Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènya Yehowa Ðasefowo Nyuiea?

Ènya Yehowa Ðasefowo Nyuiea?

Ènya Yehowa Ðasefowo Nyuiea?

Ame aɖe si le nu srɔ̃m tso nyadzɔdzɔŋɔŋlɔ ŋu le Denmark la ŋlɔ be: “Mexlẽ nu geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu, mese wobewobe aɖewo tso wo ŋu, eye mese ale si ame geɖe bua nazã ɖe wo ŋui hã. Esia wɔe be Yehowa Ðasefowo ƒe naneke medzɔa dzi nam o.”

EMEGBE nyadzɔdzɔŋlɔla sia bia gbe ƒome aɖe si me tɔwo nye Yehowa Ðasefowo. Aleke nuwo va yii? Eŋlɔ emegbe be: “Zi gbãtɔ si meɖo afɔ wo ƒe me ko la, nye susu trɔ kura! Ðewohĩ amewo medze si wo nyuie o, alo ɖewohĩ míesea nyawo gɔme nyuie hafi drɔ̃a ʋɔnu o. Nenemae wònɔ le gonyeme. Meva kpɔe be mesɔ nenema kura o.”—Cecilie Feyling, si ŋlɔa nu na nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Jydske Vestkysten.

Esi adzɔnudzraƒe aɖe si ɖo nudzraƒe ɖe Europa ƒe teƒe vovovowo la ƒe amegã aɖe wɔ dɔ kple Yehowa Ðasefowo eteƒe didi ta la, egblɔ be wonye dɔwɔla siwo ɖia anukware. Eya ta edi be yeaxɔ Ðasefowo ɖe yewoƒe dɔa me.

Nu si koŋ amewo nya na Yehowa Ðasefowoe nye ale si woɖea gbeƒã na amewo. Ame aɖewo melɔ̃na be yewoadzro Biblia me kpli wo o, gake ame bubuwo hã dina be yewoaɖo dze kpli wo. Ame miliɔn adre kple edzivɔ sɔŋ ye Ðasefowo srɔ̃a Biblia kplii edziedzi le xexea me godoo, eye ame siwo wosrɔ̃ nu kplii la dometɔ aɖewo ŋutɔ hã va zu nufialawo hesrɔ̃a Biblia kple amewo. Le kpɔɖeŋu me, Sɔlemehawo ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe aɖe si le Amerika gblɔ be, le subɔsubɔha gã 25 siwo le dukɔ ma me dome la, Yehowa Ðasefowo hã le wo dometɔ 4 siwo ko me tɔwo le dzidzim ɖe edzi la dome.

Nu ka tae ame miliɔn geɖe dina be Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli yewo? Aleke wosrɔ̃nɛ kple amewoe? Ðe wonɔa mɔ kpɔm be ame siwo yewole nu srɔ̃m kplii la hã nava zu Ðasefowoa? Ele be nàdi be yeanya nya mawo ƒe ŋuɖoɖo ya teti. Eya ta mègatsɔ amewo ƒe nya alo wobewobewo wɔ dɔ o, ke boŋ wò ŋutɔ ku nu me. Biblia gblɔ le Lododowo 14:15 be: “Numanyala xɔa nya sia nya si wòse la dzi sena; ke nunyala nyae be, ele be yeakpɔ kpeɖodzi le wo ŋu.”—The New English Bible.

Míele mɔ kpɔm be Nyɔ! sia akpe ɖe ŋuwò nàdze si Yehowa Ðasefowo nyuie wu. Agbalẽ sia si ɖeɖe xlẽm nèle kura fia be èlɔ̃na faa be yease ame bubuwo ƒe susu. Ekema ɖe manyo be nàwɔe alea oa: Ne èle nyati ene siwo gbɔna kple aɖaka siwo le wo me la me nyawo xlẽm la, di mawunyakpukpuiawo le wò ŋutɔ wò Biblia me. * Nunya le esia me, eye abe ale si Biblia gblɔe ene la, efia hã be, ‘èɖɔ ʋu.’—Dɔwɔwɔwo 17:11.—g10-E 08.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Ne Biblia mele asiwò o, gake àte ŋu ayi Internet dzi la, ekema àte ŋu axlẽ mawunyakpukpuiawo le nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org. Àkpɔ aɖaka aɖe le afi ma, si ƒe tanyae nye: “Read the Bible Online” [Xlẽ Biblia le Internet dzi]. Azɔ hã, agbalẽwo le nyatakakadzraɖoƒe ma le gbegbɔgblɔ 380 kple edzivɔ me.