Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu ka ƒe dzie matsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu?

Nu ka ƒe dzie matsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu?

Sɔhɛwo Biana Be

Nu ka ƒe dzie matsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu?

Wɔ dzesi ✔ ɖe taɖodzinu siwo gbɔ nàdi be yeaɖo la gbɔ.

Maɖe lolo dzi akpɔtɔ

Nye agbalẽ me nanyo

Ŋusẽ nanɔ ŋunye wu

Manɔ ŋudzɔ geɖe wu

Maganɔ dzimaɖi tsim akpa o

Maganɔ dziku dom kabakaba o

Maka ɖe ɖokuinye dzi geɖe wu

NANEWO le agbe me, siwo mi sɔhɛwo miate ŋu atia le mia ɖokui si o—mia dzilawo, mia nɔviwo kple afi si mianɔ—míayɔ ʋɛ mawo ko. Gake miaƒe lãmesẽmenɔnɔ ya nye nya bubu kura. Nu siwo dome nènyi tso dziwòlawo gbɔ kple ale si nènɔa agbee lae ana nànɔ lãmesẽ me loo alo mànɔe o. *

Gake ɖewohĩ àgblɔ be: ‘Afi kae metsi ɖo hafi anɔ dzi tsim ɖe lãmesẽnyawo ŋu?’ Nenemae nèsusu ŋutɔŋutɔa? Kpɔ taɖodzinu siwo dze le etame la ɖa. Wo dometɔ neni gbɔe nèwɔ dzesi ɖo? Èlɔ̃ alo ègbe o, ehiã be nànɔ lãmesẽ me hafi ate ŋu aɖo taɖodzinu siawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.

Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe Kafui * si xɔ ƒe 17 ene, si gblɔ be: “Nyemate ŋu anɔ nu maviviamenu, si ami meté o, alo si me sukli mele o ɖuɖu dzi gbe sia gbe o ɖe!” Ne nenemaea, mègatsi dzi o. Menye gbɔgblɔm míele be nàtsi dzi ɖe lãmesẽmenɔnɔ ŋu ale gbegbe be nàdzudzɔ nu vivi ɖe sia ɖe ɖuɖu alo anɔ duƒuƒu dzi gbe sia gbe o. Nanewo ŋu ko wòahiã be nàtrɔ asi le vie ko, ekema wò lã me anya kpɔ wu, àvo le lã me, eye ànɔ lãmesẽ me. Na míakpɔ ale si hawòti aɖewo wɔe ɖa.

Ðu Nu Ale Si Dze, Ne Wò Lã Me Nanya Kpɔ Wu!

Biblia xlɔ̃ nu mí be míawɔ nu sia nu le ŋuɖɔɖo me. Lododowo 23:20 gblɔ be: “Mègaɖu nu tsu o.” (Contemporary English Version) Aɖaŋuɖoɖo sia dzi menya wɔna ɣesiaɣi o.

“Dɔ wuam ɣesiaɣi abe ale si wòwua ƒewuivi bubu ɖe sia ɖe ene. Dzinyelawo bianam be nye ƒodo me to ge woala ayi gbadagli hã.”—Edem, si xɔ ƒe 15.

“Esi nyemekpɔ be nuɖuɖu aɖeke le naneke gblẽm le ŋunye fifia o ta la, nyemekpɔ be naneke gblẽ le eŋu o.”—Danielle, si xɔ ƒe 19.

Èkpɔe be ehiã be nàɖu ɖokuiwò dzi vie le nuɖunyawo mea? Nu siwo hawòtiwo gblɔ be woawoe kpe ɖe yewo ŋu la dometɔ aɖewo nye esi.

Dze agbagba be ne èɖi ƒo la, nànya. Elikem, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: “Tsã la, medina be maɖu nu agbɔsɔsɔ si mesusu be eyae hiã na ŋutilãa, gake fifia ya, ne menya ɖi ƒo ko mekpã.”

Ƒo asa na nuɖuɖu siwo me nunyiame mele o ɖuɖu. Alfred, si xɔ ƒe 21, gblɔ be: “Esi nyemeganoa soda sɔgbɔ o la, nye kpekpeme dzi ɖiɖi kilo atɔ̃ sɔŋ le ɣleti ɖeka pɛ ko me!”

Trɔ asi le ale si nèɖua nui ŋu. Ben, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: “Medzea agbagba be magaɖu nu vɔ ayi agaxɔ ake o.”

Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔe: Ne ɣeyiɣi de be nàɖu nu la, ɖui! Ne menye nenema o la, dɔ awu wò aɖi tsi ɖe ŋuwò, ale be nàva ɖu nu kaka wò ƒodo nabe yeawó.

De Ka Me, Ne Nàvo Le Lã Me!

Biblia gblɔ be: “Kamedede nyo.” (1 Timoteo 4:8) Gake edze abe kamedede metsɔa fu lã me na sɔhɛ geɖe o ene.

“Ne megblɔ sɔhɛ ale si nu gbegbe metea ŋu kpɔa dzidzedze le kamededodokpɔ me o esi menɔ sekɛndrisuku (lycée) na wò la, awɔ nuku na wò. Evɔ efa abe tsi ene hafi!”—Richard, si xɔ ƒe 21.

“Ame aɖewo susuna be: ‘Nu ka tae nàƒu du le ŋdɔkutsugbe ate fifia, eye ɖeɖi nate ŋuwò, evɔ àte ŋu anɔ anyi ɖe xɔ me anɔ videogém ƒom, eye eya hã le ko abe kamedede ke ene?’”—Ruth, si xɔ ƒe 22.

Ðe nya “kamedede” ɖeɖe sese na ɖeɖi te ŋuwò xoxoa? Ne nenemae la, ekema bu viɖe etɔ̃ siwo tae wòle be nàdze agbagba anɔ ka me dem edziedzi ɖo la ŋu kpɔ.

Viɖe #1. Kamedede akpe ɖe wò ŋutilã ŋu wòanɔ te ɖe dɔlélewo nu. Rachel, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: “Fofonye gblɔna ɣesiaɣi be: ‘Ne èbe ɣeyiɣi mele ye si yeade ka me o la, ekema nɔ ɣeyiɣi dim ɖe dɔdzedze ŋu.’”

Viɖe #2. Kamedede nana lãmetsi siwo nana ame ƒe susu me fana la gena ɖe wò ahɔhɔ̃ me. Emily, si xɔ ƒe 16, gblɔ be: “Ne mele ta me bum akpa, eye meyi ɖaƒu du ko la, nye susu me fana. Nye lã me kɔna, eye mevona le susu me hã.”

Viɖe #3. Kamedede ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu. Ruth, si xɔ ƒe 22, gblɔ be: “Medina be mado ayi aɖafe, eye nu siwo mewɔna tsɔna dea ka mee nye tsiƒuƒu, duƒuƒu le sno dzi kple gasɔdodo.”

Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔe: Zã miniti 20 ya teti zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa ɖe kamedefefe si doa dzidzɔ na wò ŋu.

Dɔ Alɔ̃ Nyuie, Ne Wò Lã Me Nakɔ Ðe Dɔ Ŋu!

Biblia gblɔ be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.” (Nyagblɔla 4:6) Ne mèdɔ alɔ̃ nyuie o la, màte ŋu awɔ naneke hã nyuie o!

“Ne nyemedɔ alɔ̃ wòsum o la, nye lã me mekɔna ɖe naneke wɔwɔ ŋu o. Nye susu metea ŋu nɔa naneke ŋu o.”—Rachel, si xɔ ƒe 19.

“Kaka ŋdɔ ga 2 naƒo la, ɖeɖi tea ŋunye ale gbegbe be, ne mía kple ame aɖe míele dze ɖom gɔ̃ hã la, alɔ̃ ate ŋu afim le egbɔ!”—Kristine, si xɔ ƒe 19.

Mèdɔa alɔ̃ wòsua wò oa? Nu si hawòtiwo dometɔ aɖewo wɔ lae nye esi.

Zã megatsi hafi nàmlɔ anyi o. Catherine, si xɔ ƒe 18, gblɔ be: “Medzea agbagba mlɔa anyi kaba.”

Mèganɔ fon dzi zã natsi akpa o. Richard, si xɔ ƒe 21, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, xɔ̃nyewo yɔam alo ɖoa message ɖem esime zã tsi, gake meva kpɔe be ele be matso dzeɖoɖoa dzi ahayi aɖamlɔ anyi.”

Ðo game aɖe koŋ ɖi, si dzi nàmlɔ anyi. Mawusi, si xɔ ƒe 20, gblɔ be: “Fifia ya, medzea agbagba mlɔa anyi ɖe game dzi hefɔna ɖe game dzi.”

Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔe: Dze agbagba nàdɔ alɔ̃ gaƒoƒo enyi va ɖo ewo zã sia zã.

Nu etɔ̃ siwo me míedzro le nyati sia me dometɔ ka ŋue wòhiã be nàlé ŋku ɖo geɖe wu?

nuɖuɖu kamedede alɔ̃dɔdɔ

Ŋlɔ nu si nàte ŋu aɖo be yeawɔ be nàte ŋu awɔ nu sia nyuie wu la ɖe afi sia.

․․․․․

Ne èdze agbagba vie helé be na ɖokuiwò la, aɖe vi na wò geɖe ŋutɔ. Ðo ŋku edzi be ne èle lãmesẽ me la, ekema wò lã me anyo wu, àvo le lã me, eye wò lã me akɔ ɖe dɔ ŋu. Eye togbɔ be màte ŋu awɔ naneke le nanewo ŋu le wò agbe me o hã la, àte ŋu awɔ nane le wò lãmesẽmenɔnɔ ya ŋu. Ben, si xɔ ƒe 19 gblɔ be: “Ne míagblɔe la, ne ànɔ lãmesẽ me alo mànɔe o la, atso wò ŋutɔ gbɔwò.”—g10-E 06.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Mí katã míenyae be dɔ aɖewo le ame aɖewo ŋu, alo wonye wɔametɔwo, eye womate ŋu awɔ naneke le eŋu o. Nyati sia ate ŋu akpe ɖe ame siawo hã ŋu be woanɔ lãmesẽ me ale si wòanya wɔe.

^ mm. 13 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

BU NYA SIAWO ŊU

● Aleke beléle na ɖokuiwò ana be nàka ɖe ɖokuiwò dzi?

● Aleke nàda asɔ le wò lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me?—Filipitɔwo 4:5.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Míaƒe lã me le abe ʋu ene—ekpo ɖe ezãla gbɔ be wòalé be nɛ. Esia tae medina be made ka me ɖo.”

“Ne èkpɔ ame aɖe mia kplii miedea ka me la, ana nàdi be yeanɔ ewɔm edziedzi, elabena màdi be yeaɖe dzi le ame kemɛa ƒo o.”

“Ne mede ka me la, nye lã me kɔna. Eye ne ewɔe be nye lã me nya kpɔ la, megakana ɖe ɖokuinye dzi wu!”

[Nɔnɔmetatawo]

Ethan

Briana

Emily

[Aɖaka si le axa 12]

‘METRƆ ASI LE NYE AGBENƆNƆ ŊU’

“Kaka maxɔ ƒe ade la, meva lolo ŋutɔ. Le gɔmedzedzea me la, media nu vi aɖe dea nu me hafi nuɖuɖu ƒe game suna, eye vivivi la, eva zu numame nam! Evɔ nyemewɔa dɔ aɖeke o—nyemedina hã be mawɔe o. Kaka manya la, meva lolo ŋutɔ esi meɖo nye ƒewuiwo me, evɔ nyemedii nenema gbeɖe hafi o. Nye dzedzeme kple ale si mesena le ɖokuinye me la medzɔa dzi nam kura o! Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, meɖua nu tɔxɛ aɖewo, ale be matsɔ aɖe nye lolome dzi akpɔtɔ, gake eteƒe medidina hafi megalolona o. Eya ta esi mexɔ ƒe 15 la, meva ɖoe be mawɔ nane le eŋu godoo. Medi be mato mɔ nyuitɔ dzi aɖe nye lolome dzi akpɔtɔ—mɔ si me mate ŋu alé ɖe asi ɖaa. Meƒle agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ale si woaɖu nui kple ale si woade ka mee ŋu, eye mewɔ nu siwo mexlẽ le agbalẽa me la dzi. Meɖoe kplikpaa be ne eva glom le mɔ dzi alo dzi va ɖe le ƒonye hã la, nyemana ta o. Mènya o ɖe? Ðeko mema keŋkeŋ! Nye kpekpeme dzi ɖe kpɔtɔ kilo 25 sɔŋ le ƒe ɖeka me! Nye kpekpeme nɔ nenema ƒe eve sɔŋ. Nyemesusu kpɔ be mate ŋu aɖiɖi nye kpekpeme dzi akpɔtɔ o. Meva kpɔe be nu si na mete ŋu kpɔ dzidzedzee nye be, menye nye nuɖuɖu ŋu koe metrɔ asi le o. Metrɔ asi le nye agbenɔnɔ hã ŋu. Esi menya se egɔme be nu sia wɔwɔ aɖe vi nam le agbe me ko la, mele klalo heɖoe be matrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu ale si hiã.”—Catherine, si xɔ ƒe 18.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Wò lã me le abe ʋu ene—ne mèlé be nɛ o la, mawɔ dɔ nyuie o