Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Senyala Aɖe Lé Ŋku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu

Senyala Aɖe Lé Ŋku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu

Senyala Aɖe Lé Ŋku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu

LES CIVIN, si nye senyawo gbɔ kpɔƒe aɖe ƒe amegã le South Africa (Afrique du Sud) gblɔ be: “Nyemenya nu boo aɖeke tso Yehowa Ðasefowo ŋu tsã o.” Ke nu kae ʋãe wòku Ðasefowo ƒe dzixɔsewo me? Nya ta kae wòƒo tso woƒe dzixɔsewo ŋu? Se nya si wògblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo ɖa.

Subɔsubɔha ka mee nènɔ tsã?

Yudatɔe menye, gake le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze la, meɖe Carol, si nye England Sɔlemeha la me tɔ. Gake metsia dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o, eye mawusubɔsubɔ ƒe nya aɖeke meka mí ɣemaɣi o. Gake esi mía vi, Andrew, xɔ ƒe enyi la, Carol susui be ele be míafia nui tso mawusubɔsubɔ ŋu. Rabi (Yudatɔwo ƒe nufiala) aɖe gblɔ nam be ne Carol zu Yudatɔ la, ekema ana Andrew hã nazu Yudatɔ, ale be ne exɔ ƒe 13 la, woawɔ Bar Mitzvah nɛ (si nye kɔnu si wowɔna na ŋutsuvi siwo nye Yudatɔwo, si ɖoa kpe edzi be wotsi ase mawusubɔsubɔ kple senyawo me). Eya ta míete suku si me wofiaa nu ame siwo di be yewoatrɔ azu Yudatɔwo le kwasiɖa sia kwasiɖa la dede le ƒuƒoƒe aɖe.

Aleke nèwɔ va dze si Yehowa Ðasefowo?

Ɣesiaɣi si Yehowa Ðasefowo va míaƒe ʋɔtru nu la, metsoa nya ɖe wo nu. Megblɔna be: “Yudatɔe menye, eye nyemexɔ Nubabla Yeyea dzi se o.” Carol gblɔ nam be ye xɔlɔ̃ aɖe nye Yehowa Ðasefo, eye be enya Biblia ŋutɔ. Carol doe ɖa be míasrɔ̃ Biblia vie. Eya ta meva lɔ̃ mlɔeba be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim.

Aleke wò Biblia sɔsrɔ̃a yii?

Ðe medana ŋutɔ tsã. Meva se Yudatɔwo ƒe dzixɔsewo me ɖe edzi, eye mese le ɖokuinye me be míawoe nye dzidzime tiatia la. Megblɔ le dzi me be: ‘Nu kae ame siawo ate ŋu afiam?’ Zi gbãtɔ si Ðasefo aɖe va gbɔnye la, megblɔ nɛ be: “Yuda subɔsubɔha mee wodzim ɖo. Esiae nye ha si me mele, eye eya mee maku ɖo. Nya aɖeke meli nàgblɔ atsɔ ana matrɔ nye dzixɔsewo o.” Megblɔ nya aɖeke tsɔ tsi tsitre ɖe nye dzixɔseawo ŋu o. Eya ta le Fiɖagbewo kple Dzoɖagbewo zã me la, míedea suku si me wofiaa nu ame siwo di be yewoatrɔ azu Yudatɔwo le, eye le Kwasiɖagbe ŋdiwo la, Ðasefowo va srɔ̃a nu kpli mí (ne nyemete ŋu si le wo nu o). Gake woawo mexɔa ga ɖe nusɔsrɔ̃a ta, abe ale si wònɔna le ƒuƒoƒea ene o.

Yudatɔwo ƒe Bibliae mezãna, elabena mesusu be Ðasefowo ŋutɔ ƒe Biblia le wo si, si sɔ ɖe woƒe nufiafiawo nu. Gake ewɔ nuku nam ŋutɔ be Biblia eveawo katã gblɔ nya ɖeka. Esia na megaɖoe kplikpaa wu be maɖee afia Ðasefoawo be womenya nu si wɔm wole o.

Esi Carol srɔ̃ nu ʋɛ aɖewo le rabi la gbɔ megbe la, egblɔ nam be yesusu be rabia menya Biblia nyuie o. Egblɔ nam be yemegale sukua yi ge o, gake yemele nu gbe ge le Kristo gbɔ ya o. Metɔtɔ ale gbegbe, eya ta mesusui be magbe Carol. Gake esi nye dzi fa vie la, meɖoe be mate mɔnu bubu kpɔ: Medi be mazã ŋutete si le asinye abe senyala ene la atsɔ aɖee afia Carol be ‘xɔsegbado’ ma menye ha vavã aɖeke o.

Ðe nète ŋuia?

Rabi aɖe tsɔ agbalẽ aɖe si woŋlɔ be woatsɔ aɖee afia be nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu la meva eme ɖe Yesu dzi o la nam. Mía kple Carol míezã ɣleti 18 sɔŋ tsɔ srɔ̃ agbalẽ ma. Gake Ðasefoawo gava srɔ̃a nu kpli mí kwasiɖa sia kwasiɖa. Ɣesiaɣi si míedzro nyagblɔɖi aɖe me le rabia ƒe agbalẽa me la, nyemevona le ɖokuinye me o. Nyagblɔɖi siwo le Biblia me ku ɖe Mesia ŋu la katã va eme ɖe ame ɖeka pɛ ko dzi, si nye Yesu Kristo. Gake menye nenemae agbalẽa ƒe numeɖeɖewo fia o. Nyaa va trɔ kura esi míedzro nyagblɔɖi si le Daniel 9:24-27 me, afi si gblɔ be Mesia la ado le ƒe 29 M.Ŋ. me. * Ðasefoa tsɔ Hebrigbe me Biblia aɖe si me nyawo gɔme woɖe ɖe Eŋlisigbe me tẽe la vae. Melé ŋku ɖe gɔmeɖeɖea ŋu, bu akɔnta, eye megblɔ be: “Enyo, nyagblɔɖia fia asi ƒe 29 M.Ŋ. Ta nu ka?”

Ðasefoa gblɔ be: “Ƒe ma mee wonyrɔ Yesu.”

Ðeko nye nu ku! Ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va eme pɛpɛpɛ kple ale si wowɔ ɖeka kple wo nɔewo nyuie la hã wɔ nuku nam.

Aleke xɔ̃wòwo wɔ nu esi nètrɔ wò dzixɔsewo?

Wo dometɔ aɖewo tsi dzi vevie be ɖe woflu tagbɔ na mía kple srɔ̃nye, eya ta wodo ŋugbe be yewoakplɔ mí ayi amewo gbɔ woakpe ɖe mía ŋu. Gake ɖe míeku nu me tsitotsito hekpɔe be susu le nyawo me hafi xɔ wo dzi se—eya ta susu boŋue woʋu na mí.

Nu kae na nèɖoe be yeazu Ðasefo?

Le gɔmedzedzea la, mekplɔa srɔ̃nye ɖo dea kpekpe ʋɛ aɖewo le Fiaɖuƒe Akpata me, elabena eya zu Ðasefo xoxo. * Ale si Ðasefowo kɔa mo ɖe ame helɔ̃a wo nɔewo togbɔ be wonye ame vovovowo hã la, wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nyemekpɔe le míaƒe ha me alea kpɔ o. Eya ta esi megasrɔ̃ nu geɖe ƒe etɔ̃ megbe la, mena wonyrɔm.

Aleke nèsena le ɖokuiwò me esi nèzu Ðasefo?

Bubu wònye na ame be wòagblɔ be: “Yehowa Ðasefo menye.” Gake ne mebu ale si metsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu ŋuti la, mesena le ɖokuinye me be nyemedze na gbɔgbɔmenu xɔasi siwo Yehowa nam la o. Mavem akpɔ be mezu Ðasefo o.

Yayra kawoe nèkpɔ?

Wosɔ gbɔ. Ðekae nye ale si mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su asinye be menye hamemetsitsi, alo ame si xɔa ŋgɔ fiaa nu Mawu ƒe amewo le míaƒe hamea me. Azɔ hã, metea ŋu kpena ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le South Africa ŋu le senyawo me. Gake ɖikeke mele eme o be yayra gãtɔe nye ale si meva dze si Yehowa kple Via henya afi si míeɖo na ɣeyiɣia, eye mese nu siwo le dzɔdzɔm egbea, siwo le xexea ʋuʋum, la gɔme.—g10-E 08.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 M.Ŋ. gɔmee nye “Mía Ŋɔli.” Ne èdi be yeadzro Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Mesia ŋu me la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 197.

^ mm. 18 Carol ku le ƒe 1994 me, eye Les Civin gaɖe srɔ̃ bubu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va eme pɛpɛpɛ kple ale si wowɔ ɖeka kple wo nɔewo nyuie la . . . wɔ nuku nam