Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BLEMATƆWO ŊUTI NYA

Robert Boyle

Robert Boyle

Ame siwo blemaŋutinya doa dzidzɔ na la aɖo ŋku Aƒetɔ Robert Boyle dzi be eyae nye dzɔdzɔmeŋutinunyala si to dzɔdzɔmese si wòtsɔ ŋkɔ na be Boyle ƒe se la vɛ. Se sia ɖe kadodo si le gas ƒe agbɔsɔsɔ, nugoe si me wodee, kple ŋusẽ si le eme la dome. Nu si ŋu wòke ɖo la kpe ɖe amewo ŋu wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le nutovɛ aɖewo me. Gake menye dzɔdzɔmeŋutinunya koe doa dzidzɔ na Robert Boyle o. Exɔ Mawu kple eƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la hã dzi se vevie.

BOYLE tso kesinɔtɔwo ƒe ƒome aɖe me le Lismore Castle le Ireland, eye wodzii le ƒe 1627 me. Enye ɣeyiɣi si ŋutinyaŋlɔlawo yɔna be tamebubu deŋgɔ ƒe gɔmedzeɣi, le esi amewo bua tame geɖe hedia ale si woawɔ avo tso nuŋububu dadawo si me ta. Emae nye Boyle hã ƒe taɖodzinu. Etsɔ ŋkɔ na eɖokui be Philaretus, si gɔmee nye “Nu Dzeame Lɔ̃la,” le eƒe agbemeŋutinya si eya ŋutɔ ŋlɔ ɖi la me.

Menye ɖeko Boyle di be yeake ɖe nyateƒea ŋu o, ke edi hã be yeafia nyateƒea amewo. Eva zu agbalẽŋlɔla bibi aɖe, eye eƒe nuŋlɔɖiwo kpɔ ŋusẽ ɖe eŋɔlimetɔ geɖe, siwo dome dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ Aƒetɔ Isaac Newton hã le la dzi. Boyle nɔ ame siwo ɖo Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Ƒe Habɔbɔ anyi le London, England, le ƒe 1660 me la dome.

ENYE DZƆDZƆMEŊUTINUNYALA

Woyɔ Boyle be dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔme ŋuti nunyala gãtɔ. Eƒe nuwɔna to vovo na dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo nɔ anyi le eŋɔli. Woawo ya woɣlaa nu siwo ŋu woke ɖo, alo woŋlɔnɛ ale gbegbe be wo tɔ bubuawo koe ate ŋu ase wo gɔme. Gake Boyle ya ŋlɔ nu siwo ŋu wòke ɖo la ɖi tsitotsito wo me kɔ ƒãa. Azɔ hã, meda asi ɖe eŋɔlimetɔwo ƒe susuwo dzi nenema ko o, ke boŋ edoa nuwo kpɔ hekena ɖe ale si wole ŋutɔŋutɔ la ŋu.

Boyle ƒe dodokpɔwo ɖo kpe edzi be, nu suesue siwo nye ɖeka tɔgbiwoe ƒoa ƒu wɔa nane, eye ne wotsaka wo la wogazua nu vovovo bubuwo.

Boyle ŋlɔ mɔnu siwo wòzã le eƒe dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ me la ɖe eƒe agbalẽ xɔŋkɔ si nye The Sceptical Chymist me. Egblɔ le eme be, ele be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nabɔbɔ wo ɖokuiwo ahalɔ̃ ɖe woƒe vodadawo dzi. Boyle gblɔe kã be ele be ame siwo lé nukpɔsusu aɖe me ɖe asi la nadi vovototo si le nu si wonya be enye nyateƒe kple nu si wosusu be enye nyateƒe la dome.

Boyle gblɔe kã be ele be ame siwo lé nukpɔsusu aɖe me ɖe asi la nadi vovototo si le nu si wonya be enye nyateƒe kple nu si wosusu be enye nyateƒe la dome

EXƆ MAWU DZI SE

Boyle wɔ numekuku tsitotsito le mawusubɔsubɔnyawo hã ŋu. Nu siwo ŋu wòke ɖo le nusɔsrɔ̃ tso xexe gbahoo la kple nu gbagbewo ƒe wɔwɔme ŋu la na wòva kpɔe be, Aɖaŋudɔwɔla kple Wɔla nyanu aɖee wɔ wo. Eya ta meda asi ɖe mawudzimaxɔse ŋuti susu si nɔ nunyalawo si ɣemaɣi la dzi o. Boyle gblɔ be, ame sia ame si bua nuwo ŋu yia ŋgɔe la axɔ Mawu dzi ase godoo.

Ke hã, Boyle kpɔe be amegbetɔ ƒe susu ɖeɖe dzaa mate ŋu akpe ɖe eŋu wòake ɖe nunya vavãtɔ ŋu o. Ekpɔe be ehiã godoo be Mawu naɖe nuwo me na mí. Egblɔ be, nu si Mawu ɖe ɖe go na míe nye eƒe Nya, Biblia la.

Gake ete ɖe Boyle dzi be ame gbogbotɔ menya Biblia me nyawo o, eye wòdze abe kpeɖodzi gobi aɖeke mele woƒe dzixɔsewo ŋu o ene. Ebia be, aleke ame atu eƒe dzixɔsewo ɖe edzilawo kple nuto si me wodzii le me tɔwo ƒe dzixɔsewo ko dzi? Boyle di vevie be yeakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie.

Le esia ta Boyle tsɔ ga na be woatsɔ ata Biblia ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me. Wo dometɔ aɖewoe nye Dziehe Amerikatɔwo ƒe gbewo kpakple Arab, Ireland, Malay kple Turkey gbewo. Togbɔ be Robert Boyle nye nunyalagã hã, ebɔbɔ eɖokui, edi nyateƒea vevie, eye wòkpe ɖe amewo ŋu be woake ɖe nyateƒea ŋu.