Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ŋkuɖodzinu Blefulãmename Ðedzesi Aɖe”

“Ŋkuɖodzinu Blefulãmename Ðedzesi Aɖe”

XƆ AÐE si le Motoyasu Tɔsisia ƒe go si le ɣedzeƒe dzi le Hiroshima City si le Japan la ƒe akpa aɖewo gakpɔtɔ nye glikpo tso ƒe 1945 me va se ɖe egbe. Nu ka tae womegbugbɔe tu o evɔ ƒe 70 kloe nye esia?

Wowu dziƒoxɔ tuɖedzi etɔ̃ sia nu le ƒe 1915 me, enye xɔ si wotsɔ anyikpe tu, eye wowɔe wònye afi si woɖea dɔwɔƒewo ƒe adzɔnuwo fiana le. Gake nuwo trɔ bubui le August 6, 1945 ƒe ŋdi ga 8 miniti 15. Le gaƒoƒo ma me la, woda atɔmikbɔmb gbãtɔ siwo woda kpɔ le aʋawɔwɔ me la ɖe dua ƒe yame anɔ meta 550, eye esusɔ vie ko wòanye be xɔa tamee wòawó ɖo hafi. Ame siwo katã le xɔa me ku zi ɖeka. Gake xɔa ƒe glikpo ya kpɔtɔ le tsitrenu.

UNESCO * gblɔ tso xɔ sia si wogblẽ ɖi nenema la ŋu be enye “dɔwɔnu dziŋɔtɔ kekeake si amegbetɔ wɔ kpɔ la ƒe ŋkuɖodzinu blefulãmename ɖedzesi aɖe.” Le ƒe 1996 me la, wobu xɔ sia de UNESCO Ƒe Xexea Me Ƒe Domenyinuwo dome eye wona ŋkɔe be Hiroshima Ŋutifafa Ƒe Ŋkuɖodzinu.

Nublanuitɔe la, ŋkuɖodzinu blefulãmename siawo mena amewo dzudzɔ aʋawɔwɔ o. Zi geɖe la, ŋukeklẽ, dulɔlɔ̃ kple fuléle ame siwo nye to bubu me tɔwo kple subɔsubɔha bubu me tɔwo kpakple fuléle gbegbɔgblɔ bubu dolawo gbɔe aʋa siawo tsona. Ke ɖe wòfia be aʋawɔwɔ anɔ anyi tegbeea?

Biblia ɖo eŋu be ao! Psalmo 46:10 gblɔ be: “[Mawu] tsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!” Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa eye wòatsɔ eƒe xexea me katã ƒe dziɖuɖu, si nye Mawu Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo, ame si woyɔ be “fiawo ƒe Fia” si me la aɖo wo teƒe.Nyaɖeɖefia 11:15; 19:16.

Tso ekema dzi la, magahiã be woatu ŋkuɖodzinuwo be woatsɔ axlɔ̃ nu amewo tso aʋawɔwɔ ƒe nugbegblẽ ŋu o. “Womagaɖo ŋku” nu “tsãtɔwo” siwo nye fukpekpe kple dzigbãnyawo dzi alo “woava ame ƒe ta me o.”Yesaya 65:17.

^ mm. 4 Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo Ƒe Nyawo Gbɔkpɔha