɖu agbe le gatɔwo ƒe nuɖuƒe. Menyae be aha tsu ko noƒe míegayina.

Nu bubu si hã sesẽ namee nye ale si madzudzɔ kplɔ̃ɖoƒewo yiyi kple gatɔwo kpakple ame ŋkutawo. Esi wokpem be mava Cubatɔ kɔdala nyanyɛ aɖe ƒe dzigbezã ɖuƒe la, medo gbe ɖa be: “Yehowa, esiae nye kplɔ̃ɖoƒe mamlɛtɔ si made. Nyemegale nu siawo tɔgbi aɖeke teƒe yi ge o, eye nyemegale gome kpɔ ge le nuwɔna siwo medzea ŋuwò o la dometɔ aɖeke me o.” Eye nyateƒee, tso ema dzi hã koe medzudzɔ.

Togbɔ be kesinɔtɔ gã aɖee ŋutsu si medzi vinye evelia na la nye, eye wòdo ŋugbe nam be yeawɔ nu gbogbo aɖewo nam ne mekpɔtɔ le ye gbɔ hã la, medzo le egbɔ. Menɔ bɔbɔe nam ya o, elabena melɔ̃e ŋutɔ, eye eya ŋutɔ hã nya. Egblɔna nam dadatɔe be: “Nyee nye wò Mawu! Nyee nye wò Kristo!”

Meɖoa eŋu nɛ be: “Ðewohĩ ènyee tsã, gake Yehowae nye nye Mawu fifia.” Edo ŋɔdzi nam be yeaxɔ ɖevi si medzi na ye la le asinye, eye yeawɔ nuvevim.

Ame aɖewo gblɔ nam ɣemaɣi be ɖeko hadzidzi hã le abe dɔ bubuwo ke ene—be mate ŋu anye Ðasefo aganɔ ha dzim faa. Gake ame bubuwo hã ɖo ŋku edzi nam be: “Ne èkpɔtɔ le ha dzim la, màte ŋu anɔ te ɖe atamanono, ahanono kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔ siwo amewo ado ɖe gbɔwò la nu o.” Mekpɔe be nunya le ame siawo ƒe nya me wu ame gbãtɔawo tɔ.

Esi menye hadzila xɔŋkɔ la, amewo dzea agbagba be yewoana nye kpli yewo míazɔ. Meɖoe be nyemagaɖe mɔ le ɖokuinye ŋu na tetekpɔ mawo azɔ o. Eya ta le ƒe 1975 me la, mete fli ɖe ɖoɖo si wowɔ be mayi aɖadzi ha le China ƒe teƒeteƒewo la me, eye le ɣleti ade megbe la, mena wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo.

Kuxi Siwo Me Meto Kple Dzidzɔ Siwo Mekpɔ

Aleke mawɔ akpɔ ɖokuinye kple nye ƒomea dzi? Nyemede suku ɖo afi aɖeke o, eye ha ko menya dzidzi. Nyee kpɔa nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ Irma kple via etɔ̃awo, kpakple nye ŋutɔ vinyeŋutsuvi eveawo dzi. Eva hiã be míaʋu le aƒe gã si me míele la me aɖahaya xɔ sue eve. Esi wònye gatɔwo ƒe agbee menɔna tsã ta la, agbe tsɛ nɔnɔ menɔ bɔbɔe nam kura o. Le gɔmedzedzea la, nɔvinyea kple ɖeviawo bua fɔm, eye woƒonɛ ɖe nunye be maganɔ ha dzim, gake meɖoe kplikpaa be mawɔ nu si hiã ale be mate ŋu asubɔ Yehowa.

Eya ta mete nye nu xɔasiawo dzadzra—nye sikanuwo, lãfuwuwo, nye ʋu—eye metsɔa gaa kpɔa ƒomea dzi. Gake eteƒe medidi o, ga ma hã va vɔ. Esi nyemedi be vinye evelia fofo nanɔ fu ɖem nam o ta la, míeʋu yi dukɔa ƒe teƒe bubu le ƒe 1981 me, afi si magate ŋu akpɔ mí le o.

Esi míeva afi sia la, Ðasefoawo fia ale si mawɔ nuɖuɖu aɖe si woyɔna be tamale kple botokoe kpakple nuɖuɖu bubuwo adzra lam. Emegbe mekpɔ dɔ le adzɔnuwɔƒe aɖe hewɔa dɔ le zã me. Gake dɔ sia na nyemetea ŋu dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo hesubɔa Mawu nyuie o. Eya ta meɖe asi le eŋu, eye megawɔa tamale dea kusi me yi ɖadzrana le mɔ to. Alea mewɔ te ŋu le ɖokuinye dzi kpɔm hezãa nye ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu.

Mevem Kpɔ O

Ne amewo biam be aleke mesena le ɖokuinye me esi meɖe asi le gadɔ gã ma si nye hadzidzi ŋu hã la, megblɔna na wo be ale si meva dze si Yehowa hese ta me nyui siwo wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu gɔme la xɔ asi nam wu nu sia nu. Dzidzɔ wònye nam be vinyewo srɔ̃ Biblia nyuie, tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa heɖe srɔ̃ le Yehowa Ðasefowo dome. Vinye eveawo kple wo srɔ̃wo le wo viwo hem be woasubɔ mía Mawu, Yehowa.

Ƒe 30 sɔŋ ye nye esia menye mɔɖela (ŋkɔ siae Yehowa Ðasefowo yɔna na ame siwo tsɔa woƒe ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ ɖea gbeƒã Mawu ƒe Nya la). Mawu kpe ɖe ŋunye be nye hã mete ŋu kpe ɖe ame geɖewo ŋu wova srɔ̃ nyateƒe si le Biblia me, eye wotsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu. Wo dometɔ evee nye Irma kple vianyɔnua. Ne medo go ame siawo, siwo mesrɔ̃ nu kplii, siwo va zu “vinyewo,”—siwo dometɔ geɖe hã nye mɔɖelawo—eye mekpɔ be wokpɔtɔ le zɔzɔm le nyateƒea me la, dzi dzɔam glo. (3 Yohanes 4) Fifia mexɔ ƒe 64, eye mesrɔ̃a Biblia kple ame 18.

Le nye ɖetugbuimenɔɣi, esi menye hadzila la, mekpɔe be nane bú le nye agbe me, gake fifia meva ke ɖe nu ma ŋu. Mele se si Yesu de be ‘míayi aɖakpe ɖe amewo ŋu woazu nusrɔ̃lawo’ la dzi wɔm, eye esia na mesena le ɖokuinye me be mele kpekpem ɖe amewo ŋu abe ale si medi ene. (Mateo 28:19, 20) Medaa akpe na Yehowa ŋutɔ be elém ɖe te le ƒe siawo katã me, eye wògale léyem ɖe te! Nyateƒee, ‘meɖɔe kpɔ hekpɔe be eƒe dɔ me nyo.’—Psalmo 34:9.—g10-E 06.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Lorena Wong va zu Yehowa Ðasefo emegbe.

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mía kple vinyeŋutsuawo, wo srɔ̃wo, kpakple nɔvinyenyɔnu tsitsi si mía kplii míekpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mewɔa tamale dzrana le mɔ to; esia dzi meto le ɖokuinye dzi kpɔm gale mɔɖeɖedɔa wɔm