Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Satana

Satana

Ðe Satana nye ame si li ŋutɔŋutɔa?

“Ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, . . . le anyigba dzi nɔlawo katã blem.”Nyaɖeɖefia 12:9.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo xɔe se be Satana Abosam menye ame si li ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ nɔnɔme vɔ̃ɖi si le amegbetɔ mee wònye.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Satana nye ame si li ŋutɔŋutɔ. Enye mawudɔla dzeaglã, eye wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si tsia tsitre ɖe Mawu ŋu. Biblia yɔ Satana be “xexe sia dzi ɖula.” (Yohanes 12:31) Ezãa “beble” kple “amebeble ƒe dzesiwo” tsɔ ɖoa eƒe taɖodzinuwo gbɔ.2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10.

Woŋlɔ dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le Satana kple Mawu dome la ɖe Biblia me. Ne nɔnɔme vɔ̃ɖi aɖe si le ame me koe Satana nye la, aleke nɔnɔme vɔ̃ɖi aɖe ate ŋu anɔ Mawu si de blibo le goawo katã me la me si wòanɔ nu ƒom na? (5 Mose 32:4; Hiob 2:1-6) Edze ƒãa be ame si li ŋutɔŋutɔe Satana nye, ke menye vɔ̃ɖinyenye aɖe si ŋu woƒo nu tsoe abe amee wònye ene o.

NU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?

Nu si tae Satana di be nàxɔe ase be menye ame si li ŋutɔŋutɔe yenye o la sɔ kple ale si ko nu vlo wɔla aɖe madi be amewo nadze si ye o ale be yeayi edzi anɔ se dzi dam le adzame. Be nàkpɔ ɖokuiwò ta tso Satana si me la, nu gbãtɔ si wòle be nàwɔe nye be nànya be enye ame si li ŋutɔŋutɔ.

Afi kae Satana le?

“Baba na anyigba . . . elabena Abosam ɖi va mia gbɔ.”Nyaɖeɖefia 12:12.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe xɔe se be Satana le dzo mavɔ me le anyigba ƒe titina. Ame bubuwo hã susui be enɔa ame vɔ̃ɖiwo me.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Esi wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Satana nye ta la, ele afi si ŋku mate ŋu akpɔ o. Ɣeaɖeɣi va yi la, woɖe mɔ na Satana wòyiaa afi si Mawu kple mawudɔla wɔnuteƒewo nɔna la faa. (Hiob 1:6) Gake fifia la, wònyae ɖa le Mawu ŋkume, eye woxe mɔ ɖe eya kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi bubuwo nu wotsi anyigba ƒe nutowo me.Nyaɖeɖefia 12:12.

Ðe esia fia be Satana le anyigba ƒe teƒe ɖeka aɖe koŋua? Ðewohĩ èxlẽe kpɔ be blemadu Pergamo nye “afi si Satana le.” (Nyaɖeɖefia 2:13) Le nyateƒe me la, ale si trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖe du ma mee wowɔnɛ. Satana mele anyigba ƒe teƒe aɖe koŋ si woate ŋu akpɔ kple ŋku o. Ke boŋ ɖe Biblia gblɔ be etɔe nye “anyigba dzi nɔlawo ƒe fiaɖuƒewo katã.”Luka 4:5, 6.

Ðe Satana ate ŋu awɔ nu vevi amewo alo akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzia?

“Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”1 Yohanes 5:19.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ameƒomea ƒe akpa gãtɔ ɖe mɔ Satana flu wo, eye wova le eƒe ŋusẽ te. (2 Korintotɔwo 11:14) Nyateƒenya sia ɖe nu si tae amegbetɔwo mete ŋu le asi trɔm le xexea me ƒe nɔnɔmewo ŋu be woanyo o la fia.

Biblia ƒo nu tso nɔnɔme siwo nu sẽ wu ŋu. Woawoe nye esiwo me Satana kple mawudɔla dzeaglãwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi hewɔ nu vevi wo le.Mateo 12:22; 17:15-18; Marko 5:2-5.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Mele be nàna Satana ƒe ŋusẽ nado vɔvɔ̃ na wò o. Be màgadze Satana ƒe asi me alo be wòakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o la, ele be nànya nu tso ale si wòblea amewoe la ŋu ale be ‘eƒe nugbeɖoɖowo maganɔ manyamanya’ na wò o. (2 Korintotɔwo 2:11) Ne èxlẽa Biblia la, ànya nu tso Satana ƒe ayemɔwo ŋu nyuie, eye esia awɔe be àkpɔ ɖokuiwò ta tso esi me.

Tsɔ nu sia nu si do ƒome kple gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ ƒu gbe. (Dɔwɔwɔwo 19:19) Nu siawo dometɔ aɖewoe nye atiblɛ, agbalẽ, video, ha kple kɔmpiutaɖoɖo siwo doa gbɔgbɔyɔyɔ kple afakaka ɖe ŋgɔ.

Biblia gblɔ be: “Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Ne èwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi la, àte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta tso Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo me.Efesotɔwo 6:11-18.