Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Wòfia Be Woatrɔ To Kemɛ Woaƒo?

Nu Kae Wòfia Be Woatrɔ To Kemɛ Woaƒo?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Kae Wòfia Be Woatrɔ To Kemɛ Woaƒo?

YESU KRISTO gblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la me be: “Migatsi tsitre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu o; ke boŋ ame sia ame si ƒo wò ɖusi tome la, trɔ ekemɛ hã nɛ.”—Mateo 5:39.

Nu kae nya ma fia? Ðe wòfia be, ele be Kristotɔwo nadzɔ movi ahana ame sia ame nawɔ nu si dzroe la ɖe wo ŋua? Ðe wòle be Kristotɔwo namia nu ɖe nu gbegblẽ si wowɔ ɖe wo ŋu la dzi ahagbe be yewomatsɔe ayi setɔwo gbɔ oa?

Nu Si Yesu Ƒe Nyawo Fia

Hafi míase Yesu ƒe nyawo gɔme la, ele be míanya nu si ta wògblɔ nyaa kple ame siwo wògblɔe na. Hafi Yesu nagblɔ eƒe nya siwo míeyɔ va yi la, egblɔ nya aɖe si eƒe nyaselawo nya xoxo tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me. Egblɔ be: “Miese be wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’”—Mateo 5:38.

Yesu yɔ eƒe nyawo tso 2 Mose 21:24 kple 3 Mose 24:20. Enyo be míade dzesii be, Mawu ƒe Se la gblɔ be, ele be nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzro eme akpɔe ɖa be nɔnɔme ka mee nua dzɔ le hã, eye ne woka ɖe edzi be ɖe amea ɖoe koŋ wɔ ko hafi woahe to nɛ ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea nu.—5 Mose 19:15-21.

Gake emegbe Yudatɔwo va trɔ gbo se sia. Adam Clarke gblɔ le agbalẽ aɖe si wota le ƒe alafa 19 lia me, si ɖe Biblia me nyawo me la, me be: “Edze abe Yudatɔwo va nɔa te ɖe se sia [ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe] dzi léa wo nɔewo ɖe dɔ me hebiaa hlɔ̃ ɖe nu si wowɔ ɖe wo ŋu la ta wògbɔa eme ene. Wowɔa wɔɖenui wògbɔa eme, eye woɖoa vɔ̃ si wowɔ ɖe wo ŋu la teƒe wògbɔa eme.” Gake Ŋɔŋlɔawo meɖe mɔ na ame be wòabia hlɔ̃ na eɖokui o.

Nu si Yesu fia le Todzimawunya la me le ‘to kemɛ tɔtrɔ woaƒo’ ŋu la wɔ ɖeka kple nu si tututu tae Mawu de Sea na Israel viwo ɖo. Yesu ƒe nyawo mefia be ne ame aɖe ƒo tome na eyomedzelawo la, ele be wòatrɔ evelia ahaɖo mo be woaƒo eya hã na ye o. Le Biblia ŋlɔɣi—kple egbea siaa—la, menye nuveviwɔame kokoko tae woƒoa tome na ame ɖo o, ke boŋ enye gbɔɖiame kple susu be dzi naku amea ne woawɔ dzre.

Eya ta nu si Yesu wɔnɛ ye nye be, ne ame aɖe ƒo tome na ame ŋutɔŋutɔ alo gblɔ nya tɔame aɖe ɖe eŋu be wòana woawɔ dzre la, mele be ame si woƒo tome na la nawɔ wɔɖenui o. Ke boŋ ele be wòadze agbagba aƒo asa na nu si wɔwɔ anye vɔ̃ɖoɖo vɔ̃ teƒe.—Romatɔwo 12:17.

Yesu ƒe nyaawo sɔ kple Fia Salomo tɔ ŋutɔ. Salomo hã gblɔ be: “Mègagblɔ be: ‘Ale si wòwɔm la, nenema mawɔe, eye maɖo eteƒe na ame le eƒe nuwɔwɔ nu’ o!” (Lododowo 24:29) Eya ta ale si Yesu yome dzelawo atrɔ to kemɛ woaƒoe nye be, womaɖe mɔ ame bubuwo nahe wo ade dzre me o.—Galatiatɔwo 5:26.

Ke Ame Ðokui Ta Ʋiʋli Ya Ðe?

Be Kristotɔ natrɔ to kemɛ mefia be mate ŋu aʋli eɖokui ta ne nu vlo wɔlawo dze edzi o. Menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be mele be míaʋli mía ɖokui ta gbeɖe o, ke boŋ mele be míakpe dzre kple ame le esi wòdo dziku na mí ta o, eye be mele be míana dzi naku mí míawɔ wɔɖenui o. Togbɔ be anyo be míagbe nya be dzre nagadzɔ o hã la, asɔ be míawɔ nu atsɔ akpɔ mía ɖokui ta, eye ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ɖi ɖe mía ŋu la, míate ŋu asamae na kpovitɔwo faa.

Yesu yome dzela gbãtɔwo zã gɔmeɖose ma tsɔ ʋli wo ɖokui ta le setɔwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo zã se siwo nɔ anyi le eŋɔli tsɔ ɖee fia be yekpɔ mɔ aɖe gbeƒã, abe ale si Yesu de se na eyomedzelawo ene. (Mateo 28:19, 20) Esi Paulo kple ehati mawunyagblɔla Sila le gbeƒã ɖem le Filipi la, dumegãwo lé wo hetso wo nu be woda se dzi.

Emegbe woƒo wo le dutoƒo hede wo gaxɔ me ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e. Esi mɔnukpɔkpɔ su Paulo si la, ezã eƒe Romatɔnyenye tsɔ ʋli eɖokui ta. Esi dumegãwo va nya be Romatɔe wònye la, vɔvɔ̃ ɖo wo le nu si wowɔ la ta, eye woɖe kuku na Paulo kple Sila be woadzo le dua me, eye woagade zi amewo me o. Eya ta edze ƒãa be Paulo ɖo kpɔɖeŋu ɖi le ale si ‘woaʋli nya nyui la ta ahaɖoe anyi le se nu’ ŋu.—Dɔwɔwɔwo 16:19-24, 35-40; Filipitɔwo 1:7.

Abe Paulo ene la, eva hiãna be Yehowa Ðasefowo nahe nya le setɔwo gbɔ enuenu, ale be woaɖe mɔ na wo woawɔ woƒe subɔsubɔdɔa. Edzɔna alea le dukɔ siwo be yewoɖe mɔ na dukɔmeviwo be woatia subɔsubɔha si dze wo ŋu la kura gɔ̃ hã me. Eye ne wowɔ nu vlo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la, mele be woatrɔ to kemɛ woaƒo, be woagbe wo ɖokui ta ʋiʋli o; eye wowɔa nu siwo hiã be woatsɔ akpɔ wo ɖokuiwo ta hã. Woyia setɔwo gbɔ hã ne ehiã.

Eya ta Yehowa Ðasefowo wɔa nu si hiã, ale be woaɖe mɔ na wo le se nu le nanewo me, togbɔ be wonya be menye ɣesiaɣie wòadze edzi o hã. Eya ta woawo hã wogblẽa nya siawo ɖe Mawu si me abe ale si Yesu wɔe ene, eye woka ɖe edzi be esi eya ŋutɔ nya nu sia nu ta la, aɖo eteƒe na ame sia ame ale si dze. (Mateo 26:51-53; Yuda 9) Kristotɔ vavãwo nyae be Yehowae nye hlɔ̃biala.—Romatɔwo 12:17-19.—g10-E 09.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Nu kawoe wòle be Kristotɔwo naƒo asa na?—Romatɔwo 12:17.

● Ðe Biblia de se be mele be ame naʋli eɖokui ta le setɔwo gbɔ oa?—Filipitɔwo 1:7.

● Nu ka dzie Yesu ka ɖo be ye Fofo awɔ?—Mateo 26:51-53.