Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Joseph Priestley

Joseph Priestley

“Ale si wòtea ŋu wɔa nu vovovowo, eƒe dzonɔameme, eƒe dɔwɔwɔ, eƒe amewɔwɔ; ale si wòdina be yeanya nu sia nu tsitotsito ku ɖe nuwɔwɔwo, agbenɔnɔ alo hadomenuwɔnawo ŋu; akpa si wòwɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya, mawuŋununya, xexemenunya kple dunyahehe me; akpa vevi si wòwɔ le Tɔtrɔ Kpata si va [Franseawo] ƒe ŋutinya me kple ale si wowɔ funyafunyae madzemadzee la na woate ŋu agblɔ le eŋu be enye ƒe 1700-awo me ame ŋkuta.”—Xexemenunyala Frederic Harrison.

NU ÐEDZESI kawoe Joseph Priestley wɔ? Eƒe numekukuwo kple agbalẽ siwo wòŋlɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe ale si amewo bua dziɖuɖuwo, Mawu kple ya si míegbɔna gɔ̃ hã dzi.

Aƒetɔ Priestley ɖale nu ŋlɔm tso dzɔdzɔmeŋutinunya alo mawusubɔsubɔ ŋu o, egbea nya siwo ŋu kpeɖodzi mele o heléa nyateƒenyawo kple nya vavãwo me ɖe asi. Na míakpɔ ale si wòwɔe ɖa.

EDI NYATEƑEA TO DZƆDZƆMEŊUTINUNYA DZI

Esi Joseph Priestley do go dzɔdzɔmeŋutinunyala Benjamin Franklin le ƒe 1765 me megbee wòva nɔ nu me kum tso ale si elektriki wɔa dɔe la ŋu. Do ŋgɔ na ƒe sia la, ɖeko wòtsɔa dzɔdzɔmeŋutinunya ɖea modzakae. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, nu siwo ŋu wòke ɖo la wɔ dɔ ɖe ehati dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dzi ale gbegbe be wotiae wòzu London Fia Habɔbɔ me tɔwo dometɔ ɖeka.

Eyome Priestley va te numekuku tso dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔme ŋu. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, eva ke ɖe ya yeye ƒomevi vovovowo ŋu. Esiawo dometɔ aɖewoe nye ya siwo woyɔna le yevugbe me be ammonia kple nitrous oxide. Etsɔ carbon dioxide gɔ̃ hã de tsi me ale wòto soda (soda water) vɛ.

Esi Priestley nɔ nu me kum le England ƒe anyiehe le ƒe 1774 me la, eva ke ɖe ya tɔxɛ aɖe si nana bosomikaɖialo vele ƒe keklẽ nu sẽna ɖe edzi ŋu. Emegbe la, etsɔ ya sia  ƒe sue aɖe (mililita 60) de atukpa me eye wòlé afi aɖe de eme. Afi la nɔ agbe wòdidi teƒe eve wu ale si wòanɔ ne ya si míegbɔna lae le atukpaa me. Esi Priestley ŋutɔ hã gbɔ ya sia ƒe ɖe la, ebe ɖeko “yezu wodzoe eye yete ŋu gbɔ nyuie hena ɣeyiɣi aɖe le esia megbe.”

Ɔksidzin * ŋue Joseph Priestley ke ɖo. Ke hã, eƒo nya ta be ya siae nye ya si míegbɔna si me nu si xea mɔ na dzo ƒe léle mele o. Priestley ƒe nyataƒoƒoa mele eteƒe o, gake ame geɖe gabua ya sia si ŋu wòke ɖo la be enye “eƒe agbemedzidzedzekpɔkpɔ gãtɔ kekeake.”

EDI NYATEƑEA LE MAWUSUBƆSUBƆ ME

Abe ale si Priestley xɔe se be nu susugblɔ siwo ŋu kpeɖodzi mele o nana be nyateƒenyawo zua dze buna ɖe ama me ene la, nenema kee wòxɔe se hã be kɔnyinyiwo kple dzixɔse siwo ŋu kpeɖodzi mele o hã nana mawusubɔsubɔ me nyateƒea buna. Gake le ɣeyiɣi didi si eya ŋutɔ tsɔ di Biblia me nyateƒea me la, eva da asi ɖe susu aɖewo siwo tsi tre ɖe nu si tututu Biblia fia ŋu la dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi aɖe me la, melɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia o. Meda asi ɖe nya si Biblia gblɔ be Yesu nɔ agbe le dziƒo kpɔ hafi va zu amegbetɔ la hã dzi o.

“Ne dzɔdzɔmeŋutinunya fia be woadi nyateƒea la, ke woate ŋu agblɔ le Aƒetɔ Priestley ŋu be enye dzɔdzɔmeŋutinunyala vavã.”—Nugbagbeŋutinunyala Katherine Cullen

Ke hã, Priestley ʋu go subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia siwo nɔ anyi ɣemaɣi, siwo gakpɔtɔ xɔ aƒe ɖe subɔsubɔha gãwo me egbea. Eŋlɔ bena wova tsɔ alakpanufiafiawo abe Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku kple tadedeagu na nɔnɔmetatawo ene, siwo ŋu Biblia ƒo nu tsi tre ɖo la tɔ tsi nyateƒe si Yesu kple eyomedzelawo fia la.

Priestley ƒe numeɖeɖewo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu kple ale si wòda megbe na tɔtrɔ kpata si va Amerikatɔwo kple Franseawo ƒe dziɖuɖu me la na dzi ku wo detɔ Eŋlisiawo ɖe eŋu. Le ƒe 1791 me la, amehawo va gbã Priestley ƒe aƒe kple eƒe dɔwɔƒe eye eya ŋutɔ si dzo yi United States. Togbɔ be woɖoa ŋku Joseph Priestley dzi le nu siwo ŋu wòke ɖo le dzɔdzɔmeŋutinunya me ta hã la, eya ŋutɔ xɔe se be nusɔsrɔ̃ tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu nye “nu si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le.”

^ mm. 10 Do ŋgɔ la, Swedentɔ dzɔdzɔmenudokpɔla Carl Scheele ke ɖe ɔksidzin ŋu, gake meɖee ɖe go o. Emegbe la, Franseawo ƒe dzɔdzɔmenudokpɔla Antoine-Laurent Lavoisier yɔ ya sia be ɔksidzin.