Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Woaɖo Nyɔnuwo Nunɔlawoa?

Ðe Wòle Be Woaɖo Nyɔnuwo Nunɔlawoa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Woaɖo Nyɔnuwo Nunɔlawoa?

“E WƆA nuku nam gavea dɔ me hã nam, be womewɔ naneke le nyɔnuwo ƒe nya ŋu, ne woaɖo wo nunɔlawoe o.” Nenemae Katoliko nyɔnu aɖe ŋlɔ ɖo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽtaƒe aɖe (USA Today). Nenemae ame geɖe hã susunɛ. Elabena woɖoa nyɔnuwo nunɔlawo, bisiɔpwo kple rabiwo le subɔsubɔha bubuwo me.

Subɔsubɔha siwo xea mɔ na nyɔnuwo be woagasubɔ le haa me o kple ame siwo ɖea mɔ na wo be woafia nu amewo le kplɔ̃ta siaa gblɔna be Bibliae yewokplɔ ɖo. Gake nya lae nye be, Biblia meda asi ɖe nuwɔna siawo dometɔ aɖeke dzi o. Aleke? Be míaɖo nya sia ŋu la, ele be míadzro ale si Biblia zã nya “subɔla” me gbã.

Le Apostoloawo Ŋɔli

Gɔmesese kae le nya “subɔla” si wozã le Biblia me ŋu na wò? Esi ame geɖe zãa nya “nunɔla” ɖe nya sia teƒe ta la, woƒe susu yia ŋutsu alo nyɔnu hakplɔla alo hanunɔla siwo xɔa ŋgɔ le mawusubɔsubɔ me la dzi. Gake Biblia zã nya “subɔla” wòfia nu geɖe. Le kpɔɖeŋu me, bu nyɔnu Kristotɔ Foibe ŋu kpɔ. Apostolo Paulo yɔe be “mía nɔvinyɔnu . . . si nye Kenxrea hamea ƒe subɔla.”Romatɔwo 16:1.

Ðe nèsusu be Foibe atɔ ɖe Kenxrea hamea ŋkume akpɔ subɔsubɔwɔna aɖe dzia? Ekema subɔla ka ƒomevie Foibe nye? Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Filipitɔwo be nyɔnu aɖewo ‘wɔ dɔ kpli ye le nya nyui la kaka me na ame bubuwo.’—Míawoe te gbe ɖe edzi; Filipitɔwo 4:2, 3, Agbenya La.

Mɔ si dzi koŋ Kristotɔwo to kaka nya nyuia le apostoloawo ŋɔli ye nye “le dutoƒo kple aƒe me yi aƒe me.” (Dɔwɔwɔwo 20:20) Woyɔa ame siwo wɔa dɔ ma be subɔlawo. Nyɔnuwo hã nɔ wo dome, eye wo dometɔ ɖekae nye Priskila. Ekpe ɖe srɔ̃a ŋu ‘wofia Mawu ƒe mɔ’ ŋutsu mawuvɔ̃la aɖe si womenyrɔ wòzu Kristotɔ ɣemaɣi haɖe o. (Dɔwɔwɔwo 18:25, 26) Edze ƒãa be Priskila hã nye subɔla bibi abe Foibe ke ene—eye nenema kee nyɔnu geɖewo hã nɔ.

Dɔ Si Ŋu Bubu Lee Wònye

Ðe gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ tsɛ si ŋu bubu mele o, si woatutu ade asi na nyɔnuwo, ne ŋutsuwo nakpɔ dɔ vevi si nye ŋgɔxɔxɔ le hamea me gbɔa? Kpao. Mele nenema kura o le susu eve ta. Susu gbãtɔe nye be Biblia na eme kɔ ƒãa be ele be Kristotɔwo katã naɖe gbeƒã na amewo, ŋutsu siwo dzi dɔ geɖe le le hamea me hã le eme. (Luka 9:1, 2) Susu eveliae nye be, gbeƒãɖeɖedɔae nye mɔ vevitɔ si dzi Kristotɔwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, to wɔ ɖe se si Yesu de be woayi ‘aɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo ahafia nu wo’ la dzi le blema, eye mɔ sia dzi kee woto le ewɔm egbea hã.—Mateo 28:19, 20.

Dɔ vevi bubu hã li nyɔnu aɖewo wɔna le hamea me. Paulo ŋlɔ be: “Nyɔnu tsitsiwo [nanye] nu nyui fialawo; bene woaɖo ŋku edzi na ɖetugbuiwo be woalɔ̃ wo srɔ̃wo, woalɔ̃ wo viwo.” (Tito 2:3, 4) Eya ta mɔnukpɔkpɔ sua nyɔnu Kristotɔ tsitsi siwo kpɔ nuteƒe la si be woakpe ɖe nyɔnu siwo wotsi wu, siwo mekpɔ nuteƒe o la ŋu be woawo hã natsi. Dɔ vevi aɖee dɔ sia hã nye.

Nufiafia Le Hamea Me

Gake womegblɔ na nyɔnuwo le Biblia ƒe afi aɖeke be woatɔ ɖe hamea ŋkume afia nu o. Ðe apostolo Paulo gblɔ na wo boŋ be ‘woazi ɖoɖoe le hameawo me.’ Nu ka tae? Egblɔ be susuawo dometɔ ɖekae nye be, ne “nuwo katã nanɔ ɖoɖo nu ale si dze.” (1 Korintotɔwo 14:34, 40) Be nuwo nazɔ nyuie la, Mawu ɖoe be ŋutsuwo ko nafia nu le hamea me. Gake de dzesii be menye ŋutsu ɖe sia ɖee wona mɔnukpɔkpɔe be wòaxɔ ŋgɔ le hamea me o; ŋutsu siwo dze ŋutɔŋutɔ la koe wonaa mɔnukpɔkpɔ sia. *1 Timoteo 3:1-7; Tito 1:5-9.

Ðe dɔ si Mawu na nyɔnuwo la nye gbɔɖiɖi woa? Kura o. Ðo ŋkui be Yehowa Mawu yɔ wo na dɔ vevi aɖe: be woaɖi ɖase tso ye ŋu na amewo. (Psalmo 68:12) Yehowa Ðasefowo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ɖea gbeƒã na amewo, eye woto esia me kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wotrɔ dzi me, ale be woakpɔ xɔxɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:21; 2 Petro 3:9) Menye dɔ gã aɖee nye ema oa?

Ne ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa wɔ woƒe dɔ nyuie le hamea me la, ŋutifafa nɔa anyi, eye wodea bubu wo nɔewo ŋu. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Hafi ame natso ʋumɔ me la, ele be wòazã eƒe ŋku kple to siaa. Nenema kee ne ŋutsuwo kple nyɔnuwo wɔ dɔ si wode asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Mawu dii ene la, Mawu nana ŋutifafa nɔa hamea me tɔwo dome.—1 Korintotɔwo 14:33; Filipitɔwo 4:9. *g10-E 07.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 De dzesii hã be, togbɔ be wona ŋusẽ ŋutsu aɖewo le hamea me hã la, menye nu sia nu si dze wo ŋu koe woawɔ o. Ele be woabɔbɔ ɖe Kristo te ahawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. (1 Korintotɔwo 11:3) Ele hã be ŋgɔxɔlawo ‘nabɔbɔ wo ɖokui na wo nɔewo,’ alɔ̃ faa awɔ nu kple wo nɔewo aduadu.—Efesotɔwo 5:21.

^ mm. 15 Ne nyɔnu Kristotɔwo lɔ̃ ɖe ɖoƒe si Mawu tsɔ na ŋutsuwo le hamea me dzi la, enyea kpɔɖeŋu hã na mawudɔlawo.—1 Korintotɔwo 11:10.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Aleke nyɔnu siwo nɔ hamea me le apostoloawo ŋɔli la fia nui?—Dɔwɔwɔwo 18:26.

● Ame kawoe woɖo be woaxɔ ŋgɔ le hamea me?—1 Timoteo 3:1, 2.

● Aleke Mawu bua subɔsubɔdɔ si nyɔnu Kristotɔwo wɔna egbeae?—Psalmo 68:12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

“Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.”—PSALMO 68:12