NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO
Ale Si Nàwɔ Anye Toɖola Nyui
KUXIA
Srɔ̃wò gblɔ be: “Mèle nya si gblɔm mele na wò sem o!” Gake ègblɔ na ɖokuiwò be: ‘Mele esem hafie.’ Edze ƒãa be nu si nèse la to vovo na nya si srɔ̃wòa gblɔ. Eye esia na be migade asi nyahehe me.
Àte ŋu aƒo asa na kuxi sia. Gake gbã la, ehiã be nànya nu siwo gbɔ wòate ŋu atso be màse nya si gblɔm srɔ̃wò le na wò la ƒe akpa vevi aɖe o togbɔ be awɔ na wò be yele to ɖomee hã.
NU SI GBƆ WÒTSONA
Wò susu le nu bubu ŋu alo ɖeɖi te ŋuwò. Ðeviwo le ɣli dom, television le ɖiɖim bobobo eye nèle nya aɖe si dzɔ ɖe dziwò le dɔ me la ŋu bum. Srɔ̃wò te nya aɖe gbɔgblɔ na wò; ɖewohĩ enɔ gbɔgblɔm be ame aɖe be yeava srã mi kpɔ fiẽ ma. Èlɔ̃ ta, gake ɖe nèse nya si tututu wògblɔ na wòa? Ðewohĩ mèsee o.
Èsea srɔ̃wò ƒe nyawo gɔme bubui. Èbunɛ be nya aɖe anya be ɖe ye srɔ̃ ƒe nyawo me eye nèse eƒe nyawo gɔme bubui kura. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be srɔ̃wò gblɔ be: “Èzã ɣeyiɣi gbogbo aɖewo le dɔ me le kwasiɖa sia me loo.” Esi nèsusui be nya hem wòle ɖe ye ŋu ta la, èɖo eŋu nɛ be: “Menye gbɔnyee wòtso o! Èle ga zãm akpa eya ta ele be mawɔ dɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖewo.” Srɔ̃wòa gblɔ dzikutɔe be: “Menye ɖe mèle fɔ bum wò o ɖe!” Le nyateƒe me la, nu si ko srɔ̃wòa di be yeagblɔe nye be anyo be yewoadi ɣeyiɣi aɖi ɖe eme le kwasiɖa ƒe nuwuwu.
Mèsea eƒe nyawo vɔ hafi nɔa ale si nàkpɔ wo gbɔe dim o. Marcie * gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko medina be magblɔ ale si mese le ɖokuinye me tso nanewo ŋu na srɔ̃nye Mike, gake eya dina be yeagblɔ ale si makpɔ wo gbɔ la nam. Ðeko medi be wòase nye nyawo nam, menye be wòakpɔ wo gbɔ nam o.” Nu kae nye kuxia? Mike ƒe susu katã le ale si wòawɔ akpɔ kuxia gbɔe ŋu. Esia ate ŋu ana be mase Marcie ƒe nya aɖewo o alo mase ɖeke kura o.
Nu ka kee ɖanye kuxia o, aleke nàwɔ anye toɖola nyui?
NU SI NÀTE ŊU AWƆ
Ðo to bliboe. Nya vevi aɖe le srɔ̃wò si wòdi be yeagblɔ na wò, gake ɖe nèle klalo be yeasea? Ðewohĩ mèle klalo o. Anye be wò susu le nu bubu dzi le gaƒoƒo sia tututu me. Ne nenemae la, mègawɔ abe ɖe nèle to ɖom ene evɔ wò susu nanɔ nu bubu ŋu o. Ne anya wɔ la, dzudzɔ nu si wɔm nèle eye nàɖo to srɔ̃wòa bliboe alo àte ŋu abia tso esi be wòalala yeawɔ vɔ.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Yakobo 1:19.
Miɖoe be yewomatso nya le yewo nɔewo nu o. Ne srɔ̃wò le nu ƒom la, mègaxɔ nya le enu alo agbe eƒe nya aɖe o. Aɖo dziwò be nàƒo nu. Eya ta ne srɔ̃wòa le nu ƒom la, ɖo toe.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 18:13.
Bia nya. Esia ana nàse nya si gblɔm srɔ̃wòa le gɔme nyuie. Marcie si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Edzɔa dzi nam ne srɔ̃nye bia nyam. Enana mekpɔnɛ be etsɔ ɖe le nya si gblɔm mele nɛ la me.”
Mègase eƒe nyawo ko o, ke dze agbagba nàse wo gɔme hã. Lé ŋku ɖe ale si wòle alɔ ɖem ɖe nya dzi, ale si wòle ŋku ʋãm kple eƒe gbe ƒe ɖiɖime ŋu. Ne egblɔ be, “Enyo” ate ŋu afia be “Menyo o,” esia anɔ te ɖe gbe si wòtsɔ gblɔ nya lae dzi. “Mèdina be yeakpe ɖe ŋunye gbeɖe o” ate ŋu afia be “Mesena le ɖokuinye me be nyemele vevie na wò o.” Dze agbagba nànya nya si tututu wòdi be yeagblɔ togbɔ be meɖee gblɔ o hã. Ne menye nenema o la, miava nɔ nya ʋlim le nya si srɔ̃wòa gblɔ la ŋu ke menye nu si eƒe nyawo fia la ŋu o.
Nɔ to ɖomee. Mègatu to alo mègadzo le egbɔ ne eƒe nyawo medo dzidzɔ na wò o gɔ̃ hã o. Ke ne srɔ̃wòa le nya hem ɖe ŋuwò ɖe? Aƒetɔ Gregory si ɖe srɔ̃ ƒe 60 kple edzivɔwoe nye esia ɖo aɖaŋu be: “Nɔ to ɖom srɔ̃wòa. Tsɔ ɖe le nya si gblɔm wòle me vevie. Esia bia ɖokuidziɖuɖu, gake aɖe vi na wò.”—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 18:15.
Tsɔ ɖe le eme na srɔ̃wòa vevie. Menye nuwɔna dzro aɖe koe toɖoɖo nyuie nye o, ke boŋ enye mɔ si dzi wotona ɖea lɔlɔ̃ fiana. Ne ètsɔ ɖe le nya si gblɔm srɔ̃wò le me vevie la, anɔ bɔbɔe be nàlé to ɖe nya si gblɔm wòle la ŋu eye eƒe nyawo anɔ nuwò vivim. Le mɔ sia nu la, ke èle wɔwɔm ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miaƒe ŋku naganɔ mia ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke nenɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.”—Filipitɔwo 2:4.
^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.