Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mina Miaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Ðaa”!

“Mina Miaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Ðaa”!

“Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.”—HEBRITƆWO 13:1.

HADZIDZI: 72, 119

1, 2. Nu ka tae Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo?

LE ƑE 61 Kristotɔwo Ŋɔli la, hame siwo nɔ Israel la ƒe tome fa vie. Togbɔ be Apostolo Paulo nɔ gaxɔ me le Roma hã la, enɔ mɔ kpɔm be woaɖe asi le ye ŋu kpuie. Ðeko woɖe asi le eƒe mɔzɔhati Timoteo ŋue nye ema, eye wonɔ mɔ kpɔm be yewo ame evea yewoayi aɖakpɔ nɔvi siwo le Yudea ɖa. (Hebritɔwo 13:23) Ƒe atɔ̃ pɛ ko le esia megbe la, ava hiã be Kristotɔ siwo le Yudea, vevietɔ ame siwo le Yerusalem la, nawɔ nu kpata. Nu ka tae? Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be ne wokpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la, woasi adzo.—Luka 21:20-24.

2 Ƒe 28 sɔŋ va yi tso esime Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo tso afɔku sia ŋu. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Kristotɔ siwo le Israel la wɔ nuteƒe togbɔ be woto yometiti kple dodokpɔwo me hã. (Hebritɔwo 10:32-34) Gake Paulo di be yeadzra wo ɖo ɖe nu siwo le ŋgɔ na wo ŋu, elabena wogbɔna xɔse ƒe dodokpɔ sesẽtɔwo me to ge. (Mateo 24:20, 21; Hebritɔwo 12:4) Woahiã dzidodo kple xɔse ɣemaɣi wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe hafi ate ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi ahasi, eye woƒe agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe ema dzi. (Xlẽ Hebritɔwo 10:36-39.) Eya ta Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe nɔvi lɔlɔ̃tɔ siawo. Lɛta sia, si yɔm míele fifia be Hebritɔwo ƒe agbalẽ la, ƒe taɖodzinue nye be wòado ŋusẽ nɔvi mawo ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu.

3. Nu ka tae Hebritɔwo ƒe agbalẽa me nyawo sɔ na mí egbea?

3 Ele be mí Mawu subɔla siwo li egbea hã míatsɔ ɖe le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me nyawo me. Nu ka tae? Elabena míaƒe nɔnɔmea sɔ kple Kristotɔ siwo nɔ Yudea la tɔ. Míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me, eye nɔvi geɖe le dzi dom le yometiti kple dodokpɔ sesẽwo me. (2 Timoteo 3:1, 12) Gake mía dometɔ akpa gãtɔ le tomefafa me eye womele mía yome tim tẽe o. Eya ta abe Kristotɔ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me ene la, ehiã be míanɔ ŋudzɔ. Elabena madidi kura o, míato xɔse ƒe dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me!—Xlẽ Luka 21:34-36.

4. Ƒe 2016 ƒe mawunyakpukpuia ye nye ka, eye nu ka tae wòsɔ nyuie?

4 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míabla ali dzi ɖe etsɔme ŋu? Paulo ƒo nu tso nu geɖe siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse ŋu le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me. Wo dometɔ vevitɔ dze le Hebritɔwo 13:1. Ede dzi ƒo na mí be: “Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.” Nya mawoe míetia be wòanye ƒe 2016 ƒe mawunyakpukpuia.

Ƒe 2016 ƒe mawunyakpukpuia ye nye: “Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.”—Hebritɔwo 13:1

NU KAE NYE NƆVILƆLƆ̃?

5. Aleke nàɖe nɔvilɔlɔ̃ gɔme?

5 Nɔvilɔlɔ̃ gɔme ɖe? Helagbe me nya si Paulo zã la fia “ame nɔvi lɔlɔ̃.” Nɔvilɔlɔ̃ nye vividoɖeameŋu ƒe seselelãme si nu sẽ si nɔa ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ veviwo dome. (Yohanes 11:36) Menye aɖu ko nu dɔme tɔ le vo nɔviwoe míenye o. Nɔvi akuakuawoe míenye. (Mateo 23:8) Paulo gblɔ be: “Miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nade to abe dadavilɔlɔ̃ ene. Mitre mia nɔewo bubu.” (Romatɔwo 12:10) Nya siawo ɖe ale si gbegbe míelɔ̃a mía nɔewoe fia. Nɔvilɔlɔ̃ sia kpakple lɔlɔ̃ si wotu ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu wonyea xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o eye wowɔa ɖeka.

6. Aleke mí Kristotɔ vavãwo míesea nɔvilɔlɔ̃ gɔmee?

6 Kristotɔwo ƒe agbalẽwo mee nya “nɔvilɔlɔ̃” dzena le zi geɖe. Le blema Yudatɔwo gome la, ƒometɔ alo wo detɔwoe wozãa nya “nɔvi” na zi geɖe. Gake womezãnɛ na ame si menye Yudatɔ o gbeɖegbeɖe o. Ke hã le mí nyateƒe Kristotɔwo gome la, Kristotɔ vavã ɖe sia ɖe nye mía “nɔvi,” metsɔ le dukɔ si me tɔ wònye me o. (Romatɔwo 10:12) Yehowa fia mí be míalɔ̃ mía nɔewo abe nɔ ɖeka dzidziwo ene. (1 Tesalonikatɔwo 4:9) Ke nu ka tae wòle vevie be míayi edzi aɖe nɔvilɔlɔ̃ afia?

NU KA TAE WÒLE VEVIE BE MÍAYI EDZI ALƆ̃ MÍA NƆVIWO?

7. (a) Susu vevi ka tae wòle be míalɔ̃ mía nɔewo? (b) Gblɔ susu bubu si tae wòle be míatu lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔewo ɖo.

7 Susu vevitɔ si tae wòle be míaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia ye nye be Yehowa ye de se na mí be míawɔe. Mímate ŋu agblɔ be míelɔ̃ Yehowa ne míegbe mía nɔviwo lɔlɔ̃ o. (1 Yohanes 4:7, 20, 21) Susu bubue nye be míehiã mía nɔewo, vevietɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me. Esi Paulo ŋlɔ agbalẽa na Hebri Kristotɔwo la, enya be eteƒe madidi hafi wo dometɔ aɖewo agblẽ woƒe aƒewo kple nunɔamesiwo ɖi ahasi dzo o. Yesu gblɔ ale si nɔnɔmeawo asesẽe la na wo. (Marko 13:14-18; Luka 21:21-23) Eya ta hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be Kristotɔ mawo natu lɔlɔ̃ si le wo si na wo nɔewo ɖo.—Romatɔwo 12:9.

Ele be míatu míaƒe nɔvilɔlɔ̃a ɖo fifia elabena akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔ ɖe sia ɖe si ava le etsɔme la me

8. Nu kae wòle be míawɔ fifia hafi xaxa gã la nadze egɔme?

8 Xaxa si tɔgbi meva kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o la ava kpuie. (Marko 13:19; Nyaɖeɖefia 7:1-3) Ahiã be míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Yi ɖe wò xɔgãwo me, eye nàtu ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu. Ɣla ɖokuiwò vie va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yesaya 26:20) ‘Xɔgã’ siawo ate ŋu afia míaƒe hamewo. Afi siae míewɔa ɖeka kple mía nɔviwo hesubɔa Yehowa le. Gake ele be míawɔ geɖe wu kpekpeawo dede edziedzi ko. Paulo ɖo ŋku edzi na Hebri Kristotɔwo be woanɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo be woaɖe lɔlɔ̃ afia ahawɔ nyui na wo nɔviwo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ele be míatu míaƒe nɔvilɔlɔ̃a ɖo fifia elabena akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔ ɖe sia ɖe si ava le etsɔme la me.

9. (a) Nu kawoe ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí egbea be míaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Yehowa ƒe amewo ɖea nɔvilɔlɔ̃ fiana.

9 Mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋu ɖi na mí egbea be míaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia hafi xaxa gã la nadze egɔme. Mía nɔvi geɖewo le fu kpem le anyigbaʋuʋuwo, tsiɖɔɖɔwo, ahom sesẽwo, atsiaƒu gɔme anyigbaʋuʋuwo, alo le dzɔdzɔmefɔku bubuwo ta. Nɔvi aɖewo hã le dzi dom le yometitiwo me. (Mateo 24:6-9) Eye xexea ƒe nu fitifiti wɔwɔ na ganyawo le sesẽm ale gbegbe. (Nyaɖeɖefia 6:5, 6) Ke hã zi ale si mía nɔviwo le akɔ kpem kple kuxiwoe la, zi nenemae mɔnukpɔkpɔ geɖe wu ʋuna ɖi na mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia wo. Togbɔ be lɔlɔ̃ vavã zu dze bu ɖe ama me le xexea me hã la, ele be míawo ya míayi edzi alɔ̃ mía nɔviwo vevie. (Mateo 24:12) [1]—Kpɔ dzesidenya la.

NU KAE MÍAWƆ BE MÍAƑE NƆVILƆLƆ̃ NAYI EDZI ÐAA?

10. Nu ka mee míadzro azɔ?

10 Togbɔ be míele kuxiwo me tom hã la, aleke míayi edzi aɖe nɔvilɔlɔ̃ afia? Nu ka wɔwɔe aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔviwo vevie? Esi apostolo Paulo gblɔ be, “mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa” megbe la, egblɔ mɔ vovovo siwo dzi Kristotɔwo ato awɔ esia. Azɔ na míadzro wo dometɔ ade aɖewo me kpɔ.

11, 12. Nu kae nye amedzrowɔwɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 “Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:2.) Nu kae nya “amedzrowɔwɔ” fia? Nya si Paulo zã la gɔme ɖeɖe tẽe ye nye “dɔmenyonyo na amedzrowo.” Anɔ eme be nyagbɔgblɔ ma ɖoa ŋku Abraham kple Lot dzi na mí. Ŋutsu eve mawo nyo dɔme na ame siwo womenya o. Emegbe Abraham kple Lot va nyae be mawudɔlawoe amedzroawo nye. (1 Mose 18:2-5; 19:1-3) Kpɔɖeŋu siawo de dzi ƒo na Hebri Kristotɔwo be woaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia to amedzrowɔwɔ me.

12 Aleke míawo hã míawɔ amedzro na amewo? Míate ŋu akpe mía nɔviwo va míaƒe aƒewo me be woava ɖu nu kpli mí alo be míade dzi ƒo na mía nɔewo. Togbɔ be ɖewohĩ míedze si míaƒe nutome sue dzikpɔlaa kple srɔ̃a nyuie o hã la, míate ŋu akpe wo va míaƒe aƒe me ne wova srã hamea kpɔ. (3 Yohanes 5-8) Mehiã be míaɖa nuɖuɖu damiwo alo agblẽ ga gbogbowo kokoko o. Míaƒe taɖodzinue nye be míade dzi ƒo na mía nɔewo, ke menye be míatsɔ míaƒe nunɔamesiwo aƒo adegbee o. Eye mele be míakpe ame siwo ate ŋu aɖo eteƒe na mí le mɔ aɖe nu la ɖeɖe ko o. (Luka 10:42; 14:12-14) Nu vevitɔe nye be míagavu ɖe dɔ bubuwo ŋu ale gbegbe be míaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o!

13, 14. Aleke míanɔ “ŋku ɖom ame siwo le gaxɔ me la dzi”?

13 “Minɔ ŋku ɖom ame siwo le gaxɔ me la dzi.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:3.) Nɔvi siwo wolé de ga le woƒe xɔse tae nɔ susu me na Paulo esime wògblɔ nya sia. Paulo kafu hamea elabe wose “veve ɖe ame siwo le gaxɔ me la nu.” (Hebritɔwo 10:34) Le ƒe ene siwo me Paulo nɔ gaxɔ me la, nɔvi aɖewo va kpe ɖe eŋu, gake ame bubuwo ya gbɔ didi tso egbɔ. Aleke woawo hã ate ŋu akpe ɖe Paulo ŋu? Woate ŋu anɔ gbe dom ɖa ɖe eta vevie.—Filipitɔwo 1:12-14; Hebritɔwo 13:18, 19.

Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu kpakple ɖevi siwo le gaxɔ me le Eritrea la ta

14 Egbea wode Ðasefo geɖe gaxɔ me le woƒe xɔse ta. Nɔvi siwo te ɖe wo ŋu ate ŋu awɔ nanewo ŋutɔŋutɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu. Gake mí ame geɖewo gbɔ didi tso nɔvi siwo le gaxɔ me gbɔ. Aleke míaɖo ŋku wo dzi ahakpe ɖe wo ŋu? Nɔvilɔlɔ̃ aʋã mí be míanɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta vevie. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ado gbe ɖa ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu kpakple ɖevi siwo le gaxɔ me le Eritrea la ta. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Paulos Eyassu, Isaac Mogos kple Negede Teklemariam, siwo le gaxɔ me ƒe 20 kple edzivɔe nye esia.

15. Aleke míana bubu nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

15 “Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:4.) Míate ŋu agaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia ne míenɔa agbe dzadzɛ. (1 Timoteo 5:1, 2) Kpɔe ɖa ko, ne míewɔ matre alo ahasi kple nɔvi aɖe la, ɖe esia magblẽ nu le nɔvi ma kple eƒe ƒomea ŋu oa? Nɔviwo magaka ɖe mía dzi o. (1 Tesalonikatɔwo 4:3-8) Gabu ale si wòawɔ na srɔ̃nyɔnu ne eva de dzesii be ye srɔ̃ kpɔa amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ŋu kpɔ. Ðe wòase le eɖokui me be ye srɔ̃ lɔ̃ ye hedea bubu srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋua?—Mateo 5:28.

16. Ne nu siwo le mía si dzea mía ŋu la, aleke esia akpe ɖe mía ŋui?

16 “Nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:5.) Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu akpe ɖe mía ŋu be nu siwo le mía si la nadze mía ŋu. Aleke esia aʋã mí míaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia? Ne nu siwo le mía si dzea mía ŋu la, ana míakpɔe be mía nɔvi Kristotɔwo xɔ asi sãsãsã wu ga kple nunɔamesiwo. (1 Timoteo 6:6-8) Mímanɔ nyatoƒoe tom le mía nɔviwo ŋu, alo le míaƒe ganyawo ŋu o. Mímanɔ ŋu ʋãm mía nɔviwo alo anye ŋuklẽlawo hã o. Ke boŋ ne nu siwo le mía si dzea mía ŋu la, míalɔ̃ faa ana nu ame.—1 Timoteo 6:17-19.

17. Ne ‘dzi le mía ƒo bliboe’ la, aleke wòakpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ mía nɔviwo?

17 “Dzi naɖo mía ƒo bliboe.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:6.) Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu nana dzi ɖoa mía ƒo míedoa dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Dzideƒo sia akpe ɖe mía ŋu be susu nyui nanɔ mía si. Ne míebua susu nyui ɖe mía nɔviwo ŋu la, ke míalɔ̃ wo, ade dzi ƒo na wo ahafa akɔ na wo. (1 Tesalonikatɔwo 5:14, 15) Le xaxa gã la me gɔ̃ hã la, míate ŋu alé dzi ɖe ƒo, le esi míenyae be míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo ta.—Luka 21:25-28.

Míate ŋu alé dzi ɖe ƒo, le esi míenyae be míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo ta

18. Nu ka wɔwɔe ana míalɔ̃ míaƒe hamemetsitsiwo vevie wu?

18 “Miɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la dzi.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:7, 17.) Míaƒe hamemetsitsiwo zãa woƒe ɣeyiɣi tsɔ subɔa mí veviedodotɔe. Ne míedea ŋugble le dɔ nyui siwo katã wowɔna na mí ŋu la, míalɔ̃ wo vevie ahakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Míadi gbeɖe be míawɔ naneke si ana woanɔ nu xam alo anɔ hũ ɖem o. Ke boŋ anyo be míaɖo to wo tso dzi me faa. Esia afia be míedea “bubu geɖe ŋutɔ wo ŋu le lɔlɔ̃ me, le woƒe dɔwɔwɔ ta.”—1 Tesalonikatɔwo 5:13.

Ðe nèdea asixɔxɔ dɔ nyui siwo hamemetsitsiwo wɔna ŋua? (Kpɔ memama 18)

MINA MÍAYI EDZI AWƆE GEÐE WU

19, 20. Nu ka wɔwɔe ana míaƒe nɔvilɔlɔ̃ nade to ɖe edzi?

19 Wonya Yehowa ƒe amewo nyuie ɖe woƒe nɔvilɔlɔ̃ ta. Alea tututue wònɔ le Paulo ƒe ŋkekea me. Gake Paulo gade dzi ƒo na nɔviawo be woalɔ̃ wo nɔewo vevie wu. Egblɔ be, ‘Woayi edzi awɔe geɖe wu.’ (1 Tesalonikatɔwo 4:9, 10) Edze ƒãa be míaƒe nɔvilɔlɔ̃ agate ŋu ade to ɖe edzi wu!

20 Eya ta esi míele ƒea ƒe mawunyakpukpuia kpɔm le Fiaɖuƒe Akpataa me le ƒe bliboa me la, mina míanɔ nya siawo biam mía ɖokui: Ðe mate ŋu awɔ amedzro na amewo geɖe wua? Nu kae mawɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo wode mɔ́ ŋu? Ðe medea bubu Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋua? Nu kae akpe ɖe ŋunye be nu siwo le asinye nadze ŋunye? Aleke maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe? Aleke mate ŋu aɖo to hamemetsitsiwo geɖe wu? Ne míeku kutri wɔ dɔ tso nu ade siawo ŋu la, ke ƒea ƒe mawunyakpukpuia manye nuŋɔŋlɔ aɖe si le gli ŋu ko o; ke boŋ ana míanɔ ŋku ɖom Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa.”—Hebritɔwo 13:1.

^ [1] (memama 9) Àkpɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Yehowa Ðasefowo ɖea nɔvilɔlɔ̃ fiana ne afɔkuwo dzɔ la le July 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 8-9, kple Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!, ta 20.