Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe asitɔtrɔ si wowɔ le amegbetɔwo ƒe lãmenugbagbeviwo ŋu te ŋu he agbe didi vɛa?

Ale Si Wole Agbe Didi Dimee

Ale Si Wole Agbe Didi Dimee

“Mekpɔ dɔ si Mawu na amegbetɔwo be woanɔ wɔwɔm la. Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi. Ede mavɔmavɔ gɔ̃ hã dzi me na wo.”Nyagblɔla 3:10, 11.

NYA siawo siwo nunyala Fia Salomo gblɔ tso blema ke la ɖɔ ale si amegbetɔwo sena le wo ɖokuiwo me tso agbe ŋu wòsɔ nyuie. Esi agbea le kpuie eye míate ŋu asi le ku nu o ta la, ƒe geɖee nye esia amegbetɔwo le agbagba dzem be yewoanɔ agbe didi vie. Ŋutinya kple xotutu geɖewo ƒo nu tso ale si amegbetɔ le nu me kum tso nu si ana woanɔ agbe didi ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, bu Sumertɔwo ƒe fia Gilgamesh ŋu kpɔ. Wotu xo geɖe tso eƒe agbenɔnɔ ŋu. Wo dometɔ aɖe si dze le nyakpakpa si woyɔna be Gilgamesh ƒe Xotutu Didi la me gblɔ be, etsɔ eɖokui de afɔku me be yeasrɔ̃ ale si yeawɔ asi le ku nu. Gake edo kpo nu.

Ƒe 500 va ɖo ƒe 1500-awo me agbediditikewɔla aɖe le afi si wòdoa nuwo kpɔ le

Le ƒe alafa enelia (D.Y.) me la, agbediditikewɔla siwo le China te kpɔ be yewoatsaka atike aɖewo (elixir) siwo wosusu be ana yewoanɔ agbe didi. Woto atike aɖe si wotsɔ mercury kple nu siwo woɖe tso aɖi aɖe (arsenic) me wɔ la vɛ. Amewo susui be atike ma boŋue he ku vɛ na Chinatɔwo ƒe ameŋkuta geɖe. Le Europa, tso ƒe 500 va ɖo ƒe 1500-awo dome, esi agbediditikewɔla aɖewo kpɔe be sika menyunyɔna o ta la, wote kpɔ be yewoatrɔ asi le eŋu ale be ne amewo mii la wòate ŋu agbã ɖe lãme ale be wòana ame nanɔ agbe didi.

Egbea, nugbagbeŋutinunyalawo kple ame siwo srɔ̃ nu tso ale si nu gbagbewo wɔna ɖia wo nɔewo ŋu la le etem kpɔ be yewoadi nu si gbɔ wòtsona be ame tsina kua tɔgbui alo mama. Abe ale si wònɔ le agbediditikewɔlaawo gome ene la, ame siawo hã ƒe numekukuawo fia be amewo di godoo be yewoaɖe tsitsi kple ku ɖa. Gake ɖe wokpɔ ta nɛa?

MAWU ‘DE MAVƆMAVƆ DZI ME NA WO.’—NYAGBLƆLA 3:10, 11

ALE SI WOLE NU SI GBƆ TSITSI TSONA LA DIM EGBEA

Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃ nu tso amegbetɔwo ƒe lãmenugbagbeviwo ŋu gblɔ nya vovovo siwo wu 300 tsɔ ɖe nu si tae míetsina eye míekuna me. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu trɔ asi le lãmenugbagbevi aɖewo kple protein ŋu be woana lãwo kple amegbetɔwo ƒe lãmenugbagbeviwo nate ŋu anɔ agbe didi vie. Ŋgɔyiyi siawo na be ame ŋkuta aɖewo de ga numekukua me be woate ŋu akpɔ ta na “nu si le kua hem vɛ.” Nu kae wote ŋu wɔ?

Wote kpɔ be yewoana amewo nanɔ agbe didi vie. Nugbagbeŋutinunyala aɖewo xɔe se be nu si koŋ gbɔ wòtsona be míetsinae nye nu si va dzɔna ɖe lãmenugbagbevi ƒe akpa aɖe si woyɔna be chromosomes ƒe nugbɔ si woyɔna be telomere dzi. Telomere kpɔa nyatakaka siwo le lãmenugbagbeviawo me ta ne wole mamam. Gake ɣesiaɣi si lãmenugbagbeviawo ma la, telomere la ƒe didime dzi ɖena kpɔtɔ. Mlɔeba la, lãmenugbagbeviawo dzudzɔa mama eye esia nana míetsina.

Elizabeth Blackburn si xɔ Nobel nunana le ƒe 2009 me la kple eƒe dɔwɔhatiwo ke ɖe lãmetsi aɖe si ana be telomere la dzi maɖe akpɔtɔ kaba o si awɔe be lãmenugbagbeviawo magatsi kabakaba o la ŋu. Ke hã, wolɔ̃ ɖe edzi le numekukua me be “menye agbe vudoe telomere la nye o, si fia be mana míanɔ agbe wòadidi wu ale si amegbetɔwo ƒe agbenɔƒewo nɔna o.”

Mɔ bubu si dzi woto be woaɖe tsitsi dzi akpɔtɔe nye ale si wova trɔ asi le lãmenugbagbeviwo ŋu. Ne lãmenugbagbeviawo megate ŋu va le mamam o le esi wotsi ta la, nyatakaka siwo woɖona ɖe lãmenugbagbevi bubu siwo te ɖe wo ŋu siwo léa dɔlélewo nu la megadena o, esia wɔnɛ be ame va nɔa veve sem, eƒe teƒeteƒewo tèna, eye wòléa dɔ. Nyitsɔ laa la, dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le France ɖe lãmenugbagbeviwo le ame tsitsi siwo dometɔ aɖewo xɔ wu ƒe 100 la ƒe lãme, eye wotrɔ asi le wo ŋu. Nufialagã Jean-Marc Lemaître, si xɔ ŋgɔ le numekukua me gblɔ be yewoƒe numekukua ɖee fia be woate ŋu atrɔ asi le lãmenugbagbeviwo ŋu “atsɔ aɖe tsitsi dzi kpɔtɔ.”

ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA ATE ŊU ANA MÍANƆ AGBE DIDIA?

Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe lɔ̃ ɖe edzi be, togbɔ be mɔ vovovowo li siwo dzi woato aɖe tsitsi dzi akpɔtɔ hã, mana míanɔ agbe wòadidi wu ale si amegbetɔwo ƒe agbenɔƒewo nɔna o. Nyateƒee, tso ƒe alafa 19 lia me la, amewo megakua kukpo ale o. Gake ale si amewo dzea agbagba be yewoanɔ dzadzɛ, atike siwo wokpɔ na dɔxɔleameŋuwo, atike siwo xea mɔ na dɔlélewo kple abui siwo wodona tsɔ tsia dɔlélewo nu koŋ gbɔe esia tso. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo xɔe se be esia na be le mɔ aɖe nu la, amegbetɔwo ƒe agbenɔƒewo va le afi si wòle be wòanɔ le dzɔdzɔme nu.

Anɔ abe ƒe 3,500 enye esi va yi la, Biblia ŋlɔla Mose gblɔ be: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, alo ƒe blaenyi, ne ŋusẽ tɔxɛ le ame ŋue nye ema. Ke wo yɔ fũu kple fukpekpe kple nuxaxa; wo nu va yina kaba, eye míebuna.” (Psalmo 90:10) Togbɔ be amegbetɔwo dze agbagba be yewoana míaƒe agbenɔƒewo nadidi ɖe edzi hã la, agbea gale abe ale si Mose gblɔe ene.

To vovo na amegbetɔwo la, nuwɔwɔ bubuwo abe red sea urchin alo adza ƒomevi aɖe ate ŋu anɔ agbe wu ƒe 200, eye atiwo abe giant sequoia ate ŋu anɔ agbe ƒe akpe geɖe. Ne míetsɔ míaƒe agbenɔƒewo sɔ kple nuwɔwɔ siawo kple nu gbagbe bubuwo tɔ la, enana míebiaa mía ɖokui be, ‘Agbea katã koe nye be míanɔ agbe ƒe 70 alo 80 ko evɔa?’