Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Xexea Me

Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be ame siwo gbɔa ʋu siwo zãa mɔ̃memi si woyɔna be diesel ƒe dzudzɔ la “ate ŋu axɔ dzitodzitomekansa” kple aɖuɖɔtoemekansa bɔbɔe.

Antarctica

Seƒoƒowɔ kple adru siwo wokpɔ le ƒugɔmeke me ɖee fia be detiwo kple ave siwo nɔ anyigba ƒe teƒe xɔdzowo la nɔ Antarctica kpɔ. Wogblɔ be le ƒe miliɔn gbogbo siwo va yi le teƒe mawo la, vuvɔ nu mesẽna le vuvɔŋɔli o eye “sno medzana fũu” le teƒe ma o. Eye vovototo boo aɖeke mele ale si yame ƒe nɔnɔme nɔna le teƒe siwo nye anyigba xɔdzowo egbea kple teƒe ma dome o.

Ireland

Le nyatakaka aɖe si Ireland Katolikoha Ƒe Nunɔlawo Ƒe Habɔbɔ aɖe na le ƒe 2012 me nu la, Katolikotɔ siwo wobia gbee le du sia me la dometɔ 87 le alafa me susui be ele be woaɖe mɔ na nunɔlawo woaɖe srɔ̃, eye wo dometɔ 77 le alafa me hã susui be ele be woaɖe mɔ na nyɔnuwo woanye nunɔlawo.

AFRIKA SAHARA DZOGBE ƑE ANYIEHE KPLE ASIA ƑE ANYIEHEƔEDZEƑE

Esi wodo asrãtikewo kpɔ la, wode dzesii be le dukɔ aɖewo me la, zi geɖe la, atike siawo menyona o, alo womenye adodoeawo o, si wɔe be wometea ŋu wɔa dɔ tututu alo daa dɔ o. Le Asia ƒe anyieheɣedzeƒe la, atike siwo wodo kpɔ ƒe 36 le alafa me nye yeaɖitike alo atike kpayɔwo, eye esiwo wodo kpɔ le Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe la hã ƒe 20 le alafa me nye atike manyomanyowo.

El Salvador

Le April 2012 ƒe domedome lɔƒo la, El Salvador dziɖuɖumegãwo ɖe gbeƒã ŋkeke gbãtɔ si dzi womewu ame aɖeke le o le ƒe etɔ̃ kloe me. Le ƒe 2011 me la, atike vɔ̃ɖi dzralawo ƒe ŋutasẽnuwɔna xɔ aƒe ɖe dukɔa me, eye wobu akɔnta be wowu ame 69 le akpe alafa ɖeka me, esia na be wòva zu dukɔ siwo me wowua ame le wu le xexea me la dometɔ ɖeka.