Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KAE NYE DZIDZEDZEKPƆKPƆ VAVÃ?

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Vavã

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Vavã

Biblia de dzi ƒo na mí be susu nyui nanɔ mía si ku ɖe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Biblia megblɔ be ame ʋɛ aɖewo siwo gbɔ nyo koe akpɔ dzidzedze o. Gake meda asi ɖe nya siwo wogblɔna le gligbalẽwo me be ne míedze míaƒe didiwo yome ko la, nu sia nu ava eme na mí pɛpɛpɛ abe ale si míedii ene la dzi o. Susu sia si woƒãna ɖe ɖeviwo ƒe dzi me tso woƒe ɖevime ke zi geɖe la, ate ŋu ana woado kpo nu.

Nyateƒeae nye be ame sia ame ate ŋu akpɔ dzidzedze vavã, gake ebia agbagbadzedze. Bu Biblia me nuxlɔ̃ame siawo ŋu kpɔ.

  • NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.”Nyagblɔla 5:9.

    NU SI WÒFIA. Ŋutilãmenuwo yome titi menana wokpɔa dzidzedze o. Ðe wònana be ame dagbana ɖe yame dzodzro boŋ. Agbalẽnyalagã Jean M. Twenge ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Tɔnyekonenyo Ƒe Dzidzime (ele yevugbe me) me bena: “Ame siwo ƒe agbemetaɖodzinu katãe nye be yewoakpɔ ga la tea ŋu tsia dzimaɖi eye nu tena ɖe wo dzi wu ame siwo tsia dzi ɖe kadodo nyui me nɔnɔ kple wo haviwo ŋu.” Egblɔ kpee be: “Numekuku geɖewo ɖee fia be womate ŋu atsɔ ga aƒle dzidzɔkpɔkpɔ o, si fia be ne ame kpɔ ga si asu eƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nu vɔ ko la, eƒe ga susɔeawo mehea dzidzedzeme gobi aɖeke vɛ nɛ le agbe me o.”

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Do vevie nàminya taɖodzinu si ana dzidzeme wò wu ga kple nunɔamesiwo. Yesu gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.”Luka 12:15.

  •  NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.”—Lododowo 16:18.

    NU SI WÒFIA. Nɔƒe gã didi kple ameɖokuikpɔkpɔ akpa mana nàkpɔ dzidzedze vavã o. Nyateƒee, agbalẽ aɖe gblɔ be dɔwɔƒe siwo ƒe dɔmemegãwo kpɔ dzidzedze eteƒe didi la nyea dɔmemegã siwo “bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi, womehea susu yia wo ɖokuiwo dzi o, eye womedoa wo ɖokuiwo ɖe dzi o. Gake dɔwɔƒe mawo tɔgbi dometɔ eve le etɔ̃ me ƒe dɔmemegãwo nye ɖokuidoɖedzilawo si wɔe be woƒe dɔwɔƒewo gbã alo nuwo mele afɔ tsɔm nyuie o.” (Good to Great) Nufiame kae le eme na mí? Ameɖokuikpɔkpɔ akpa ate ŋu ana ame nado kpo nu bɔbɔe.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Mègadi ŋkɔxɔxɔ o, ke boŋ bɔbɔ ɖokuiwò. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui blem wòle.”Galatiatɔwo 6:3.

  •  NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Ðe menyo na amegbetɔ wu be . . . eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa?”Nyagblɔla 2:24.

    NU SI WÒFIA. Ne èléa fɔ ɖe dɔ ŋu la, àte ŋu ase vivi na wò dɔa wu. Agbalẽnyalagã Madeline Levine ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Fia Nu Viwòwo Nyuie (ele yevugbe me) me bena: “Nu siwo nana wokpɔa dzidzedze le nanewɔwɔ me la dometɔ aɖee nye be woabi ɖe nua wɔwɔ me, eye zi geɖe la, be woabi ɖe nanewɔwɔ me bia agbagbadzedze kple kutrikuku.” Ebia hã be woado dzi anɔ te ɖe nɔnɔme madeamedzi siwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi la nu tamanamanae.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Ku kutri nàɖu tu na wò dɔa eye mègana ta ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa o. Ne viwo le asiwò la, na mɔnukpɔkpɔ wo (le woƒe ƒexɔxɔ kple ŋutete nu) be woakpɔ ta na woƒe kuxiwo. Mègatsi klokloklo be yeakpɔ woƒe kuxiwo katã gbɔ na wo o. Ðeviwo ƒe dzi dzea eme eye ŋutete siwo wova hiãna le tsitsime sua wo si ne wona mɔnukpɔkpɔ wo be woado dzi akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ.

  • NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Avũ gbagbe nyo wu dzata kuku.”Nyagblɔla 9:4.

    NU SI WÒFIA. Ne èwɔa amesimedɔ la, na wò dɔa nanye wò agbea ƒe akpa aɖe ko, ke menye be nàtsɔ wò agbe katã ake na dɔa o. Le nyateƒe me la, ɖe nàse le ɖokuiwò me be yekpɔ dzidzedze ne wò dɔ le edzi dzem nyuie, evɔ wò lãme gblẽ alo wò ƒomea megadea bubu ŋuwò oa? Ame siwo kpɔa dzidzedze vavã dzea agbagba dana sɔna le dɔwɔnyawo, lãmesẽnyawo kple woƒe ƒomewo dzi kpɔkpɔ me.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Lé be na ɖokuiwò. Ði ɖe eme nyuie. Meɖea vi boo aɖeke ne ame vu ɖe dɔ ŋu hetsɔ nu sia nu, abe ƒome, lãmesẽ kple xɔlɔ̃kadodowo ene sa vɔe ɖe yaɖidzidzedzekpɔkpɔ ta o.

  • NYA SI BIBLIA GBLƆ:

    “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”Mateo 5:3.

    NU SI WÒFIA. Biblia-sɔsrɔ̃ kple eƒe mɔfiamewo tsɔtsɔ wɔ dɔe nye nu vevi siwo nana wokpɔa dzidzedze vavã. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo miliɔn geɖewo kpɔe dze sii be esi yewotsɔ mawusubɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le yewoƒe agbe me la, ena be yewomegatsia dzimaɖi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu fũu o.Mateo 6:31-33.

    NU SI NÀTE ŊU AWƆ. Srɔ̃ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze vavã. Ne èdi nyatakaka bubuwo kpee la, te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la ŋu, alo ʋu www.pr418.com/ee.