Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣletivimefakaka Kple Afakaka Dzie Míato Anya Etsɔmea?

Ɣletivimefakaka Kple Afakaka Dzie Míato Anya Etsɔmea?

ƔLETIVIMEFAKAKA

Ɣletivimefakaka nye gbɔgbɔyɔyɔ si na amewo xɔe se be ɣletiviwo, dzinua kple ɣletinyigbawo kpɔa ŋusẽ ɖe nu si ame anye le etsɔme la dzi. Ɣletivimefakalawo gblɔna be afi si tututu nu siawo siwo míeyɔ le hafi wodzi ame aɖe la kpɔa ŋusẽ ɖe ale si amea ava nɔ le etsɔme la dzi.

Togbɔ be ɣletivimefakaka dzɔ tso blema Babilon hã la, ame geɖe gaxɔ edzi se egbea. Le numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2012 me le Amerika la, ame siwo wobia gbee dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me bui be ɣletivimefakaka nye “dzɔdzɔmeŋutinunya ƒomevi aɖe,” eye ame 10 le alafa me gblɔ be “enye dzɔdzɔmeŋutinunya blibo.” Nyateƒeea? Ao. Nu si tae nye esi.

  • Ŋusẽ aɖeke mele ɣletinyigbawo kple ɣletiviwo me si kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi abe ale si ɣletivimefakalawo gblɔnɛ ene o.

  • Zi geɖea, nya siwo wogblɔna ɖi la le gbadzaa si ate ŋu aku ɖe ame sia ame ŋu.

  • Blemadzixɔse si nye be ɣletinyigbawo ƒoa xlã anyigba la dzie ɣletivimefakalawo nɔa te ɖo gblɔa nya ɖi. Gake nyateƒeae nye be ɣea boŋue ɣletinyigbawo ƒoa xlãe.

  • Ɣletivimefakalawo ƒe nyawo metoa mɔ ɖeka o, ɖe sia ɖe kple nu si wòkpɔna gblɔna le ame ɖeka ma ke ŋu.

  • Ɣletivimefakalawo gblɔna be ame sia ame le ɣletiviwo ƒe hatsotso 12 aɖewo si woyɔna be zodiac la ƒe ɖeka me, eye esia nɔa te ɖe ŋkeke si dzi wodzi ame aɖe la dzi. Gake esi wònye be anyigbaa nɔa totrom le yame tso blema ke ta la, ale si woma ɣletiŋkekewo ɖe ɣletiviwo ƒe hatsotsowo nu la megasɔna ɖe wo dzi ne ɣletiviwo ƒe hatsotso siawo le xlã ƒom ɣea o.

Wogblɔna be ɣletiviwo ƒe hatsotso 12 siawoe nana wonyaa ame si tɔgbi ame ava nye. Gake nyateƒeae nye be, ame siwo wodzi le ŋkeke ɖeka ma ke dzi ƒe agbenɔnɔ toa vovo; ŋkeke si dzi wodzi ame aɖe mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe eƒe agbenɔnɔ dzi o. Ɣletivimefakalawo melɔ̃na ɖe ale si amewo le la dzi o, ke boŋ wonɔa te ɖe amewo ƒe nuwɔna kple nɔnɔmewo dzi tsɔ gblɔa nu si wosusu tso wo ŋu la ɖi. Ðe esia menye nazãbubu oa?

AFAKAKA

Tso blema ke la, amewo yia afakalawo gbɔ va kaa afa. Afakala aɖewo léa ŋku ɖe nuwo abe amewo kple lãwo ƒe dɔmenuwo alo ale si koklotsu fɔa bliku mina ŋu be yewoakpɔe ɖa be gɔmesese kae le nu mawo ŋu hã. Wo dometɔ bubuwo léa ŋku ɖe fli siwo le tii ƒe aŋgba alo kɔfi ƒe tsakiti ŋu gblɔa nya ɖi. Egbea wotoa hotsui, dzonu, ahuhɔ̃e, aɖidakpevi kple nu bubuwo dzi “gblɔa” amewo ƒe etsɔme ɖi. Ðe woate ŋu ato afakaka dzi agblɔ etsɔme ɖi nyateƒea? Kpao. Na míade ŋugble le nya sia ŋu vie.

De ŋugble le ɖekawɔwɔ ƒe nyaa ŋu kpɔ. Mɔ vovovo siwo dzi afakalawo tona gblɔa nya ɖi la tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu. Ne mɔnu ɖekae wozã hã la, nya siwo wogblɔna ɖi ya toa vovo. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe bia nya afakala vovovo eve ku ɖe nu si adzɔ le etsɔme ŋu, tso “nu si woxlẽ” le afakagbalẽ ɖeka me ŋu la, ele be ŋuɖoɖoawo nanye ɖeka hafi. Gake zi geɖea, ŋuɖoɖoawo metoa mɔ ɖeka o.

Mɔ si dzi afakalawo tona kaa afa kple nu si tae wole afaa kam la me mekɔna na ame geɖe o. Ðeklemiɖelawo gblɔna be afakagbalẽawo kple afakahũhɔ̃eawo nye nu gbɔlowo ko, afakalawo léa ŋku ɖe nu si wɔm ame aɖe le ŋu ƒoa nya ta, ke menye afakanuawoe kpena ɖe wo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ame si bi ɖe afakaka me biaa nya aɖewo eye wògbɔa dzi ɖi léa to ɖe nya si gblɔm amea le kple ale si wòle nu wɔmee ŋu, tsɔ gblɔa nya aɖe tso amea ŋu. Gake afakalaa gblɔna be ye ŋutɔe kpɔ nu siawo katã le amea ŋu gblɔ nɛ. Esi esia nana amewo va kana ɖe afakalawo dzi ta la, wo dometɔ aɖewo toa esia dzi xɔa ga gbogbowo le wo si.

NYA SI BIBLIA GBLƆ NA MÍ

Ɣletivimefakaka kple afakaka fia be woɖo ale si nuwo ava nɔ na mí le etsɔme ɖi xoxo. Gake nyateƒea? Biblia na míenya be ŋutetea le mía si be míatia nu si dzi míaxɔ se kple nu si míadi be míawɔ, eye tiatia siwo míewɔna lae fiaa nu si míava nye le etsɔme.—Yosua 24:15.

Susu bubu si ta mawusubɔlawo tsri ɣletivimefakaka kple afakaka ye nye be Mawu lé fu afakakanuwɔna ɖe sia ɖe. Míexlẽa nya siawo le Biblia me be: “Bokɔnɔ, akunyawɔla, nutabiala, dzotɔ, ame si saa gbe dea ame, nukala, afakala alo ŋɔliyɔla meganɔ dowòme o. Elabena ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” a5 Mose 18:10-12.

a Esiae nye Ame si nye “Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi” ƒe ŋkɔ.—Psalmo 83:18.