Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Susuhehe Yi Asia Dzi

Susuhehe Yi Asia Dzi

Asia ye nye anyigba ƒe nuto si me amewo sɔ gbɔ le wu. Ne woma anyigbadzinɔlawo katã ɖe akpa etɔ̃ me la, Asia-du eve siwo nye China kple India ɖeɖe dzaa me tɔwo sɔ gbɔ wu akpa ɖeka. Kuxi kawoe dze ŋgɔ Asia-dukɔwo esi wole agbagba dzem be yewoana hehe yewoƒe dukɔmeviwo ahakpɔ wo ta?

Nufiafia Ðeviwo Kpɔa Wo Ta

Chinatɔwo ƒe senyalawo gblɔ be ele bɔbɔe ŋutɔ be woawɔ gbɔdɔnuwo ɖe viwo ŋu ne wo dzilawo mefiaa nu wo tso gbɔdɔnyawo ŋu tso woƒe ɖevime o. Chinatɔwo ƒe senyalawo drɔ̃ nya 8,000 ku ɖe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu le ƒe ene siwo va yi me. Sefiala aɖe si fiaa nu le Beijing Normal University gblɔ be “wɔna boo mele ɖeviwo ŋu o, eye wotea ŋu dzea wo dzi bɔbɔe. Nufiafia ɖeviawo akpɔ wo ta tso ɖevigbɔdɔlawo si me.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Dzila dzeaɖaŋuwo fiaa wo viwo ale si woakpɔ wo ɖokuiwo ta “tso ame si gblɔa nya tovo la si me.”—Lododowo 2:1, 10-12.

Vidzĩ Siwo Kuna Le Ahom Gãwo Tutu Megbe

Numekuku aɖe ɖee fia be vidzĩ nyɔnuvi siwo ku le ƒe ɖeka me le ahom gã aɖe si tu le Philippines megbe la sɔ gbɔ wu ame siwo ku le ahom la ŋutɔŋutɔ me zi 15 sɔŋ. Nu siwo gbɔ esia tso la dometɔ aɖewoe nye dɔmakpɔwɔe le ahom la tutu megbe, gazazã ɖe xɔwo gbugbɔ tu ŋu, kple ale si ga siwo wozãna ɖe nyɔnuviwo ŋu, si lɔ woƒe nuɖuɖu kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ɖe eme la, mede afi aɖeke o ta.

NYA SI BIBLIA GBLƆ: ‘Ma wò abolo kple dɔwuitɔ, eye nàkplɔ hiãtɔ kple aƒemanɔsitɔ ava aƒewò me eye ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàdo awu nɛ.’—Yesaya 58:7.

Ame Tsitsiwo Le Wo Ðokuiwo Wum Le South Korea

Le ƒe 2011 me la, ame siwo katã wu wo ɖokuiwo le South Korea la dometɔ siwo wu ɖeka le ene me nye ame tsitsi siwo xɔ ƒe 65 alo esiwo wu nenema. Numekula aɖewo gblɔ be ale si amewo megaléa be na wo dzilawo o kple ganyawo ƒe sesẽ gbɔe esia tso. Ame tsitsi siwo katã le South Korea ƒe afã kloe da ahe. South Korea tɔ siwo ƒe agbɔsɔsɔ mede dua me nɔlawo ƒe afã o koe bunɛ egbea be ele be amewo nakpɔ wo dzila tsitsiwo dzi.

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Bu fofowò kple dawò.”—Efesotɔwo 6:2.