Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yamenukuwula Siwo Wua Nuku Le Ave Dodowo Me

Yamenukuwula Siwo Wua Nuku Le Ave Dodowo Me

ABE ale si agbledela ɖe sia ɖe nyae ene la, ele be woawu nukuwo le anyigba nyuitɔ dzi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi hafi woate ŋu awɔ nyuie. Togbɔ be ewɔ nuku hã la, nukuwuwudɔ siwo ɖea vi wu la dometɔ ɖeka yia edzi le ave dodo me le zã me, eye yamee nukuwulawo nɔna hafi wua nukuawo. Yamenukuwula siawoe nye agutɔ siwo ɖua atikutsetsewo. *

Nukuawo Wuwu

Agutɔ akpa gãtɔ dzona le ave dodowo me le zã me henɔa ati siwo ƒe kutsetsewo vivina alo seƒoƒo siwo me seƒoƒometsiwo sɔa gbɔ ɖo taŋtaŋ la dim. Ne agutɔa le dzodzom la, enɔa atikutsetseawo ɖum eye wòtua esiwo mete ŋu ɖu o kple atikuawo ɖe aveawo me. Eye ne ele seƒoƒometsi siwo vivia enu ŋutɔ nom la, ekakaa seƒoƒoŋuwɔwo ɖe seƒoƒoawo ŋu si nana be wotsena.

Agutɔ aɖewo dzona yia keke didiƒe ʋĩ ke le zã me, si wɔnɛ be wowua nukuwo yia didiƒe ʋĩ. Esi wònye be nu siwo agutɔwo ɖuna dometɔ aɖewo tuna le woƒe dɔgbowo me hafi doa go ta la, wozua “anyigbanyronu” siwo nana nukuwo wɔna nyuie. Mewɔ nuku o be ati siwo le ave dodowo me la dometɔ gbogbo aɖewo hiã seƒoƒoŋuwɔ  siwo agutɔwo kakana ɖe woƒe seƒoƒowo ŋu la vevie hafi woate ŋu atse.

Esi wònye be agutɔwo yia didiƒe ʋĩ ta la, ele be mɔwo kpɔkpɔ dze sii kple nukpɔkpɔ ƒe ŋutete tɔxɛ nanɔ wo si hafi womabu o. Ne xexea me mekɔ tututu o la, wokpɔa nu wu amegbetɔwo. Woate ŋu akpɔ amadede aɖewo adze sii gɔ̃ hã. Wolɔ̃a dzodzo le zã me kple ŋkeke me siaa.

Woƒe Ƒomegbenɔnɔ

ÈNYAA? Agutɔ siwo ɖua atikutsetsewo menɔa te ɖe ɣeyiɣi si woƒe ɣlidodo xɔna hafi trɔna vaa wo gbɔ la dzi nyaa teƒe si nane le abe ale si wòle le agutɔ ƒomevi bubuwo gome ene o, ke boŋ wozãa woƒe ŋkuwo tsɔ kpɔa nuwo kple woƒe ŋɔtiwo tsɔ ʋɛa nuwo se. Woƒe ŋku goɖogoɖo mawo na wotea ŋu kpɔa nu le zã me nyuie

Le agutɔ siwo ɖua atikutsetse gome la, agutɔtsua kple agutɔnɔa meɖena ɖa le wo nɔewo ŋu o le woƒe agbe me katã. Wode dzesii le wo dometɔ aɖewo ŋu be agutɔnɔa léa be na viawo nyuie hekɔa wo kwasiɖa ʋɛ aɖewo eye wònaa no wo ʋuu va se ɖe esime wotsi keŋkeŋ kloe. Le agutɔ siawo ƒomevi eve aɖewo ya gome la, agutɔnɔa tea ŋu xɔa “vixela” gɔ̃ hã wòkpena ɖe eŋu le via dzidzi me.

Nublanuitɔe la, agutɔ geɖewo ɖo tsɔtsrɔ̃ ƒe agbo nu, eye nu siwo gbɔ esia tso la dometɔ aɖee nye ale si wole wo nɔƒewo dome gblẽmee. Le Anyiehe Pasifik ƒe ƒukpo aɖewo dzi la, agutɔ siawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖa anye afɔku gã aɖe, elabe ati siwo le afi mawo dometɔ aɖewo hiã agutɔwo ƒe kpekpeɖeŋu vevie hafi woate ŋu atse. Edze ƒãa be mele be míabu yamenukuwula siawo ƒe dɔa nu tsɛ gbeɖe o.

^ mm. 2 Agutɔ siawo le Afrika, Asia, Australia kple Pasifik Ƒukpo aɖewo dzi.