Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Anɔ Xexe Yeyea Me

Ale Si Nàwɔ Anɔ Xexe Yeyea Me

Le nyati siwo do ŋgɔ mea, míekpɔe be eteƒe madidi o Mawu aɖe xexe mavɔ̃mawu sia kple eƒe kuxiwo katã ɖa. Míate ŋu aka ɖe edzi be esia ava eme godoo. Nu ka tae? Elabe Mawu do ŋugbe le eƒe Nya Biblia me be:

“Xexea . . . nu va yina.”—1 YOHANES 2:17.

Míate ŋu aka ɖe edzi be amewo atsi agbe, elabe mawunyakpukpuia do ŋugbe hã be:

“Ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”

Eya ta Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ koe ana míatsi agbe. Be míate ŋu anya nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nua, ehiã be míanya eya ŋutɔ gbã.

DZE AGBAGBA ‘NÀNYA’ MAWU BE NÀTSI AGBE LE NUWUWUA

Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la.” (Yohanes 17:3) Hafi míatsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu ava nɔ agbe tegbeea, ehiã be ‘míanya’ Mawu. Be míanya Mawu bia nu geɖe wu be míanya ko be eli, alo be míanya nyateƒenya ʋɛ aɖewo ko tso eŋu. Ehiã be míadze xɔ̃e. Ne míedi be mía kple mía xɔlɔ̃wo dome nanɔ kplikplikplia, ele be míakpɔ vovo ɖe wo ŋu. Nenema kee wòle le xɔlɔ̃dzedze Mawu hã gome. Míesrɔ̃ nyateƒenya vevi aɖewo le Biblia me, siwo kpe ɖe mía ŋu míete ŋu dze xɔlɔ̃ Mawu eye míekpɔtɔ nye exɔlɔ̃wo; na míakpɔ wo dometɔ aɖewo ɖa.

XLẼ MAWU ƑE NYA, BIBLIA, GBE SIA GBE

Àte ŋu atsi agbe le xexea ƒe nuwuwu ne èwɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye nèdoa gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò

Míeɖua nu gbe sia gbe be míanɔ agbe. Ke hã, Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.”—Mateo 4:4.

Biblia mee míekpɔa Yehowa ƒe nyawo le egbea. Ne èyi edzi le agbalẽ kɔkɔe sia xlẽm la, àsrɔ̃ nyateƒenya vevi aɖewo tso nu siwo Mawu wɔ va yi, nu siwo wɔm wòle fifia kple nu siwo wòawɔ le etsɔme ŋu.

DO GBE ÐA NA MAWU BE WÒAKPE ÐE ŊUWÒ

Ne èdi be yeaɖo to Mawu, gake wòle sesẽm na wò be nàdzudzɔ nu siwo medzea eŋu o wɔwɔa, nu kae nàte ŋu awɔ? Ne edzɔ alea, Mawu nyanya nyuie akpe ɖe ŋuwò geɖe.

Bu nyɔnu aɖe si míayɔ be Sakura, si nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ tsãa ŋu kpɔ. Esi wote Biblia sɔsrɔ̃ kpliia, eva srɔ̃ Mawu ƒe se si gblɔ be “misi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Sakura do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu, eye Mawu do ŋusẽe wòdzudzɔ nɔnɔme gbegblẽ ma. Gake ehiã be wòayi edzi anɔ avu wɔm kple tetekpɔwo. Egblɔ be, “Ne susu mawo va tame nama, medoa gbe ɖa na Yehowa gblɔa nya sia nya nɛ, elabe menya be nyemate ŋu awɔ avu sia le ɖokuinye si o. Ale si Yehowa ɖoa nye gbedodoɖawo ŋua na nye kplii dome va le kplikplikpli.” Abe Sakura enea, ame miliɔn geɖe va le nu srɔ̃m tso Mawu ŋu eye wova le enyam. Ele ŋusẽ dom wo be woate ŋu awɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me ale be woanɔ agbe wòadze ye ŋu.—Filipitɔwo 4:13.

Zi ale si nèva le Mawu nyam nyuiea, zi nenemae ‘Mawu hã anya wò’ eye nàva zu exɔlɔ̃ vevi. (Galatiatɔwo 4:9; Psalmo 25:14) Ekema àte ŋu atsi agbe age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. Gake aleke nuwo anɔ le xexe yeyea me? Míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.