Mɔkpɔkpɔ Su Asinye Esime Mehiãe Vevie Wu
Kasia manyaa, nyee nye esi tsyɔ akɔ ɖe tsi dzi. Mete kpɔ be mafɔ ta dzi agbɔ vie, gake nye kɔ mele ʋaʋãm o. Dzika tsom, medi be matrɔ ɖokuinye, gake nye asiwo kple afɔwo be mada yewo ɖi. Tsi te gege ɖe nye dzitodzitowo me. Tso ƒe 1991 ƒe dzomeŋɔli ƒe ŋkeke ma dzi la, nye agbenɔnɔ trɔ bubui kura.
WODZIM le du si woyɔna be Szerencs me eye kɔƒe si nye Tiszaladány, si le Hungary ƒe dzieheɣedzeƒe gome la, mee menɔ tsi. Le June 1991 me la, nye kple xɔ̃nye aɖewo míeyi be míaɖaƒu tsi le Tisza Tɔsisia ƒe akpa aɖe si míele tsi le kpɔ o. Mesusui be tsia goglo, eye medzo dze eme doo. Mewɔ nu ɖokuinye! Nye kɔƒukpeƒe etɔ̃ ŋe eye wògblẽ nu le nye dzimeƒu ŋu. Xɔ̃nyewo de dzesii be nyemenɔ ʋaʋãm o, eya ta wova kɔm ɖɔɖɔɖɔ do go le tsia me ale be nyemagano tsi aku o.
Togbɔ be nyemenɔ ʋaʋãm o hã la, menɔ ŋute, eye menya be lã aɖe lém. Ame aɖe yɔ ame siwo kpɔa ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la gbɔ wova kɔm ɖe helikɔpta me yi kɔdzi, eye ɖɔktawo trɔ asi le nye dzimeƒua ŋu. Emegbe wokɔm yi míaƒe fiadu si nye Budapest ale be woakpe ɖe ŋunye mahaya le afi ma. Medze ŋe ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Togbɔ be metea ŋu ʋãa ta hã la, metútu tso abɔta yi afɔ gbɔ. Ƒe 20 ko mexɔ ɣemaɣi, gake mezu nuwɔametɔ keŋkeŋ. Dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe be, medi be maku.
Esi ɣeyiɣia va de be matrɔ ayi aƒe me la, wona hehe tɔxɛ dzinyelawo ale be woate ŋu anɔ gbɔnye kpɔm. Gake gbɔnyekpɔkpɔ te ɖeɖi wo ŋu ale gbegbe, eye le ƒe ɖeka megbe la, melé blanuiléledɔ. Le ɣeyiɣi ma me la, nye nɔnɔmea ŋuti nunyalawo ɖo aɖaŋu geɖe nam, esia kpe ɖe ŋunye meva trɔ susu le ale si mebua nye nɔnɔmeae ŋu.
Eye mete tamebubu vevie hã tso agbea ŋu. Susu aɖe tae míele agbe ɖoa? Nu ka tae afɔku sia dzɔ ɖe dzinye? Mexlẽ magazine kple agbalẽ geɖewo be makpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo. Metrɔ ɖe Biblia hã ŋu, gake nyemenya ta le emenyawo nu o. Eya ta medzudzɔ exexlẽ. Meɖo dze kple mawununɔla aɖe gɔ̃ hã, gake eƒe nyawo mede dzi ƒo nam o.
Azɔ le ƒe 1994 ƒe adame la, Yehowa Ðasefo eve aɖewo va fofonye gbɔ, eye wòbia tso wo si be woaɖo dze kplim. Menɔ to dzi esime wonɔ tame si Mawu ɖo be yeatrɔ anyigba wòazu paradiso eye yeaɖe dɔléle kple fukpekpewo ɖa la me ɖem. Woƒe nyawo nya se ŋutɔ, gake nyemeka ɖe wo dzi o. Ke hã melɔ̃ xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ eve. Esi mexlẽ agbalẽawo vɔ la, Ðasefoawo doe ɖa be yewoanɔ Biblia srɔ̃m kplim, eye melɔ̃ ɖe edzi. Wode dzi ƒo nam hã be manɔ gbe dom ɖa.
Meva xɔe se bliboe be Mawu tsɔa ɖe le eme nam vevie
Esi míeyi nua sɔsrɔ̃ dzi la, meva kpɔ nye nyabiase gbogboawo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me tẽe. Meva xɔe se bliboe hã be Mawu tsɔa ɖe le eme nam vevie. Esi medze nusɔsrɔ̃ gɔme ƒe eve megbe la, wona nyɔnyrɔm ɖe tsi me le míaƒe aƒe me le September 13, 1997 dzi. Esiae nye ŋkeke si dzi mekpɔ dzidzɔ le wu le agbe me.
Le ƒe 2007 me la, wokplɔm yi ɖada ɖe wɔametɔwo dzi kpɔƒe koŋ le Budapest. Esia na mɔnukpɔkpɔ su asinye megblɔa nu wɔnuku siwo mesrɔ̃ la na ame bubuwo. Ne xexea me kɔ la, medoa nye bunɔkeke, si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe ale be metea ŋu tsɔa nye glã kunae la, yia gota ɖaɖoa dze kple amewo.
Ƒome aɖe si le míaƒe hamea me na gam dɔmenyotɔe, ale be mete ŋu ƒle atadzikɔmpiuta tɔxɛ aɖe, eye ne mele ta ʋãm ko la, kɔmpiuta ŋutɔ wɔa nu si medi be mawɔ. Mezãa kɔmpiuta sia tsɔ ƒoa ka na amewo to internet dzi heŋlɔa nu na ame siwo ŋu míaƒe hamea me tɔwo meke ɖo le aƒe me o hã. Kpekpeɖeŋu sia nana amewo na be meva bi le dzeɖoɖo me, eye wòwɔe hã be nye susu meganɔa nye lãmesẽkuxia ŋu o.
Medea Kristotɔwo ƒe kpekpewo gɔ̃ hã. Ne meva Fiaɖuƒe Akpata me la, menɔa nye bunɔkekea me nye haxɔsetɔwo kɔam ɖɔɖɔɖɔ yia dzisasrã gbãtɔ dzi afi si míewɔa kpekpeawo le. Ne wobia tso kpekpevalawo si be woaƒo nu le kpekpeawo me, eye medi be mado asi ɖe dzi la, nɔviŋutsu aɖe si nɔa xanye doa asi ɖe dzi ɖe nunye. Ekɔa nye Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽa ɖe dzi nam ne mele nyaa ŋu ɖom.
Mesea veve ɣesiaɣi, eye ame bubuwoe wɔa nu sia nu kloe nam. Eya ta dzi gaɖena le ƒonye ɣeaɖewoɣi. Gake xɔlɔ̃dzedze Yehowa faa akɔ nam, elabe menyae be eɖoa tom ne mele nye dzimaɖitsitsiwo gblɔm nɛ. Biblia-xexlẽ gbe sia gbe doa ŋusẽm, eye nye haxɔsetɔwo hã dea dzi ƒo nam. Woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ, dzideƒoname kple woƒe gbedodoɖa ɖe tanye na be mete ŋu da sɔ le susu me kple seselelãme gome.
Yehowa fa akɔ nam esime mehiãe vevie wu. Ena lãmesẽ deblibo me nɔnɔ le xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔ hãm. Eya ta mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si ‘manɔ zɔzɔm, anɔ kpo tim ahanɔ Mawu kafum’ ɖe eƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ta.—Dɔwɔwɔwo 3:6-9.