Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aklãdɔ—Ewua Ame Vivivi

Aklãdɔ—Ewua Ame Vivivi

Aklãdɔ—Ewua Ame Vivivi

“Mexɔ ƒe 27 ɣemaɣi, meɖe srɔ̃ eteƒe medidi o, medze abe ame si le lãmesẽ me ene, eye nye ŋutɔ hã mese le ɖokuinye me nenema. Nyemevona le dɔ me kura o, eye esi menye Yehowa Ðasefo ta la, dɔ geɖe hã nɔ dzinye le míaƒe hamea me. Nyemenya be aklãdɔ le nu gblẽm le ŋunye xoxo o.”—Dukk Yun.

MÍAƑE aklã ɖea ɖi le míaƒe ʋu me, eye wògawɔa dɔ vevi 500 bubuwo hã. Eya tae aklãdɔ, si nana ame ƒe aklã tena la, ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu ŋutɔ. Ne ame noa aha muame fũu akpa alo aɖiya ge ɖe lã me nɛ la, ate ŋu axɔ aklãdɔ. Gake zi geɖe la, dɔlékuiwo koŋ ye henɛ vanɛ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖe dɔlékui siawo ƒomevi atɔ̃ ŋu, gake woxɔe se be wo ƒomevi etɔ̃ bubu ya teti gali.—Kpɔ  aɖaka si le ete.

Dɔlékui siawo ƒomevi ɖeka pɛ, si woyɔna be hepatitis B (hépatite B), wua ame 600,000 sɔŋ ƒe sia ƒe, abe asrãdɔ ke ene. Ame 1 le 3 ɖe sia ɖe dome, si nye ame miliɔn 2,000 kple edzivɔ sɔŋ, ye xɔ aklãdɔ sia, eye wo dometɔ akpa gãtɔ haya le ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe. Gake dɔa gbe vɔvɔ le ame miliɔn 350 kloe ya ŋu. Ne dɔa ƒe dzesiwo medze le wo ŋu o hã la, zi ale si wonya le agbe ko la, amewo ate ŋu axɔe le wo ŋu. *

Ne ame si ŋu aklãdɔ si gbe vɔvɔ le la te atike si sɔ zazã kaba la, ate ŋu akpe ɖe eŋu be dɔa nagagblẽ nu geɖe le eƒe aklã ŋu o. Gake ame geɖe menya be dɔa le yewo ŋu o, elabena ɖeko wòle be woado ame ƒe ʋu kpɔ hafi anya. Woate ŋu ado ame ƒe aklã ŋutɔ kura gɔ̃ hã akpɔ, gake dodokpɔa afia be naneke megblẽ le eŋu o. Eya ta aklãdɔ ate ŋu anɔ ame wum vivivi le ememe, evɔ eƒe dzesi aɖeke madze o. Ðewohĩ ƒe geɖe megbe hafi dzesiawo ava te dzedze le amea ŋu. Va se ɖe ɣemaɣi la, aklãa anya lia alo dɔa zu kansa xoxo. Dɔléle sia wua ame siwo ŋu wòle la dometɔ 1 le 4 me.

“Aleke Mewɔ Xɔ Aklãdɔ?”

Dukk Yun gblɔ be: “Dzesiawo te dzedze esime mexɔ ƒe 30. Menɔ afɔdzi dem, eya ta meyi kɔ dzi, gake atike si ana afɔdzia natɔ koe ɖɔktaa nam. Eya ta meyi gbetikewɔla aɖe gbɔ, eye wòna atikem be matsɔ kpɔ nye dɔ mea gbɔ. Atikewɔla eveawo dometɔ aɖeke mekpɔe ɖa be aklãdɔe mexɔ hã o. Esi afɔdzia metɔ o ta la, megatrɔ yi kɔa dzi. * Eƒo nye ɖusixame kpɔ, eye mese veve. Eya ta esusu be anye aklãdɔ ye, eye esi wòdo nye ʋu kpɔ la, ekpɔe be eya tututue. Ewɔ nuku nam ŋutɔ! Womedo ʋu nam kpɔ o, eye nyemenɔ agbe gbegblẽ hã kpɔ o.”

Esi wokpɔ aklãdɔ le Dukk Yun ŋu la, wodo srɔ̃a, dzilawo kple nɔviawo ƒe ʋu kpɔ, eye wokpɔe be woawo hã woxɔ dɔa kpɔ, gake woƒe lãmenugbagbeviwo te ŋu wu dɔlékuiawo. Wo dometɔ ɖeka ŋue Dukk Yun anya xɔe lea? Alo afi ɖekae wo katã woxɔe lea? Ame aɖeke menya o. Le nyateƒe me la, womenya afi si ame siwo xɔa dɔa la dometɔ 35 le alafa me xɔnɛ tso o. Gake wonya ya be womedzia ame kple aklãdɔ o, eye asinaname alo nuɖuɖu le agba ɖeka me kple ame menana woxɔnae o. Gake ame ate ŋu axɔ aklãdɔ ne ame si ŋu dɔa le la ƒe ʋu alo nu bubuwo, abe ŋutsu alo nyɔnu ƒe tsinyenye, alo ta ene, to amea ƒe abi alo ŋɔti me ge ɖe eƒe ʋu me.

Ame geɖe le aklãdɔ xɔm to ʋudodo me, vevietɔ le dukɔ siwo me ame geɖe meyina be woado yewo kpɔ be aklãdɔ le yewo ŋu hã o me. Aklãdɔxɔxɔ le bɔbɔe wu ɖikanakuxɔxɔ, elabena kaka ame 1 naxɔ ɖikanaku la, ame 100 xɔ aklãdɔ xoxo. Ʋu vi sue aɖe, abe esi asisi ɖe gelũhɛ teti ŋu ene, ate ŋu ana ame naxɔ aklãdɔ, eye ʋu si ƒu ɖe nane ŋu kwasiɖa ɖeka alo esi wu nenema kura gɔ̃ hã ate ŋu ana woaxɔ dɔa. *

Ehiã Be Míanya Ale Si Dɔa Wɔna Kakana

Dukk Yun gblɔ be: “Esi míaƒe dɔwɔƒea see be aklãdɔ le ŋunye la, woɖem ɖa le dɔwɔhati bubuwo gbɔ yi xɔ sue aɖe me.” Wowɔa nu ɖe ame siwo ŋu dɔ sia le la ŋu alea zi geɖe, eye esi womenya ale si dɔa wɔna kakana o tae. Gake ɣeaɖewoɣi la, ame siwo nya nu tso eŋu hã metea ŋu dea vovo aklãdɔ ƒomevi eve (hepatitis B kple hepatitis A) dome o. Wotea ŋu xɔa hepatitis A bɔbɔe, gake eya megblẽa nu le ame ŋu abe hepatitis B ene o. Eye esi wònye be wotea ŋu xɔa aklãdɔ to gbɔdɔdɔ me ta la, amewo bua susu vɔ̃ ɖe ame siwo menɔa agbe gbegblẽ o, gake dɔa le wo ŋu, gɔ̃ hã ŋu.

Dɔa gɔme masemase nyuie kple susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu ate ŋu ahe kuxi sesẽwo avae. Le kpɔɖeŋu me, woɖea ame siwo ŋu aklãdɔ le la ɖe aga zi geɖe, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Aƒelikawo medina be yewo viwo nafe kpli wo o, womelɔ̃na be woaxɔ wo ɖe suku o, eye dɔtɔwo hã medina be yewoaxɔ wo o. Esi amewo vɔ̃na be womava wɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie o ta la, womeyina be woado yewo kpɔ o, eye womedina hã be amewo nanya be dɔa le yewo ŋu o. Esia wɔe be amewo dea woawo ŋutɔwo kple woƒe ƒomea ƒe agbe afɔku me, elabena wotsɔ dɔlélea ɣla. Ale dɔ vɔ̃ɖi sia nɔa kakam tso dzidzime yi dzidzime.

Ðiɖiɖeme Hiã

Dukk Yun gblɔ be: “Ðɔkta gblɔ nam be maɖi ɖe eme kura, gake megate dɔmedede le kwasiɖa eve megbe. Esi wodo nye ʋu kpɔ hewɔ dodokpɔ bubuwo gake womekpɔ be nye aklã lia o ta la, mesusu be dɔa vɔ.” Ƒe etɔ̃ megbe la, dɔwɔƒea ɖe Dukk Yun yi du bubu me, eye megava vo le afi ma ya kura o. Esi wòle be wòakpɔ eƒe ƒomea kple nu bubuwo hã gbɔ ta la, medzudzɔ dɔwɔwɔ o.

Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, dɔlékuiawo gava dzi ɖe edzi ɖe Dukk Yun ƒe ʋu me, eye wòte gbɔdzɔgbɔdzɔ. Egblɔ be: “Eva hiã be maɖe asi le dɔ ŋu, eye eveam fifia be mewɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe nenema. Ne ɖe medzudzɔ kaba la, anye ne dɔa mate ŋunye ahagblẽ nu le nye aklã ŋu alea gbegbe o.” Gake Dukk Yun srɔ̃ nu vevi aɖe tso eme. Eya ta eva ɖe eƒe dɔ kple zazãwo hã dzi kpɔtɔ. Ƒome bliboa hã kpe asi ɖe eŋu, eye srɔ̃a di dɔ aɖe be yeatsɔ akpe asi ɖe ƒomea ŋu.

Ne Aklãdɔ Le Ŋuwò

Dukk Yun ƒe lã me va ka ɖe eme vie, gake ʋu megatea ŋu sina to eƒe aklã me bɔbɔe o. Le ƒe 11 megbe la, ʋuka aɖe tso le eƒe ve me, si wɔe be ʋu nɔ dodom tso eƒe vehlo me, eye wòva tsi kɔ dzi kwasiɖa ɖeka sɔŋ. Ƒe ene megbe la, eƒe susu megava le nu ŋu nɔm o. Aɖi aɖe si woyɔna be ammonia (ammoniaque) va tsi ahɔhɔ̃ me nɛ, elabena eƒe aklã megatea ŋu ɖea aɖi ma ɖa le eƒe lã me o. Gake wokpɔ kuxia gbɔ le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe esi wowɔ atike nɛ.

Dukk Yun xɔ ƒe 54 fifia. Ne dɔa ganyra ɖe edzi fifia la, ekema nu boo aɖeke megali woawɔ o. Atikewo magate ŋu akpe dɔlékuia dzi o, eye dɔ bubuwo ko woagahe avae. Nu si ko woagate ŋu awɔ nɛ ye nye be woaɖe ame bubu ƒe aklã ade nɛ, gake ame gbogbo siwo le lalam xoxo be ame aɖe nalɔ̃ woaɖe eƒe aklã ade na yewo la, dometɔ geɖe mekpɔ ɖeke haɖe o. Dukk Yun gblɔ be: “Nye ya meɖe ŋu ɖi na ku. Gake nyemetsia dzi ɖe eŋu boo akpa o. Megakpɔtɔ le agbe, aƒe le asinye, eye ƒome nyui aɖe hã le asinye. Nya lae nye be, nye nɔnɔmea ɖe vi le mɔ aɖe nu. Mekpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe nye ƒomea ŋu, eye mekpɔa ɣeyiɣi geɖe hã srɔ̃a Biblia. Esia wɔnɛ be nyemevɔ̃a ku o, eye mele mɔ kpɔm be mava nɔ agbe gbe ɖeka, esime dɔléle maganɔ anyi o.” *

Ale si Dukk Yun metsia dzimaɖi ɖe eƒe dɔlélea ŋu akpa o la na eƒe ƒomea kpɔa dzidzɔ, eye eya ŋutɔ kple srɔ̃a kpakple via etɔ̃awo katã zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔna ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea na amewo.—g10-E 08.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Ne dɔa mete ŋu vɔ le ame ŋu hafi ɣleti ade va yi o la, ekema magate ŋu avɔ o.

^ mm. 7 Nyɔ! medea atike aɖeke koŋ wɔwɔ ƒe dzi ƒo na ame o.

^ mm. 9 Ne ame si ŋu dɔa le ƒe ʋu sisi ɖe nane ŋu la, ele be woado asiwui ahakɔ ɖiɖetike ɖe tsi me atsɔ aklɔe nyuie enumake. Tsia ƒe agbɔsɔsɔme nenye atikea tɔ teƒe 10.

^ mm. 18 Ne èdi be yeanya ŋugbe si Biblia do ku ɖe ɣeyiɣi si me dɔléle maganɔ anyi o ŋu la, xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 kple agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Ne ame si ŋu aklãdɔ le la te atikezazã kaba la, ate ŋu akpe ɖe eŋu be dɔa nagagblẽ nu geɖe le eƒe aklã ŋu o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Esi amewo vɔ̃na be womava wɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie o ta la, womeyina be woado yewo kpɔ o, eye womedina be amewo nanya be dɔa le yewo ŋu hã o

[Aɖaka si le axa 12, 13]

 Aklãdɔ Ka Ƒomevie?

Dɔlékui atɔ̃e wonya be woawoe nana aklãdɔ, eye wotsɔ xexlẽdzesi A, B kple C dea dzesi etɔ̃ siwo bɔ wu. Wosusu be eƒe dɔlékui bubuwo hã gali. Aklãdɔ ɖe sia ɖe dzea egɔme abe ale si ko dzamezã dzea ame dzi ene, eye ame siwo wòdi be yeaɖe fu na la ate ŋu alé ŋudza alo womalée o. Dzesi aɖeke medzena le ame geɖe ŋu o, vevietɔ ɖeviwo. Eƒomevi si nye B kple C (hepatitis B kple hepatitis C) la gblẽa nu le ame ƒe aklã ŋu vevie xoxo hafi dzesiawo va tea dzedze.

EƑOMEVI SI NYE A (HEPATITIS A)

Aklãdɔ sia ƒe dɔlékuia dzena le ame ƒe afɔdzi me. Ate ŋu anɔ dze, tsi, alo tsikpe hã me. Ame ate ŋu axɔ aklãdɔ sia ne

Eɖua tɔmelã siwo woɖe tso tsi siwo me ɖinuwo sɔ gbɔ ɖo me, alo noa tsi ƒoɖi

Ena asi ame si ŋu dɔa le alo zã nuɖuɖu, tsi kple nuɖugba ɖeka kplii

Meklɔa asi nyuie ne etso nugodo gbɔ alo ɖɔ li godui na ɖevi si ŋu dɔa le o, alo meklɔa asi hafi ɖaa nu o

Aklãdɔ sia ƒomevi nu ate ŋu asẽ, gake evɔna godoo. Ame siwo katã kloe lé dɔ sia la ƒe ŋutilã ɖea dɔlékuia ɖa le kwasiɖa alo ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe. Atike gobii aɖeke meli nɛ o, negbe esia ko: ele be ame si ŋu wòle la naɖi ɖe eme ahaɖu nu nyuie. Ele be ame si ŋu wòle la natsri atike siwo aklã metea ŋu ɖena ɖa kaba o, abe acetaminophen ene, va se ɖe esime ɖɔkta gblɔ be dɔa vɔ le amea ŋu keŋkeŋ hafi. Ame si lé aklãdɔ sia ƒomevi kpɔ la magalée ake o, gake ate ŋu axɔ aklãdɔ ƒomevi bubuwo. Woate ŋu asi abɔta na ame atsɔ axe mɔ ɖe hepatitis A xɔxɔ nu.

EƑOMEVI SI NYE B (HEPATITIS B)

Eya ƒe dɔlékuia nɔa ame si ŋu wòle la ƒe ʋu alo tsinyenye me. Ne amea ƒe ʋu alo tsinyenye ɖo lã me na ame si womesi aklãdɔ sia ƒomevi ƒe abɔta na o la, ekema amea ate ŋu axɔe. Mɔ siwo dzi woate ŋu axɔe to dometɔ aɖewoe nye

Vidzidzi (vidzĩ ate ŋu axɔ dɔa le dadaa ŋu)

Nu siwo wozãna le kɔ dzi alo tsɔna wɔa dɔ le ame ƒe aɖu ŋu, alo nu siwo amewo tsɔna ŋlɔa nu ɖe ŋuti alo ŋɔa wo ɖokuiwo, siwo gbɔ womekpɔ nyuie hafi zã na ame bubu o

Abui, gelũhɛ, nu siwo wotsɔna ɖea fetsu, numeklɔti, alo nu bubu ɖe sia ɖe si ŋu ʋu vi sue aɖe ate ŋu asisi ɖo ato abi me aɖo lã me na ame

Gbɔdɔdɔ

Ðɔktawo xɔe se be nudzodzoewo, kpe, asinaname, asikplakɔname, alɔgogbugbɔ na ame, nonana vi, nuɖuɖu kple ame, alo nuɖugba ɖeka zazã kple ame menana woxɔa dɔa o. Aklãdɔ sia ƒomevi tea ŋu vɔna le ame tsitsi siwo xɔe la dometɔ akpa gãtɔ ŋu, eye womagate ŋu axɔe azɔ o. Gake ɖeviwo ŋu koe dɔ sia medina be yeavɔ le o. Ne womelé fɔ ɖe aklãdɔ sia ƒomevi ŋu da o la, ate ŋu ana aklãa nadzudzɔ dɔwɔwɔ kura, ale be amea naku. Woate ŋu asi abɔta na ame atsɔ axe mɔ ɖe hepatitis B xɔxɔ nu.

EƑOMEVI SI NYE C (HEPATITIS C)

Woxɔa aklãdɔ sia ƒomevi abe esi nye B la ke ene, gake zi geɖe la, abui si ŋu dɔlékuia le zazã na ame me koŋue woxɔnɛ tsoe. Abɔta aɖeke meli woate ŋu asi na ame atsɔ axe mɔ ɖe hepatitis C xɔxɔ nu o. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 46 Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gaɖe nu bubuwo me tso aklãdɔ ŋu le gbegbɔgblɔ geɖewo me le nyatakakadzraɖoƒe si nye www.who.int.

[Aɖaka si le axa 14]

ALE SI WOAXE MƆ BE AKLÃDƆ NAGAKAKA O

Togbɔ be amewo xɔa aklãdɔ le xexea ƒe akpa sia akpa hã la, ame siwo ŋu wòle hegbe vɔvɔ la dometɔ 78 kloe le alafa me le Asia kple Pasifik ƒukpowo dzi. Le nuto ma ƒe teƒe geɖe la, le ame 10 dome la, dɔa le ame 1 ŋu. Ame siwo ŋu dɔa le le afi ma la dometɔ geɖe xɔe tso wo dada gbɔ le wo dziɣi alo woxɔe le ɖevime to ɖevi siwo ŋu wòle la ƒe ʋu me. Wosia abɔta na vidzĩwo kple ame bubu siwo ate ŋu axɔe bɔbɔe la, ale be woatsɔ axe mɔ be dɔ sia nagakaka o. * Dɔa dzi ɖe kpɔtɔ kura le afi siwo wosi abɔta na amewo le.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 51 Wozãa ʋumenu suesue aɖewo le aklãdɔ ƒe abɔtawo wɔwɔ me ɣeaɖewoɣi. Ame siwo wòaɖe fu na la ate ŋu axlẽ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le Gbetakpɔxɔ, June 15, 2000 tɔ kple October 1, 1994 tɔ me. Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Keep Yourselves in God’s Love,” (“Gardez-vous dans l’amour de Dieu”) si Yehowa Ðasefowo ta me.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dukk Yun kple srɔ̃a kpakple via etɔ̃awo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]

© Sebastian Kaulitzki/Alamy