NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃ÐEÐE
Ne Xɔlɔ̃dzedzea Me Va Le Kplikplikpli Akpa
KUXIA
Ènye srɔ̃ŋutsu eye nèdze xɔlɔ̃ nyɔnu bubu alo ènye srɔ̃nyɔnu eye nèdze xɔlɔ̃ ŋutsu bubu aɖe si sea nu gɔme na wò wu. Esia na wòva wɔ na mi be yewoate ŋu aɖo dze ɖe sia ɖe faa eye mieɖonɛ hã. Ègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Xɔ̃wo ko míenye,’ evɔ ne srɔ̃wò aɖo to ase dze legbe siwo mieɖona la, eya mabui nenema o.
Anɔ eme be miaƒe xɔlɔ̃dzedzea gayi akpa, ahiã be nàwɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Gake gbã la, na míakpɔ ale si wòdzɔe be nèva ƒo ɖokuiwò ɖe xɔlɔ̃dzedze sia me.
NU SI GBƆ WÒTSONA
Didi be yeƒe dzi nadze eme. Kpuie ko la, evivia nyɔnu nu ne ŋutsu tsɔ ɖe le eme nɛ, eye nenema kee wòle le ŋutsu hã gome. Esia nana ame ƒe ta tena, eye wòsena le eɖokui me be ye hã yele ame me. Ɣeyiɣi aɖe le miaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, ɖewohĩ èva le ha dem kple ame aɖe si menye srɔ̃wò o eye wònana wò dzi dzea eme. Gake de dzesii: Ne hadede kple ame si menye srɔ̃wò o va le nuwò vivim la, afɔku le eme. Ne èdea ha kplikplikpli kple ame aɖe hegblɔa wò dzimenyawo nɛ la, ana be wò kple srɔ̃wò dome maganɔ kplikplikpli abe tsã ene o. Le go aɖe me la, èle lɔlɔ̃ si srɔ̃wò dze na la temee.
• Bia ɖokuiwò be, ‘Nu nyui ka koŋ kpɔm mèle le hadede kple ame sia me si nyemate ŋu akpɔ le srɔ̃nye gbɔ wu o?’
Ðekematsɔmatsɔ le eme na ame srɔ̃. Biblia na míenya be ame siwo ɖe srɔ̃ la akpɔ “xaxa” le mɔ aɖe nu. (1 Korintotɔwo 7:28) Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu ase le ɖokuiwò me be ye srɔ̃ megatsɔa ɖeke le eme na ye o alo medea bubu ye ŋu o, alo elé dziku ɖe dɔ me le masɔmasɔ aɖe si gbɔ miekpɔ o ta. Ðewohĩ srɔ̃wòa mele lɔlɔ̃m be miakpɔ nya la gbɔ o, eye dzi ɖe le ƒowò. Ale wɔ esi ame bubu tsɔ ɖe le eme na wò ko la, wò susu trɔ ɖe amea ŋu. Numekula aɖewo gblɔ be ne srɔ̃tɔwo gbe kuxi sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ la, etea ŋu nana be dzidzɔ meganɔa woƒe srɔ̃ɖeɖea me o, eye esia ate ŋu ahe srɔ̃gbegbe gɔ̃ hã vɛ.
• Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nye kple srɔ̃nye míegatsɔa ɖe le eme na mía nɔewo o si wɔe be nye susu trɔ ɖe ame bubu ŋua?’
NU SI NÀTE ŊU AWƆ
Kpɔ afɔkua dze sii. Biblia gblɔ be: “Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã?” (Lododowo 6:27) Nyateƒeae nye be ne srɔ̃ le asiwò vɔ tso hafi ame bubu ƒe nu va le dzi lém na wò la, afɔku le eme. (Yakobo 1:14, 15) Menye nu si ate ŋu adzɔ ko ƒe nyae wònye o. Bu nu si dzɔ xoxo ŋu kpɔ. Esi nèɖe mɔ ame si menye srɔ̃wò o ƒe nu lé dzi na wò la, ke èle lɔlɔ̃ si srɔ̃wò dze na la temee.
Mègaflu ɖokuiwò o. Ne èle ha dem kplikplikpli kple ame si menye srɔ̃wò o la, esia ana nànɔ esusum be ne ame ma boŋue yeɖe la anye ne enyo wu. Esia le ko abe srɔ̃wòa ƒe gbagbãƒewo tsɔtsɔ sɔ kple xɔ̃wòa ƒe nyuiƒewo ene, si mesɔ kura o! Ðo ŋku edzi hã be ale si xɔ̃wòa ƒe nu va le dzi lém na wò fifia la, nenema tututue srɔ̃wòa hã ƒe nu lé dzi na wò le gɔmedzedzea mee.
Ðo seɖoƒewo. Amewo dea mɔ̃ siwo doa ɣli woƒe ʋuwo kple woƒe aƒewo me be woaɖe ha fiafiwo. Wò hã àte ŋu awɔ nu sia tɔgbi le wò srɔ̃ɖeɖea me. Biblia gblɔ be: “Dzɔ wò dzi ŋu.” (Lododowo 4:23) Aleke nàwɔ esiae? Te mɔnu siawo kpɔ:
Na eme nakɔ nyuie na ame bubuwo be yelɔ̃ ye srɔ̃ vevie; ɖewohĩ nu siwo nàte ŋu awɔ la dometɔ ɖekae nye be nàda srɔ̃wòa ƒe fotowo ɖe wò dɔwɔƒe.
—Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Mose 2:24. Tso nya me le nu si ŋu nàɖe mɔ le kple nu si ŋu màɖe mɔ le o ne èle nu wɔm kple ame si menye srɔ̃wò o la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be srɔ̃ŋutsue nènye, masɔ kura be nàƒo nu tso miaƒe srɔ̃ɖeɖea me kuxiwo ŋu na nyɔnu aɖe si nye xɔ̃wò alo ayi aɖano aha kple nyɔnu aɖe si nye wò dɔwɔhati o, eye nenema ke ko wòle le srɔ̃nyɔnu hã gome.
Ne wò kple ame aɖe si menye srɔ̃wò o dome va le kplikplikpli akpa la, tso kadodo ma me lali. Ne esesẽ na wò be nàtso kadodoa me la, ke bia ɖokuiwò be nu ka tae. Le esi nàdze agbagba be yeaʋli wò kple ame ma dome kadodoa ta teƒe la, de srɔ̃wòa dzi boŋ eye nànɔ nu si akpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea ta la wɔm.
—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 5:18, 19.