Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ðe wòle be subɔsubɔhawo nana amewo nawɔ ɖeka hafi. Gake zi geɖe la, ɖeko wodea masɔmasɔwo kple tɔtɔ amewo dome.

Xexea Me

Anyigbadzinɔlawo dometɔ akpa etɔ̃ le ene ɖe sia ɖe me le dukɔ siwo me woxea mɔ ɖe mawusubɔsubɔ nu le, eye esia tea ŋu tsoa dziɖuɖu ƒe sededewo alo dukɔmeviwo ƒe fuléle gbɔ. Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, dukɔ siwo me wosẽ ŋuta le dukɔmevi siwo le subɔsubɔha suewo me ŋu le la dzi ɖe edzi teƒe eve kloe.

BU NYABIASE SIA ŊU KPƆ: Susu kawo tae ame aɖewo tsri mawusubɔsubɔhawo ƒe nya gbɔ?​—Mateo 23:27, 28; Yohanes 15:19.

England

Aƒetɔ Tony Blair si nye Dudɔnunɔla Gbãtɔ tsãtɔ ŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Observer me be “mawusubɔsubɔzazã le mɔ gbegblẽ nu” gbɔe nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔna siwo le edzi yim le ŋkeke siawo me la tso. Egblɔ kpee be: “Anɔ eme be aʋa si dze ŋgɔ ƒe alafa sia me tɔwo magatso dziɖuɖumɔnuwo ƒe vovototo gbɔ abe ale si wònɔ le ƒe alafa blavelia me ene o, ke boŋ woate ŋu atso dekɔnuwo kple mawusubɔsubɔ ƒe vovototo gbɔ bɔbɔe.”

BU NYABIASE SIA ŊU KPƆ: Nu ka tae subɔsubɔnyawo dea mama amewo dome zi geɖe?​—Marko 7:6-8.

Australia

Australiatɔwo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dukɔmeviwo ƒe xexlẽme nyawo gbɔ ka nya ta be ame 1 le 5 ɖe sia ɖe me gblɔ be yewomele mawusubɔsubɔha aɖeke me o. Wogagblɔ hã be, “mawusubɔsubɔha aɖe me tɔ nyenye to vovo na gomekpɔkpɔ le mawusubɔsubɔ me bliboe.” Ŋutsu 15 le alafa me kple nyɔnu 22 le alafa me siwo le mawusubɔsubɔhawo me koe gblɔ be yewokpɔa gome le mawusubɔsubɔ me bliboe.

BU NYABIASE SIA ŊU: Nɔnɔme gbegblẽ kawoe va bɔ ɖe subɔsubɔha akpa gãtɔ me egbea?​—Mateo 7:15-20.