Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Wo Ŋu

Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Wo Ŋu

Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Wo Ŋu

France “Yehowa Ðasefowo nye dumevi siwo wɔa dukɔa ƒe sewo dzi. . . . Vɔvɔ̃ aɖeke mele wo ŋu o. Wowɔa dɔ, xea adzɔ, doa ganyawo ɖe ŋgɔ le míaƒe dukɔa me, eye wonaa nu dɔmenyohabɔbɔwo be woatsɔ akpe ɖe amewo ŋu. Ale si wo ameawo nye ame vovovowo ƒomevi tso teƒe vovovowo, gake woƒoa ƒu ɖekae le ŋutifafa me la, nya kpɔna ŋutɔ. . . . Ne ɖe ame sia ame nye Yehowa Ðasefo la, anye ne mí kpovitɔwo ƒe dɔ magahiã o.”—Franseawo ƒe kpovitɔwo ƒe habɔbɔ aɖe ƒe nyanuɖela.

Ukraine “Yehowa Ðasefowo fiaa agbe nyui nɔnɔ wo viwo. Wofiaa wo viwo be woatsri agbenɔnɔ, nuwɔna kple nɔnɔme siwo wobuna egbea be naneke megblẽ le wo ŋu o, gake woate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo ŋutɔ kple ame bubuwo ŋu la. Eya tae woxlɔ̃a nu wo viwo tso afɔku siwo le atike muamewo zazã, atama, siga, alo aha tsu nono me la ŋu. Wonyae be ele vevie be yewoaɖi anukware ahado vevie dɔ. . . . Yehowa Ðasefowo fiaa wo viwo be woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo, be woabu ŋusẽtɔwo kple ame bubuwo, be woagagblẽ ame bubuwo ƒe nuwo dome o, eye woanye dumevi siwo wɔa se dzi.”—The History of Religion in Ukraine, si me Agbalẽnyalagã Petro Yarotskyi to.

Italy “Ame 30,000 sɔŋ ƒo ƒu le Olimpik Fefewɔƒea, evɔ mànya be ame aɖeke le afi ma o. . . . Màkpɔ gbeɖuɖɔ aɖeke o, màse toɣliɖeɖe alo ɣlidodo le afi ma o. Aleae Olimpik Fefewɔƒea nɔ etsɔ va yi. . . . Màkpɔ be ame aɖeke le nɔvia tutum o, màkpɔ sigarɛt alo ahatukpa aɖeke o. Nu si nàkpɔ koe nye Biblia siwo woke ɖi, ame siwo le dzesi dem nyawo, kple ɖevi siwo nɔ anyi ɖi kpoo.”—Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye L’Unità, si ka nya ta tso takpekpe aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Rome ŋu.

Britain “Cheltenham dua ƒe bisiɔp ƒe kpeɖeŋutɔ gblɔ be ehiã be [England Sɔlemeha la] naɖo ƒuƒoƒo siwo me tɔwo atsɔ wo ɖokui ana anɔ tsatsam abe Yehowa Ðasefowo ene.”—The Gazette, Gloucester Diocese.

The Netherlands (Pays-Bas) Ame siwo te ɖe afi si wotu Fiaɖuƒe Akpata (afi si Ðasefowo ƒoa ƒu ɖo srɔ̃a nu) ɖo le Leeuwarden dua me ŋu la ŋlɔ agbalẽ na Ðasefo siwo le afi ma, si me nyawo yi ale: “Míedi be míakafu mi ɖe ale si miena Noorderweg [Noorder Mɔa] va nya kpɔ ŋutɔ ta. Miaƒe ha me tɔwo dzrana ɖo nyuie ɣesiaɣi, eye wobua ame ŋutɔ. Ðeviwo nɔa anyi kpoo, ame tsitsiwo metɔa woƒe ʋu ɖe teƒe si se meɖe mɔ ɖo o, wometsɔa gbeɖuɖɔ aɖeke ƒua gbe ɖe mɔa dzi o, eye mieléa be na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu, ale be teƒea le dzadzɛ hele kɔkɔe ɣesiaɣi. Míedi be mianɔ míaƒe nutoa me ɖaa, elabena dzidzɔ wònye na mí be miele mía dome.”

Mexico Elio Masferrer, si nye nufialagã kple numekula le Dukɔa ƒe Amegbetɔŋutinunya Kple Ŋutinya Suku, gblɔ be Ðasefowo kpe ɖe ame siwo “to ƒomekuxi sesẽwo me, abe ame siwo gbɔ wodɔ sesẽe, ame siwo ŋu wowɔ ŋlɔmi le, ame siwo nye aha tsu nolawo kple ame siwo atike muamewo zu numame na ene” la ŋu. Egblɔ kpee be, nu siwo Ðasefowo fiana la “na ame siwo mebua wo ɖokui ɖe ɖeke me o la sena le wo ɖokui me be bubu le yewo ŋu,” eye wokpena ɖe wo ŋu “wowɔa nu si dzea Mawu ŋu, ale be wometoa kuxi sesẽ aɖeke me le agbe me o.”—Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Excélsior.

Brazil Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa le etɔxɛe vavã. Afi si woƒo ƒu ɖo la nɔa dzadzɛ ɣesiaɣi. Nu sia nu nɔa ɖoɖo nu . . . Ne wɔnaa wu enu la, teƒea ganɔa dzadzɛ wu ale si wòle hafi wova zãe. Ne nuƒowo le edzi yim la, màse xevi teti hã ƒe xɔxlɔ̃ o. Ame aɖeke metutua nɔvia alo lɔa nɔvia o. Nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe sɔŋ ko nàkpɔ. . . . Woƒe nuwo katã le ɖoɖo nu. Wose mawusubɔsubɔ gɔme ŋutɔ.”—Comércio da Franca.

Yehowa Ðasefowo xɔe se vevie be Wɔla la nya dzidzenu siwo nu wòle be amegbetɔ siwo wòwɔ la nanɔ agbe ɖo la nyuie wu ame sia ame. (Yesaya 48:17, 18) Eya ta ne Ðasefowo ƒe agbe nyui nɔnɔ na amewo kafu wo la, wotsɔa kafukafua nana Mawu. Yesu gblɔ be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, bene woakpɔ miaƒe dɔwɔwɔ nyuiwo, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana mia Fofo si le dziƒowo.”—Mateo 5:16.—g10-E 08.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

“Yehowa Ðasefowo fiaa wo viwo be woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo, . . . eye woanye dumevi siwo wɔa se dzi”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

“. . . Wo ameawo nye ame vovovowo ƒomevi tso teƒe vovovowo, gake woƒoa ƒu ɖekae le ŋutifafa me . . .”