Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Míayi Kpli Mi”

“Míayi Kpli Mi”

“Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.”—ZAKARIYA 8:23.

HADZIDZI: 65, 122

1, 2. (a) Nu kae Yehowa gblɔ be adzɔ le míaƒe ŋkekeawo me? (b) Biabia kawo ŋue nyati sia aɖo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

YEHOWA gblɔ be le míaƒe ɣeyiɣia me la, “ame ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: ‘Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.’” (Zakariya 8:23) “Yudatɔ” la nye kpɔɖeŋu na ame siwo Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. Wogayɔ wo hã be “Mawu ƒe Israel.” (Galatiatɔwo 6:16) ‘Ame ewoawo’ hã nye kpɔɖeŋu na ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Wonyae nyuie be Yehowa yra amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa eye be bubu gãe wònye na yewo be yewoawɔ ɖeka kpli wo asubɔe.

2 Abe nyagblɔɖila Zakariya ene la, Yesu gblɔ be Mawu ƒe amewo katã awɔ ɖeka. Eyɔ ame siwo le mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le dziƒo la be “alẽha sue,” eye wòyɔ ame siwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi la be “alẽ bubuwo.” Gake Yesu gblɔ be wo katã woanye “alẽha ɖeka” eye woadze ye, si nye “alẽkplɔla ɖeka” la yome. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Esi wònye ƒuƒoƒo evee li ta la, ame aɖewo anɔ wo ɖokui biam be: (1) Ðe wòhiã be alẽ bubuawo nanya amesiamina siwo katã li egbea la ƒe ŋkɔwoa? (2) Aleke wòle be amesiaminawo nabu wo ɖokuiwoe? (3) Ne ame aɖe dze kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu gɔme le míaƒe hamea me le Ŋkuɖodzizãa ɖugbe la, aleke wòle be mawɔ nu ɖe eŋu? (4) Ðe wòle be wòaɖe fu nam nenye be ame siwo ɖua aboloa henoa wain la le Ŋkuɖodzia ɖugbe ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzia? Nyati sia aɖo biabia siawo ŋu.

ÐE WÒHIÃ BE MÍANYA AMESIAMINA SIWO KATÃ LI EGBEA ƑE ŊKƆWOA?

3. Nu ka tae manya wɔ be míanya ame siwo tututu anɔ ame 144,000 la dome o?

3 Ðe wòhiã be alẽ bubuawo nanya amesiamina siwo susɔ le anyigba dzi la katã ƒe ŋkɔwoa? Ao. Nu ka tae? Mía dometɔ aɖeke mate ŋu anya ne ame siawo katã axɔ woƒe fetua o. [1] (Kpɔ dzesidenya la.) Togbɔ be Mawu mia asi wo na agbenɔnɔ le dziƒo hã la, ne woyi edzi wɔ nuteƒe ko hafi woaxɔ woƒe fetua. Satana nya esia nyuie, eya tae wòzãa “aʋatsonyagblɔɖilawo” tsɔ dzea agbagba be ‘yeaflu’ wo ɖo. (Mateo 24:24) Kristotɔ amesiamina mate ŋu aka ɖe edzi be yeaxɔ fetua o negbe ɖe Yehowa ɖee fiae be yetso afia nɛ be enye nuteƒewɔla ko hafi. Yehowa ana kpeɖodzi mamlɛtɔ, alo atre amesiaminawo nu zi mamlɛa, do ŋgɔ na woƒe ku alo hafi “xaxa gã la” nadze egɔme.—Nyaɖeɖefia 2:10; 7:3, 14.

Yesue nye mía Kplɔla, eya ta ele be míadze eya ɖeɖe dzaa yome

4. Esi míate ŋu anya amesiamina siwo katã le anyigba dzi ƒe ŋkɔwo o la, ke aleke míawɔ ‘ayi kpli wo’?

4 Ne manya wɔ be míanya amesiamina siwo katã le anyigba dzi egbea ƒe ŋkɔwo o ɖe, ke aleke alẽ bubuawo awɔ ‘ayi kpli wo’? Biblia gblɔ be ‘ame ewoawo’ “alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: ‘Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.’” Kpukpui sia ƒo nu tso Yudatɔ ɖeka ŋu. Gake ezã nya “mi” zi eve kplɔe ɖo, si ɖee fia be ameawo sɔ gbɔ. Eya ta menye ame ɖeka pɛ koe Yudatɔ si woyɔ nye o, ke boŋ ele tsitre ɖi na amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo bliboa. Alẽ bubuawo nya esia nyuie eya ta wowɔ ɖeka kpli wo le Yehowa subɔm. Mehiã be woanya ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ ale be woadze eyome o. Yesue nye mía Kplɔla, eya ta Biblia gblɔ be míadze eya ɖeɖe dzaa yome.—Mateo 23:10.

ALEKE WÒLE BE AMESIAMINAWO NABU WO ÐOKUIWOE?

5. Nuxlɔ̃ame ka ŋue wòle be amesiaminawo nabu vevie, eye nu ka tae?

5 Ele be amesiaminawo nade ŋugble vevie le nuxlɔ̃ame si le 1 Korintotɔwo 11:27-29 ŋu. (Xlẽe.) Aleke wòate ŋu adzɔe be amesiamina aɖe naɖu aboloa ahano wain la “madzemadzee” le Ŋkuɖodzia ɖugbe? Ne kadodo nyui mele ame ma kple Yehowa dome o eye mewɔa nuteƒe nɛ o, evɔ wòɖu aboloa heno wain la, ke enye bubumademade Yehowa ŋu. (Hebritɔwo 6:4-6; 10:26-29) Nuxlɔ̃ame sesẽ sia ɖoa ŋku edzi na amesiaminawo be woayi edzi awɔ nuteƒe ne wodi be yewoaxɔ “Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu la . . . to Kristo Yesu dzi.”—Filipitɔwo 3:13-16.

6. Aleke wòle be Kristotɔ amesiaminawo nabu wo ɖokuiwoe?

6 Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔ amesiaminawo ale: “Nye, ame si le ga me le Aƒetɔ la ta, mele kuku ɖem na mi vevie be miazɔ ale si dze mia yɔyɔ la.” Aleke woawɔ esiae? Paulo ɖe eme be: “Le ɖokuibɔbɔ kple tufafa blibo me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me, eye midze agbagba vevie mialé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.” (Efesotɔwo 4:1-3) Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe esubɔlawo ŋu be woagado wo ɖokui ɖe dzi o, ke boŋ woabɔbɔ wo ɖokui. (Kolosetɔwo 3:12) ‘Ne lo lolo hã, azimevi ko wònye,’ eya ta Kristotɔ amesiaminawo mebunɛ gbeɖe be yewonyo wu ame bubuwo o. Wonya be Yehowa menaa gbɔgbɔ kɔkɔea amesiaminawo wòsɔa gbɔ wu esubɔla bubuawo tɔ kokoko o. Womebunɛ be yewose Biblia me nyateƒea gɔme tsitotsito wu ame sia ame o. Eye womagblɔ na nɔvi aɖe be wosi ami nɛ eya ta ate ŋu aɖu aboloa ahano wain la le Ŋkuɖodzizãa ɖugbe o. Ke boŋ wobɔbɔa wo ɖokuiwo eye wonyae be Yehowa ɖeka koe ate ŋu atia amewo be woayi dziƒo.

7, 8. Nu kae Kristotɔ amesiaminawo mekpɔa mɔ na o, eye nu ka tae?

7 Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na amesiaminawo be wotia wo be woayi dziƒo hã la, womekpɔa mɔ be nɔviwo nawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛ o. (Efesotɔwo 1:18, 19; xlẽ Filipitɔwo 2:2, 3.) Wonya hã be esi Yehowa si ami na yewo la, mena ame sia ame nya o. Eya ta mewɔa nuku na amesiamina nenye be ame aɖewo mexɔe se enumake be wosi ami nɛ o. Enɔa susu me nɛ be Biblia gblɔ be míagaxɔ edzi ase enumake ne ame aɖe gblɔ be Mawu na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ye o. (Nyaɖeɖefia 2:2) Esi amesiaminaa madi be yeahe amewo ƒe susu ava ye ɖokui dzi o ta la, megblɔnɛ na ame siwo wòdo goe zi gbãtɔ la be amesiaminae yenye o. Ne anya wɔ la, makɔ nu le edzi na ame aɖeke o. Manɔ nu ƒom tso nu siwo wòava wɔ le dziƒo ŋu fũu hã o, elabena ‘adegbeƒoƒo menye kalẽwɔwɔ o.’—1 Korintotɔwo 1:28, 29; xlẽ 1 Korintotɔwo 4:6-8.

8 Kristotɔ amesiaminawo mebunɛ be amesiaminawo koe wòle be yewoade ha kplii, abe ha bubu aɖee wonye le wo ɖokui si ene o. Womenɔa agbagba dzem be yewoake ɖe amesiamina bubuwo ŋu be yewoaɖo dze tso ale si wosi ami na yewo ŋu, alo be yewoaƒo ƒu asrɔ̃ Biblia o. (Galatiatɔwo 1:15-17) Ne amesiaminawo wɔa nu siawo la, ade mama hamea me. Woanɔ nu wɔm anɔ tsitre tsim ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe, si kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be woalé nɔvisi ahanɔ ŋutifafa me, la ŋu.—Xlẽ Romatɔwo 16:17, 18.

ALEKE WÒLE BE NÀWƆ NU ÐE WO ŊU?

9. Nu ka tae wòle be nàlé ŋku ɖe ale si nèwɔa nu ɖe ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖugbe ŋui la ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Lɔlɔ̃ ‘Mewɔa Nu Si Medze O.’”)

9 Aleke wòle be nàbu amesiaminawoe? Yesu gblɔ be: “Mi katã la, nɔviwo mienye.” Egblɔ kpee be: “Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.” (Mateo 23:8-12) Eya ta masɔ be míade bubu ame aɖe ŋu fũu akpa o, ne Kristo nɔvi amesiaminae wònye gɔ̃ hã. Esi Biblia ƒo nu tso hamemetsitsiwo ŋu la, ede dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ woƒe xɔse, gake megblɔ na mí be míaɖo amegbetɔ aɖeke wòanye mía kplɔla o. (Hebritɔwo 13:7) Ele eme be Biblia gblɔ be míade “bubu teƒe eve” ame aɖewo ŋu ya. Gake ‘ati ƒosewo mee xewo nɔna,’ eya ta esi ame siawo “wɔa woƒe dzikpɔkpɔdɔa nyuie” eye ‘wodoa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me’ tae, ke menye esi wonye amesiaminawo tae o. (1 Timoteo 5:17) Ne míekafua amesiaminawo madzemadzee eye míehea amewo ƒe susu ɖe wo ŋu la, aɖia wo nu. Esi gavloe wue nye be, míana woava nɔ wo ɖokui dom ɖe dzi. (Romatɔwo 12:3) Mía dometɔ aɖeke madi be yeawɔ nane si ana Kristo nɔvi amesiamina aɖe nawɔ vodada gã sia o!—Luka 17:2.

Aleke wòle be nàwɔ nu ɖe nɔvi siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖugbe ŋu? (Kpɔ memama 9-11)

10. Nu kae míawɔ be míaɖee afia be míedea bubu Kristotɔ amesiaminawo ŋu?

10 Aleke míaɖee afia be míedea bubu Yehowa ƒe amesiaminawo ŋu? Mímabia wo be woagblɔ ale si wosi ami na woe la na mí o. ‘Tsro gbɔ nya metsɔa lu gbɔ nya o.’ (1 Tesalonikatɔwo 4:11; 2 Tesalonikatɔwo 3:11) Eye mele be míasusui be wosi ami na wo srɔ̃, wo dzilawo, alo woƒe ƒometɔ bubuwo hã o. Menye ƒometɔwo gbɔe ame nyia mɔkpɔkpɔ sia dome tsoe o. (1 Tesalonikatɔwo 2:12) Azɔ hã, ele be míaƒo asa na nya siwo ado nuxaxa na amewo la biabia wo. Le kpɔɖeŋu me, manyo be míabia nɔviŋutsu amesiamina aɖe srɔ̃ be wòagblɔ ale si wòase le eɖokui me ne eva le agbe tegbee le anyigba dzi srɔ̃a manɔmee la na mí o. Nyateƒeae nye be, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be, le xexe yeyea me la, Yehowa ‘atsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe.’—Psalmo 145:16.

11. Ne ‘míedoa vivi si gbɔ eme ɖe amewo ŋu’ o la, aleke wòkpɔa mía tae?

11 Takpɔkpɔ bliboe wònye na mí ne mímebua amesiaminawo be woxɔ asi wu ame bubuwo o. Nu ka tae? Elabena Biblia gblɔ na mí be “aʋatsonɔviwo” ate ŋu ava tra ɖe hamea me ahanɔ gbɔgblɔm be amesiaminawoe yewonye. (Galatiatɔwo 2:4, 5; 1 Yohanes 2:19) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anɔ eme be amesiamina aɖewo mayi edzi awɔ nuteƒe o. (Mateo 25:10-12; 2 Petro 2:20, 21) Eya ta ne ‘míedoa vivi si gbɔ eme ɖe amewo ŋu’ o la, esia awɔe be míadze amewo yome o, eɖanye amesiaminawo, alo nɔvi siwo ame geɖe nya, alo ame siwo subɔ Yehowa ɣeyiɣi didi o. Ekema ne ame siawo va dzudzɔ nuteƒewɔwɔ alo do le hamea me gɔ̃ hã la, míaƒe xɔse me magbɔdzɔ o eye míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ hã o.—Yuda 16.

ÐE WÒLE BE WOƑE XEXLẼME NAÐE FU NA MÍA?

12, 13. Nu ka tae mele be ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖugbe ƒe xexlẽme naɖe fu na mí o?

12 Ƒe geɖe va yi la, ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzizãa ɖugbe ƒe xexlẽme nɔ ɖiɖim. Gake le ƒe siawo me la, xexlẽmea le dzidzim ɖe edzi ƒe sia ƒe. Ðe wòle be míatsi dzimaɖi le esia ta? Ao. Na míakpɔ nu si tae ɖa.

13 “Yehowa nya ame siwo nye etɔwo.” (2 Timoteo 2:19) To vovo na Yehowa la, nɔviŋutsu siwo xlẽa ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖugbe mate ŋu anya ame siwo nye amesiamina vavãwo o. Eya ta woxlẽa ame siwo bui be yewonye amesiaminawo evɔ womenyee o hã ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo tsã la dzudzɔ. Eye tagbɔdɔ alo seselelãmekuxiwo wɔe be ame aɖewo xɔe se be yewoava ɖu fia kple Kristo le dziƒo. Eme kɔ ƒãa be míenya amesiamina siwo susɔ le anyigba dzi egbea ƒe xexlẽme pɛpɛpɛ o.

14. Nya kae Biblia gblɔ tso amesiamina siwo anɔ anyigba dzi hafi xaxa gã la nadze egɔme ŋu?

14 Amesiaminawo anɔ anyigba ƒe akpa vovovowo ne Yesu va be yeakplɔ wo ayi dziƒo. Biblia gblɔ be Yesu “[adɔ] eƒe dɔlawo ɖa kple kpẽ ƒe ɖiɖi gã aɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi yi eƒe go kemɛ dzi.” (Mateo 24:31) Biblia gblɔ hã be, le ŋkeke mamlɛawo me la, amesiamina ʋɛ aɖewo koe asusɔ ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:17) Gake megblɔ wo dometɔ nenie asusɔ hafi xaxa gã la nadze egɔme o.

15, 16. Nu ka gɔmee wòle be míase ku ɖe ame 144,000 siwo Yehowa tia la ŋu?

15 Yehowa ŋutɔe ɖoa ɣeyiɣi si me wòatia amesiaminawo. (Romatɔwo 8:28-30) Yehowa dze amesiaminawo tiatia gɔme le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe. Edze abe le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ vavãwo katã nye amesiaminawo ene. Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔ ema ɖo me la, ame siwo gblɔ be Kristotɔwo yewonye la dometɔ akpa gãtɔ medze Kristo yome ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, Yehowa si ami na ame ʋɛ aɖewo siwo nye Kristotɔ vavãwo le ƒe mawo me. Wonɔ abe lu siwo Yesu gblɔ be woatsi le gbe vɔ̃ɖiawo me ene. (Mateo 13:24-30) Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Yehowa yi edzi le amewo tiam be woanye ame 144,000 la me tɔwo. [2] (Kpɔ dzesidenya la.) Eya ta ne Mawu ɖoe be yeatia wo dometɔ aɖewo do ŋgɔ teti na nuwuwua la, míaka ɖe edzi bliboe be nu si sɔ wɔm wòle. (Yesaya 45:9; Daniel 4:35; xlẽ Romatɔwo 9:11, 16.) [3] (Kpɔ dzesidenya la.) ‘Ati si nyo anyiwo ŋua, eya dzie woɖona ɖo,’ eya ta mele be míanɔ abe dɔwɔla siwo to nyatoƒoe esi woƒe aƒetɔ nyo dɔme na dɔwɔla siwo va mamlɛa la ene o.—Xlẽ Mateo 20:8-15.

16 Menye ame siwo katã si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le lae nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la o. (Mateo 24:45-47) Abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, Yehowa kple Yesu le ame ʋɛ aɖewo zãm egbea be woanyi ame geɖewo alo afia nu wo. Kristotɔ amesiamina ʋɛ aɖewo koe Mawu zã le ƒe alafa gbãtɔ me woŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. Eye egbea hã Kristotɔ amesiamina ʋɛ aɖewo koe naa “nuɖuɖu” Mawu ƒe amewo “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.”

17. Nufiame kawoe le nyati sia me na wò?

17 Nu kawoe míesrɔ̃ le nyati sia me? Míesrɔ̃e be Yehowa ɖoe be yeana agbe mavɔ ye subɔla akpa gãtɔ le anyigba dzi, eye ame aɖewo hã ayi dziƒo aɖu fia kple Yesu. Yehowa ɖoa eteƒe na esubɔlawo katã, “Yudatɔ” la kple “ame ewo” la siaa, eye wòdi tso wo si be woawɔ yeƒe sewo dzi ahayi edzi awɔ nuteƒe. Edze be wo katã nabɔbɔ wo ɖokuiwo. Ehiã be wo katã woasubɔe asi-le-asi-me ahawɔ ɖeka. Eye ele be wo katã woadze agbagba be ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ hamea me. Esi míele tetem ɖe nuwuwua ŋu la, mina mí katã míayi edzi anɔ Yehowa subɔm eye míadze Kristo yome abe alẽha ɖeka ene.

^ [1] (memama 3) Le Psalmo 87:5, 6 ƒe nya nu la, ate ŋu adzɔ be Mawu naʋu go ame siwo katã le fia ɖum kple Yesu le dziƒo la ƒe ŋkɔwo na mí le etsɔme.—Romatɔwo 8:19.

^ [2] (memama 15) Togbɔ be Dɔwɔwɔwo 2:33 gblɔ be Yesu wɔa akpa aɖe le amisisi na amewo me hã la, Yehowa ye tiaa ameawo.

^ [3] (memama 15) Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le Gbetakpɔxɔ, May 1, 2007, axa 30-31 hena nyatakaka bubuwo.