Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Germany

Le ƒe 2012 me la, Germany ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔawo dometɔ ɖeka tso nya me be ame mate ŋu ado le subɔsubɔha si dzi dziɖuɖua da asi ɖo be enye hahoodɔwɔha me le se nu vɔ tso agakpɔtɔ anɔ wo dome o. Katolikotɔ siwo gblɔ na setɔwo be yewomegale haa me o eye wodzudzɔ adzɔxexe na ha la magate ŋu akpɔ gome le kɔminiɔn-ɖuɖu, nu vɔ̃ me ʋuʋu kple ɖoƒewo nɔnɔ le sɔlemehaa me me o, eye ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be ne woku la sɔlemehaa maɖi o.

Xexea Me

Numekuku aɖe si wowɔ tso xexea me subɔsubɔhawo ŋu ɖee fia be ame siwo be “yewomele subɔsubɔha aɖeke me o” evɔ mefia kokoko be wonye mawudzimaxɔselawo o la ƒe agbɔsɔsɔme nye miliɔn 1100 fifia. Woƒe agbɔsɔsɔe nye etɔ̃lia. Kristotɔwoe nye gbãtɔ, wole ame miliɔn 2200, Moslemtɔwoe nye evelia, wole ame miliɔn 1600, eye Hindutɔwoe nye enelia, wole ame miliɔn 1000.

Japan

Japantɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖee fia be ne “wokafu ame la, eƒe ahɔhɔ̃ ƒe akpa si ʋãnɛ wòdoa vevie nu la gawɔa dɔ nyuie wu” eye wònana hã be “amea kpɔa dzidzɔ.” Ewɔ abe esia va le kpe ɖom nya si wogblɔna be ne wokafu ame la, ewɔnɛ be amea doa vevie nu wu la dzi ene.

Bolivia

Le ƒe 2012 ƒe nuwuwu la, Bolivia dziɖuɖua na woxlẽ dumeviwo katã. Wobia tso Boliviatɔwo katã si be woanɔ aƒe me le amexlẽgbea ale be woate ŋu axlẽ dumeviwo katã. Gawu la, wode se na dumeviwo be woagaku ʋu gbe ma gbe o, wotu dewo, eye wode se hã ɖe aha sesẽ nono nu.

Italy

Esi wobia gbe Italytɔ aɖewo la, wogblɔ be yewotsɔa miniti 15 fena kple yewo viwo gbe sia gbe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be: “Dzila 1 le 5 me koe kpɔe be fefe kple ɖeviwo nye hehenana wo.” Andrea Angiolino, si to aɖifefewo vɛ la, gblɔ be ɖeviwo srɔ̃a susuŋudɔwɔwɔ kple “sededewo dzi wɔwɔ” ne wole fefem kple wo dzilawo.